< Isaiah 60 >

1 “Arise, shine; for your light has come, and the LORD’s glory has risen on you!
“Tso nàklẽ, elabena wò kekeli do, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò,
2 For behold, darkness will cover the earth, and thick darkness the peoples; but the LORD will arise on you, and his glory shall be seen on you.
elabena kpɔ ɖa, viviti ado ɖe anyigba katã dzi, eye blukɔ tsiɖitsiɖi atsyɔ eƒe amewo dzi, gake Yehowa adze ɖe dziwò, eye eƒe ŋutikɔkɔe anɔ dzedzem le dziwò.
3 Nations will come to your light, and kings to the brightness of your rising.
Dukɔwo ava wò kekeli la gbɔ, eye fiawo ava wò agudzedze ƒe keklẽ la gbɔ.
4 “Lift up your eyes all around, and see: they all gather themselves together. They come to you. Your sons will come from far away, and your daughters will be carried in arms.
“Fɔ mo dzi, eye nàkpɔ nu siwo ƒo xlã wò. Wo katã woƒo ƒu heva gbɔwò, viwò ŋutsuwo tso didiƒe ke va, eye wolé viwò nyɔnuwo ɖe abɔdome vɛ.
5 Then you shall see and be radiant, and your heart will thrill and be enlarged; because the abundance of the sea will be turned to you. The wealth of the nations will come to you.
Ekema àkpɔe, ahako alɔgbɔnu. Wò dzi ati kpo, avu gblotoo kple dzidzɔkpɔkpɔ. Woatsɔ nu xɔasi siwo le atsiaƒu dzi la vɛ na wò, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava gbɔwò.
6 A multitude of camels will cover you, the dromedaries of Midian and Ephah. All from Sheba will come. They will bring gold and frankincense, and will proclaim the praises of the LORD.
Kposɔwo ƒe ha axɔ wò anyigba dzi hekpe ɖe Midian kple Efa ƒe kposɔviwo ŋuti. Nenema ke Sebatɔwo katã hã ava ana sika kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo, eye woadzi ha akafu Yehowa.
7 All the flocks of Kedar will be gathered together to you. The rams of Nebaioth will serve you. They will be accepted as offerings on my altar; and I will beautify my glorious house.
Woakplɔ Kedar ƒe lãhawo aƒo ƒu vɛ na wò, eye Nebayɔt ƒe agbowo asubɔ wò. Woaxɔ wo abe vɔsa ene le nye vɔsamlekpui dzi, eye maɖo atsyɔ̃ na nye gbedoxɔ kɔkɔe la.
8 “Who are these who fly as a cloud, and as the doves to their windows?
“Ame kawoe nye ema le dzodzom le yame abe lilikpowo ene, alo abe ahɔnɛwo yina ɖe woƒe atɔwo me ene?
9 Surely the islands will wait for me, and the ships of Tarshish first, to bring your sons from far away, their silver and their gold with them, for the name of the LORD your God, and for the Holy One of Israel, because he has glorified you.
Vavãe ƒukpowo le mɔ kpɔm nam. Tarsis ƒe meliwo le ŋgɔ na wo, lɔ viwò ŋutsuwo tso didiƒewo gbɔnae kple woƒe klosalo kple sika be woatsɔ ade bubu Yehowa, wò Mawu kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu, elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na wò.
10 “Foreigners will build up your walls, and their kings will serve you; for in my wrath I struck you, but in my favor I have had mercy on you.
“Amedzroviwo agbugbɔ wò gliwo aɖo, eye woƒe fiawo asubɔ wò. Togbɔ be meƒo mi le nye dziku me hã la, le nye dɔmenyo me la, makpɔ nublanui na mi.
11 Your gates also shall be open continually; they shall not be shut day nor night, that men may bring to you the wealth of the nations, and their kings led captive.
Wò agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa. Womatu wo akpɔ gbeɖe le ŋkeke me alo zã me o. Ale be amewo nate ŋu atsɔ dukɔwo ƒe kesinɔnuwo vɛ na mi. Woƒe fiawo anɔ ŋgɔ le dziɖuɖu ƒe asaɖabɔbɔ la me,
12 For that nation and kingdom that will not serve you shall perish; yes, those nations shall be utterly wasted.
eya ta dukɔ alo fiaɖuƒe si agbe be yemasubɔ mi o la, atsrɔ̃, eye woagbãe gudugudu.
13 “The glory of Lebanon shall come to you, the cypress tree, the pine, and the box tree together, to beautify the place of my sanctuary; and I will make the place of my feet glorious.
“Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe ava dziwò. Woƒe sesewu, fɔfɔli kple papawu ava na wò be woaɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe la, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ada ɖe nye afɔɖoƒe.
14 The sons of those who afflicted you will come bowing to you; and all those who despised you will bow themselves down at the soles of your feet. They will call you the LORD’s City, the Zion of the Holy One of Israel.
Ame siwo te wò ɖe to la, ƒe ŋutsuviwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò. Ame siwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woayɔ wò be Yehowa ƒe Du, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion.
15 “Whereas you have been forsaken and hated, so that no one passed through you, I will make you an eternal excellency, a joy of many generations.
“Togbɔ be wogble wò ɖi helé fu wò, eye ame aɖeke meto mewò yi o hã la, matsɔ wò awɔ atsyɔ̃ mavɔ kple dzidzɔe na dzidzimewo katã.
16 You will also drink the milk of the nations, and will nurse from royal breasts. Then you will know that I, the LORD, am your Savior, your Redeemer, the Mighty One of Jacob.
Àno dukɔwo ƒe notsi, eye àno fiawo ƒe no, ekema ànyae be, nye Yehowae nye wò Ɖela, eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye wò xɔnametɔ.
17 For bronze I will bring gold; for iron I will bring silver; for wood, bronze, and for stones, iron. I will also make peace your governor, and righteousness your ruler.
Matsɔ sika ana wò ɖe akɔbli teƒe, eye klosalo ɖe gayibɔ teƒe. Le ati teƒe la, matsɔ akɔbli na wò, eye mana gayibɔ wò ɖe kpe teƒe. Mawɔ ŋutifafa wòanye tatɔ na wò, eye dzɔdzɔenyenye nanye dziɖula na wò.
18 Violence shall no more be heard in your land, nor desolation or destruction within your borders; but you will call your walls Salvation, and your gates Praise.
Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi, tsɔtsrɔ̃ loo alo gbegblẽ hã manɔ wò liƒowo dzi o. Ke boŋ àyɔ wò gliwo be Ɖeɖekpɔkpɔ, eye wò agbowo be Kafukafu.
19 The sun will be no more your light by day, nor will the brightness of the moon give light to you, but the LORD will be your everlasting light, and your God will be your glory.
Ɣe maganye wò akaɖi le ŋkeke me loo alo ɣleti naklẽ ɖe dziwò o, elabena Yehowa anye wò kekeli tegbee ye wò Mawu anye wò ŋutikɔkɔe.
20 Your sun will not go down any more, nor will your moon withdraw itself; for the LORD will be your everlasting light, and the days of your mourning will end.
Wò ɣe magaɖo to azɔ o, eye wò ɣleti hã magaɖo xɔ azɔ o. Yehowa anye wò kekeli mavɔ, eye wò konyifaŋkekewo nu ava ayi.
21 Then your people will all be righteous. They will inherit the land forever, the branch of my planting, the work of my hands, that I may be glorified.
Ekema wò amewo katã anye dzɔdzɔetɔwo, eye anyigba anye wo tɔ tegbee. Wonye ati fɛ̃ si medo, kple nye asinudɔwɔwɔwo be woaɖe nye ŋutikɔkɔe afia.
22 The little one will become a thousand, and the small one a strong nation. I, the LORD, will do this quickly in its time.”
Ame ʋɛ siwo le mia dome la azu akpe, eye ame siwo mesɔ gbɔ o la azu dukɔ gã dranyi aɖe. Nyee nye Yehowa, le ewɔɣi la, mawɔ esia wòatsɔ kaba.”

< Isaiah 60 >