< Judges 11 >

1 Now Jephthah the Gileadite was a mighty man of valor. He was the son of a prostitute. Gilead became the father of Jephthah.
Yefta nye aʋawɔla sesẽ aɖe tso Gileadnyigba dzi. Dadaa nye gbolo eye fofoa ŋkɔe nye Gilead.
2 Gilead’s wife bore him sons. When his wife’s sons grew up, they drove Jephthah out and said to him, “You will not inherit in our father’s house, for you are the son of another woman.”
Vi bubuwo nɔ Gilead si siwo srɔ̃a ŋutɔ dzi nɛ. Esi Gilead ƒe vi bubu siawo tsi la, wonya Yefta le anyigba la dzi, gblɔ nɛ be, “Nyɔnu bubu ƒe vi nènye! Màkpɔ domenyinu aɖeke tso mía fofo gbɔ o.”
3 Then Jephthah fled from his brothers and lived in the land of Tob. Outlaws joined up with Jephthah, and they went out with him.
Ale Yefta si tso fofoa ƒe aƒe me yi Tobnyigba dzi. Eƒo gbevu aɖewo nu ƒu ɖe eɖokui ŋu eye wokplɔnɛ ɖo ɣe sia ɣi.
4 After a while, the children of Ammon made war against Israel.
Ɣeyiɣi sia mee Amonitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu.
5 When the children of Ammon made war against Israel, the elders of Gilead went to get Jephthah out of the land of Tob.
Gilead ƒe kplɔlawo ɖo du ɖe Yefta
6 They said to Jephthah, “Come and be our chief, that we may fight with the children of Ammon.”
kple kukuɖeɖe be wòava kplɔ yewoƒe aʋakɔ la le aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo me.
7 Jephthah said to the elders of Gilead, “Did not you hate me, and drive me out of my father’s house? Why have you come to me now when you are in distress?”
Yefta bia wo be, “Nu ka ta mieva yɔm le esime mielé fum eye mienyam le fofonye ƒe aƒe me? Nu ka tae mieɖo du ɖem azɔ esi miele xaxa me?”
8 The elders of Gilead said to Jephthah, “Therefore we have turned again to you now, that you may go with us and fight with the children of Ammon. You will be our head over all the inhabitants of Gilead.”
Woɖo eŋu be, “Míeɖo du ɖe wò elabena míehiã wò kpekpeɖeŋu. Ne ànye míaƒe aʋafia le míaƒe aʋawɔwɔ me kple Amonitɔwo la, ekema miatsɔ wò aɖo fiae le Gilead.”
9 Jephthah said to the elders of Gilead, “If you bring me home again to fight with the children of Ammon, and the LORD delivers them before me, will I be your head?”
Yefta do ɣli be, “Nyateƒea? Ɖe miebu be maxɔ nya sia sea?”
10 The elders of Gilead said to Jephthah, “The LORD will be witness between us. Surely we will do what you say.”
Woɖo eŋu be, “Míedo ŋugbe na wò eye míeka atam ɖe ŋugbedodo dzi.”
11 Then Jephthah went with the elders of Gilead, and the people made him head and chief over them. Jephthah spoke all his words before the LORD in Mizpah.
Ale Yefta lɔ̃ eye wòzu aʋafia kple Gilead fia. Woɖo kpe nya sia dzi le Yehowa kple ameawo katã ŋkume le Mizpa.
12 Jephthah sent messengers to the king of the children of Ammon, saying, “What do you have to do with me, that you have come to me to fight against my land?”
Yefta ɖo du ɖe Amon fia be yedi be yeanya nu si ta wòle aʋa hom ɖe Israelviwo ŋu.
13 The king of the children of Ammon answered the messengers of Jephthah, “Because Israel took away my land when he came up out of Egypt, from the Arnon even to the Jabbok, and to the Jordan. Now therefore restore that territory again peaceably.”
Amon fia ɖo eŋu be anyigba la nye Amɔnitɔwo tɔ eye Israelviwo va fii esime wotso Egipte va ɖo. Eyi edzi be anyigba blibo la tso Arnon tɔsisi la ŋu yi Yabok tɔsisi la ŋu heyi Yɔdan tɔsisi la ŋu, eye wònye ye tɔ, eya ta Israelviwo naɖe asi le yeƒe anyigba ŋuti na ye tomefafatɔe.
14 Jephthah sent messengers again to the king of the children of Ammon;
Yefta gaɖo amewo ɖe Amonitɔwo ƒe fia
15 and he said to him, “Jephthah says: Israel did not take away the land of Moab, nor the land of the children of Ammon;
be, “Nya si Yefta gblɔ lae nye esi, ‘Israel mexɔ Moabtɔwo alo Amonitɔwo ƒe anyigba o. Nyateƒe lae nye be,
16 but when they came up from Egypt, and Israel went through the wilderness to the Red Sea, and came to Kadesh,
esi Israelviwo tso Egipte, tso Ƒu Dzĩe la eye wova ɖo Kades la,
17 then Israel sent messengers to the king of Edom, saying, ‘Please let me pass through your land;’ but the king of Edom did not listen. In the same way, he sent to the king of Moab, but he refused; so Israel stayed in Kadesh.
woɖo du ɖe Edom fia nɔ mɔ biam be, yewoato eƒe anyigba dzi gake Edom fia meɖe mɔ na wo o. Wobia mɔ ma ke Moab fia hã eye eya hã gbe eya ta Israelviwo nɔ Kades.
18 Then they went through the wilderness, and went around the land of Edom, and the land of Moab, and came by the east side of the land of Moab, and they encamped on the other side of the Arnon; but they did not come within the border of Moab, for the Arnon was the border of Moab.
“‘Mlɔeba la, woƒo xlã Edom kple Moab to gbedadaƒo, woto woƒe ɣedzeƒeliƒowo dzi va se ɖe esime woɖo Moab ƒe liƒo la godo le Arnon tɔsisi la ŋu.
19 Israel sent messengers to Sihon king of the Amorites, the king of Heshbon; and Israel said to him, ‘Please let us pass through your land to my place.’
Israel ɖo du ɖe Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon eye wòbia be wòaɖe mɔ yewoato eƒe anyigba dzi ayi afi si yewoyina.
20 But Sihon did not trust Israel to pass through his border; but Sihon gathered all his people together, and encamped in Jahaz, and fought against Israel.
Fia Sixɔn mexɔ Israelviwo dzi se o eya ta wòna eƒe aʋakɔ wɔ aʋa kple Israelviwo le Yaza.
21 The LORD, the God of Israel, delivered Sihon and all his people into the hand of Israel, and they struck them. So Israel possessed all the land of the Amorites, the inhabitants of that country.
Yehowa, míaƒe Mawu la kpe ɖe Israelviwo ŋu woɖu Fia Sixɔn dzi. Ale Israelviwo xɔ anyigba si dzi Amoritɔwo nɔ la katã.
22 They possessed all the border of the Amorites, from the Arnon even to the Jabbok, and from the wilderness even to the Jordan.
Israelviwo nɔ anyigba la katã dzi tso Arnon tɔsisi la ŋu le anyigbeme yi Yabok tɔsisi la ŋu le dzigbeme kple tso gbegbe la ŋu le ɣedzeƒe yi Yɔdan tɔsisi la ŋu le ɣetoɖoƒe.
23 So now the LORD, the God of Israel, has dispossessed the Amorites from before his people Israel, and should you possess them?
“‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu lae xɔ anyigba la le Amoritɔwo si na Israelviwo. Ekema nu ka ta míagbugbɔe na wò?
24 Will not you possess that which Chemosh your god gives you to possess? So whoever the LORD our God has dispossessed from before us, them will we possess.
Na nu sia nu si wò mawu Kemos na wò la nanye tɔwò eye nu sia nu si Yehowa, míaƒe Mawu la na míawo hã la, nanye mía tɔ!
25 Now are you anything better than Balak the son of Zippor, king of Moab? Did he ever strive against Israel, or did he ever fight against them?
Ke wò ɖe, ame ka gɔ̃e nèbu be yenye? Ɖe nènyo wu Fia Balak, Moab fia? Ɖe wòdi be yeagbugbɔ yeƒe anyigba axɔ le Israelviwo si, esime Israel ɖu edzia? Kpao!
26 Israel lived in Heshbon and its towns, and in Aroer and its towns, and in all the cities that are along the side of the Arnon for three hundred years! Why did not you recover them within that time?
Ke wò ya nèle didim be yeaho nya sia ɖe dzi azɔ le ƒe alafa etɔ̃ megbe! Israel nɔ anyigba sia dzi ɣeyiɣi sia katã tso Hesbon va yi Aroer, yi ɖatɔ keke Arnon tɔsisi la. Nu ka ta mèdze agbagba aɖeke kpɔ do ŋgɔ na fifia be yeagbugbɔ anyigba la axɔ o?
27 Therefore I have not sinned against you, but you do me wrong to war against me. May the LORD the Judge be judge today between the children of Israel and the children of Ammon.”
Kpɔ ɖa, nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o: wò boŋue wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye be nèho aʋa ɖe ŋunye. Ke eteƒe madidi o, Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la la, adrɔ̃ ʋɔnu le mí Israelviwo kple mi Amonitɔwo dome.’”
28 However, the king of the children of Ammon did not listen to the words of Jephthah which he sent him.
Amon fia meɖo to Yefta ƒe nya la o.
29 Then the LORD’s Spirit came on Jephthah, and he passed over Gilead and Manasseh, and passed over Mizpah of Gilead, and from Mizpah of Gilead he passed over to the children of Ammon.
Le ɣeyiɣi ma me la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va Yefta dzi eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ to Gileadnyigba kple Manase ƒe anyigba dzi, dze le Mizpa le Gilead ŋu eye wòkpe aʋa kple Amonitɔwo ƒe aʋakɔ.
30 Jephthah vowed a vow to the LORD, and said, “If you will indeed deliver the children of Ammon into my hand,
Yefta ɖe adzɔgbe na Yehowa be, “Ne ètsɔ Amonitɔwo de asi nam la,
31 then it shall be, that whatever comes out of the doors of my house to meet me when I return in peace from the children of Ammon, it shall be the LORD’s, and I will offer it up for a burnt offering.”
nu sia nu si ado to nye aƒe ƒe agbo me ava kpem ne meɖu Amonitɔwo dzi hetrɔ gbɔ la, anye Yehowa tɔ eye matsɔe asa numevɔe nɛ.”
32 So Jephthah passed over to the children of Ammon to fight against them; and the LORD delivered them into his hand.
Yefta kplɔ eƒe aʋakɔ wowɔ aʋa kple Amonitɔwo. Yehowa na Israel ɖu dzi
33 He struck them from Aroer until you come to Minnith, even twenty cities, and to Abelcheramim, with a very great slaughter. So the children of Ammon were subdued before the children of Israel.
eye wowu Amonitɔwo tso keke Aroer va se ɖe Minit. Woxɔ du blaeve va keke Abel Keramin. Ale Israel ɖu Amonitɔwo dzi.
34 Jephthah came to Mizpah to his house; and behold, his daughter came out to meet him with tambourines and with dances. She was his only child. Besides her he had neither son nor daughter.
Esi Yefta trɔ va eƒe aƒe me le Mizpa la, ame aɖeke medo va kpee o, negbe via nyɔnu si nɔ ɣe ɖum ɖe asiʋui ŋu! Eya koe nye vi ɖeka si nɔ esi. Viŋutsu loo alo vinyɔnu aɖeke meganɔ esi wu eya o.
35 When he saw her, he tore his clothes, and said, “Alas, my daughter! You have brought me very low, and you are one of those who trouble me; for I have opened my mouth to the LORD, and I cannot go back.”
Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo henɔ ɣli dom be, “O, vinyenyɔnu! Ètsɔm do nublanuitɔ kple ame ɖigbɔ̃e elabena meɖe adzɔgbe na Yehowa esi dzi nyemate ŋu ada le o.”
36 She said to him, “My father, you have opened your mouth to the LORD; do to me according to that which has proceeded out of your mouth, because the LORD has taken vengeance for you on your enemies, even on the children of Ammon.”
Eɖo eŋu nɛ be “Fofonye, èɖe adzɔgbe na Yehowa; wɔm abe ale si nèdo ŋugbee ene elabena Yehowa bia hlɔ̃ wò futɔ siwo nye Amonitɔwo.
37 Then she said to her father, “Let this thing be done for me. Leave me alone two months, that I may depart and go down on the mountains, and bewail my virginity, I and my companions.”
Gake wɔ nye didi sia ko dzi nam. Na ɣleti evem matsa le togbɛawo dzi afa konyi kple xɔ̃nyewo elabena nyemaɖe srɔ̃ akpɔakpɔ o.”
38 He said, “Go.” He sent her away for two months; and she departed, she and her companions, and mourned her virginity on the mountains.
Yefta ɖe mɔ nɛ eye wòyi toawo dzi; eya kple xɔlɔ̃awo nɔ afi ma kple konyifafa ɣleti eve.
39 At the end of two months, she returned to her father, who did with her according to his vow which he had vowed. She was a virgin. It became a custom in Israel
Le esia megbe la, etrɔ va aƒe eye Yefta wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi, ale ɖetugbi la meɖe srɔ̃ o. Tso gbe ma gbe dzi la, ezu kɔnu le Israelviwo dome
40 that the daughters of Israel went yearly to celebrate the daughter of Jephthah the Gileadite four days in a year.
be ɖetugbiwo nayi aɖanɔ toawo dzi ŋkeke ene ƒe sia ƒe afa konyi le Yefta, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnuvi ta.

< Judges 11 >