< Judges 3 >

1 Now these are the nations which the LORD left, to test Israel by them, even as many as had not known all the wars of Canaan;
Ale Yehowa gblẽ dukɔ aɖewo ɖe anyigba la dzi be yeado Israelvi siwo mekpɔ aʋawɔwɔ le Kanaanyigba dzi teƒe o la kpɔ.
2 only that the generations of the children of Israel might know, to teach them war, at least those who knew nothing of it before:
Ewɔ esia be yeafia nu Israelviwo ƒe dzidzime ɖe sia ɖe tso aʋawɔwɔ ŋu, vevietɔ ame siwo mekpɔ aʋawɔwɔ teƒe kpɔ o.
3 the five lords of the Philistines, all the Canaanites, the Sidonians, and the Hivites who lived on Mount Lebanon, from Mount Baal Hermon to the entrance of Hamath.
Ame siwo ganɔ anyigba la dzi kokoko woe nye Filistitɔwo ƒe du atɔ̃ me nɔlawo, Kanaantɔwo katã, Sidontɔwo kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Lebanon towo dzi, tso Baal Hermon to dzi yi ɖase Hamat mɔ nu.
4 They were left to test Israel by them, to know whether they would listen to the LORD’s commandments, which he commanded their fathers by Moses.
Wonye dodokpɔ na Israel be woakpɔe ɖa be Israelviwo awɔ se siwo Yehowa de na Mose, wòde na wo dzi loo alo womawɔ wo dzi o mahã.
5 The children of Israel lived among the Canaanites, the Hittites, the Amorites, the Perizzites, the Hivites, and the Jebusites.
Ale Israel nɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo dome.
6 They took their daughters to be their wives, and gave their own daughters to their sons and served their gods.
Ke le esime Israelviwo natsrɔ̃ wo teƒe la, woɖe srɔ̃ tso wo dome. Israel ɖekakpuiwo ɖe dukɔ siawo ƒe ɖetugbiwo eye woawo hã ƒe ɖekakpuiwo ɖe Israel ɖetugbiwo. Eteƒe medidi hafi Israelviwo de asi dukɔ siawo ƒe mawuwo subɔsubɔ me o.
7 The children of Israel did that which was evil in the LORD’s sight, and forgot the LORD their God, and served the Baals and the Asheroth.
Ale Israelviwo wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, elabena wotrɔ le Yehowa, woƒe Mawu la yome eye wosubɔ Baalwo kple aƒeliwo.
8 Therefore the LORD’s anger burned against Israel, and he sold them into the hand of Cushan Rishathaim king of Mesopotamia; and the children of Israel served Cushan Rishathaim eight years.
Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu vevie eye wòna Kusan Risataim si nye Aram Naharaim fia va ɖu wo dzi eye wonɔ eƒe dziɖuɖu te ƒe enyi.
9 When the children of Israel cried to the LORD, the LORD raised up a savior to the children of Israel, who saved them, even Othniel the son of Kenaz, Caleb’s younger brother.
Ke esi Israel do ɣli na Yehowa la, ena Kaleb ƒe tɔɖiayɔvi, Otniel, ame si nye Kenaz, Kaleb nɔviŋutsu ƒe vi la ɖe wo tso futɔwo si me.
10 The LORD’s Spirit came on him, and he judged Israel; and he went out to war, and the LORD delivered Cushan Rishathaim king of Mesopotamia into his hand. His hand prevailed against Cushan Rishathaim.
Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Otniel dzi eye wòzu Ʋɔnudrɔ̃la na Israel. Esi wòkplɔ Israel ƒe aʋakɔ eye wowɔ aʋa kple Aram, Fia Kusan Risataim la, Yehowa kpe ɖe Israelviwo ŋu be woɖu dzi.
11 The land had rest forty years, then Othniel the son of Kenaz died.
Ale Israelviwo nɔ ŋutifafa me ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime Otniel, Kenaz ƒe vi la ku.
12 The children of Israel again did that which was evil in the LORD’s sight, and the LORD strengthened Eglon the king of Moab against Israel, because they had done that which was evil in the LORD’s sight.
Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Esi wowɔ vɔ̃ sia ta la, Yehowa tsɔ Israel de Moab fia Eglon ƒe ŋusẽ te.
13 He gathered the children of Ammon and Amalek to himself; and he went and struck Israel, and they possessed the city of palm trees.
Amonitɔwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe Moab fia la ŋu; woɖu Israelviwo dzi, eye woxɔ Yeriko, du si woyɔna be “Detiwo ƒe Du”
14 The children of Israel served Eglon the king of Moab eighteen years.
eya ta Israel nɔ Eglon, Moab fia la te ƒe wuienyi sɔŋ.
15 But when the children of Israel cried to the LORD, the LORD raised up a savior for them: Ehud the son of Gera, the Benjamite, a left-handed man. The children of Israel sent tribute by him to Eglon the king of Moab.
Ke esi Israelviwo gado ɣli na Yehowa la, eɖo ɖela aɖe ɖe wo. Ɖela siae nye Ehud, Gera ƒe vi, tso Benyamin ƒe to la me, ame si nye mia wɔla. Israelviwo dɔe ɖo ɖe Moab fia Eglon gbɔ kple woƒe nudzɔdzɔ.
16 Ehud made himself a sword which had two edges, a cubit in length; and he wore it under his clothing on his right thigh.
Hafi wòayi la, Ehud wɔ adekpui nuevee aɖe si didi mita afã. Eblae ɖe eƒe ɖusita ŋu eye wòdo awu ɖe edzi.
17 He offered the tribute to Eglon king of Moab. Now Eglon was a very fat man.
Etsɔ nudzɔdzɔ yi na Moab Fia, Eglon, ame si lolo ŋutɔ.
18 When Ehud had finished offering the tribute, he sent away the people who carried the tribute.
Esi Ehud tsɔ nudzɔdzɔ na fia la la, egblɔ na Israelvi siwo tsɔ nuawo la be woatrɔ ayi aƒe.
19 But he himself turned back from the stone idols that were by Gilgal, and said, “I have a secret message for you, O king.” The king said, “Keep silence!” All who stood by him left him.
Ke Ehud ŋutɔ trɔ le Gilgal ƒe legbawo gbɔ yi ɖagblɔ na fia la be, “O fia, nya ɣaɣla tɔxɛ aɖe le asinye na wò.” Tete fia la gblɔ na eŋumewo katã be, “Mizi ɖoɖoe!” Ale wo katã do go le xɔa me.
20 Ehud came to him; and he was sitting by himself alone in the cool upper room. Ehud said, “I have a message from God to you.” He arose out of his seat.
Ehud yi egbɔ le dziƒoxɔ dzi afi si eya ɖeka nɔ anyi ɖo le eƒe dzomeŋɔlifiasã me hegblɔ nɛ be, “Mexɔ gbedeasi tso Mawu gbɔ na wò” Esi Fia la tsi tsitre tso eƒe zi dzi la,
21 Ehud put out his left hand, and took the sword from his right thigh, and thrust it into his body.
Ehud ƒo eƒe miasi ɖe eƒe awu te heɖe adekpui si wòbla ɖe eƒe ɖusita ŋu la eye wònyrɔe ɖe fia la ƒe dɔ me.
22 The handle also went in after the blade; and the fat closed on the blade, for he did not draw the sword out of his body; and it came out behind.
Adekpui la ƒe didime blibo la ga la kple asiléƒe la siaa bu ɖe lãme na Fia Eglon hedo ɖe dzimegbe nɛ. Ehud meho aɖekpui la do goe o, eye eƒe lãmemi nye tsyɔ edzi.
23 Then Ehud went out onto the porch, and shut the doors of the upper room on him, and locked them.
Ale Ehud do go ɖe akpata me hetu dziƒoxɔ la ƒe ʋɔtruwo eye wode ga wo me.
24 After he had gone, his servants came and saw that the doors of the upper room were locked. They said, “Surely he is covering his feet in the upper room.”
Esi fia la ƒe subɔlawo kpɔ be ʋɔa nɔ tutu la, wolala, elabena wobu be ɖewohĩ fia la nɔ tsileƒe.
25 They waited until they were ashamed; and behold, he did not open the doors of the upper room. Therefore they took the key and opened them, and behold, their lord had fallen down dead on the floor.
Ke esi eteƒe didi, eye fia la medo go o la, dzika tso wo ƒo, ale wodi safui aɖe heʋu ʋɔ la, kasia wokpɔ fia la wòku, mlɔ anyigba.
26 Ehud escaped while they waited, passed beyond the stone idols, and escaped to Seirah.
Le ɣeyiɣi sia me la, Ehud si heto kpelegba siwo wokpa da ɖe Seira la ŋu.
27 When he had come, he blew a trumpet in the hill country of Ephraim; and the children of Israel went down with him from the hill country, and he led them.
Esi wòɖo Efraim ƒe tonyigba dzi la, eku kpẽ. Tete Israelviwo ɖi tso towo dzi va kpe ta ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ.
28 He said to them, “Follow me; for the LORD has delivered your enemies the Moabites into your hand.” They followed him, and took the fords of the Jordan against the Moabites, and did not allow any man to pass over.
Egblɔ na wo be, “Mikplɔm ɖo elabena Yehowa tsɔ míaƒe futɔwo, Moabtɔwo de asi na mí!” Aʋakɔ la yi ɖaxɔ afi si Moabtɔwo tsoa Yɔdan tɔsisi la le, eye woxe mɔ na woƒe tɔsisi la tsotso.
29 They struck at that time about ten thousand men of Moab, every strong man and every man of valor. No man escaped.
Wodze Moabtɔwo dzi eye wowu woƒe aʋawɔla sesẽ akpe ewo; wo dometɔ aɖeke mete ŋu si o.
30 So Moab was subdued that day under the hand of Israel. Then the land had rest eighty years.
Ale Israel ɖu Moab dzi gbe ma gbe, eye ŋutifafa nɔ anyigba la dzi ƒe blaenyi sɔŋ.
31 After him was Shamgar the son of Anath, who struck six hundred men of the Philistines with an ox goad. He also saved Israel.
Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Ehud ɖo lae nye Samgar, Anat ƒe vi. Etsɔ nyikplɔti wu Filistitɔ alafa ade. Eya hã ɖe Israel.

< Judges 3 >