< Ezekiel 18 >

1 The LORD’s word came to me again, saying,
Yehowa ƒe nya va nam.
2 “What do you mean, that you use this proverb concerning the land of Israel, saying, ‘The fathers have eaten sour grapes, and the children’s teeth are set on edge’?
“Nya ka gblɔm amewo le ne wodo lo sia tso Israel ŋu be, “‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbowo, eye aɖu nyɔ wo viwo?’”
3 “As I live,” says the Lord GOD, “you shall not use this proverb any more in Israel.
“Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, miagado lo sia le Israel o.
4 Behold, all souls are mine; as the soul of the father, so also the soul of the son is mine. The soul who sins, he shall die.
Elabena luʋɔ ɖe sia ɖe nye tɔnye, fofo kple vi, wo ame eveawo siaa nye tɔnye. Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku!’
5 “But if a man is just, and does that which is lawful and right,
“Le kpɔɖeŋu me, ne ame dzɔdzɔe aɖe li, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wole eteƒe
6 and has not eaten on the mountains, has not lifted up his eyes to the idols of the house of Israel, has not defiled his neighbor’s wife, has not come near a woman in her impurity,
Meɖua nu le nuxeƒewo, le tawo dzi loo alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o. Medɔa nɔvia srɔ̃ gbɔ o. Alo dɔa nyɔnu gbɔ ne ekpɔ dzinu o.
7 and has not wronged any, but has restored to the debtor his pledge, has taken nothing by robbery, has given his bread to the hungry, and has covered the naked with a garment;
Metea ame aɖeke ɖe to o. Ke egbugbɔa awɔbanu si wòxɔ ɖe fe nu la na nutɔ. Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔ, eye wònaa nutata amamanɔla.
8 he who has not lent to them with interest, has not taken any increase from them, who has withdrawn his hand from iniquity, has executed true justice between man and man,
Medoa ga, xɔa deme ɖe edzi o, alo baa ame o. Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe le ame kple ehavi dome.
9 has walked in my statutes, and has kept my ordinances, to deal truly; he is just, he shall surely live,” says the Lord GOD.
Ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu, eye wòwɔa nye seawo dzi nyateƒetɔe. Ame ma nye ame dzɔdzɔe, eye wòanɔ agbe godoo.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
10 “If he fathers a son who is a robber who sheds blood, and who does any one of these things,
“Le kpɔɖeŋu me, ne viŋutsu sẽŋuta aɖe le esi, ame si kɔa ʋu ɖi, eye wòwɔa nu vɔ̃ bubu siawo dometɔ aɖe,
11 or who does not do any of those things but has eaten at the mountain shrines and defiled his neighbor’s wife,
togbɔ be fofoa ya mewɔa nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o hã. Eɖua nu le nuxeƒewo le towo dzi, Edɔna kple nɔvia srɔ̃.
12 has wronged the poor and needy, has taken by robbery, has not restored the pledge, and has lifted up his eyes to the idols, has committed abomination,
“Etea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe to. Edaa adzo ame. Megbugbɔa awɔbanu na nutɔ o. Ekpɔa legbawo dzi ɖa. Ewɔa ŋukpenanuwo.
13 has lent with interest, and has taken increase from the poor, shall he then live? He shall not live. He has done all these abominations. He shall surely die. His blood will be on him.
Edoa ga, xɔa deme ɖe edzi, eye wòbaa ame. Ame sia tɔgbi anɔ agbea? Manɔ agbe o. Esi wòwɔ ŋunyɔnu siawo katã ta la, woawui godoo, eye eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi.
14 “Now, behold, if he fathers a son who sees all his father’s sins which he has done, and fears, and does not do likewise,
“Ke ne viŋutsu sia dzi viŋutsu, ame si kpɔa nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔna, gake togbɔ be ekpɔ fofoa ƒe nu vɔ̃wo hã la, mewɔa nu vɔ̃ ma tɔgbiwo o.
15 who has not eaten on the mountains, has not lifted up his eyes to the idols of the house of Israel, has not defiled his neighbor’s wife,
“Meɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi o, alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o. Medɔa ehavi srɔ̃ gbɔ o.
16 has not wronged any, has not taken anything to pledge, has not taken by robbery, but has given his bread to the hungry, and has covered the naked with a garment;
Metea ame aɖeke ɖe to o, eye mexɔa awɔbanu hafi doa ga na ame o. Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔwo, eye wònaa nutata amamanɔlawo.
17 who has withdrawn his hand from the poor, who has not received interest or increase, has executed my ordinances, has walked in my statutes; he shall not die for the iniquity of his father. He shall surely live.
Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me, eye mexɔa deme alo baa ame o. Ewɔa nye sewo dzi, eye wòzɔna ɖe nye ɖoɖowo nu. Maku ɖe fofoa ƒe nu vɔ̃wo ta o; anɔ agbe godoo.
18 As for his father, because he cruelly oppressed, robbed his brother, and did that which is not good among his people, behold, he will die in his iniquity.
Ke fofoa ya aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, elabena exɔa nu sesẽtɔe le ame si, daa adzo nɔvia, eye wòwɔa nu si gblẽ la le eƒe amewo dome.
19 “Yet you say, ‘Why does not the son bear the iniquity of the father?’ When the son has done that which is lawful and right, and has kept all my statutes, and has done them, he will surely live.
“Ke miebia be, ‘Nu ka ta viŋutsu maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖe o?’ Esi viŋutsu la wɔ nu si le dzɔdzɔe, henyo, eye wòkpɔ egbɔ be yelé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi ta la, anɔ agbe godoo.
20 The soul who sins, he shall die. The son shall not bear the iniquity of the father, neither shall the father bear the iniquity of the son. The righteousness of the righteous shall be on him, and the wickedness of the wicked shall be on him.
Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku. Viŋutsu la maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. Woatsɔ ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ana eya ŋutɔ, eye woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ nɛ.
21 “But if the wicked turns from all his sins that he has committed, and keeps all my statutes, and does that which is lawful and right, he shall surely live. He shall not die.
“Ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe ɖe asi le nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ la ŋuti, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye wòwɔ nu si dzɔ, henyo la, anɔ agbe godoo; maku o.
22 None of his transgressions that he has committed will be remembered against him. In his righteousness that he has done, he shall live.
Womagaɖo ŋku nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi ɖe eŋu o. Le nu nyui siwo wòwɔ ta la, anɔ agbe.
23 Have I any pleasure in the death of the wicked?” says the Lord GOD, “and not rather that he should return from his way, and live?
Ɖe mekpɔa dzidzɔ le ame vɔ̃ɖi ƒe ku ŋutia? Ke boŋ ɖe nyemekpɔa dzidzɔ ne wotrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi henɔ agbe nyui oa?” Nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.
24 “But when the righteous turns away from his righteousness, and commits iniquity, and does according to all the abominations that the wicked man does, should he live? None of his righteous deeds that he has done will be remembered. In his trespass that he has trespassed, and in his sin that he has sinned, in them he shall die.
“Ke ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ kple ŋukpenanu siwo ame vɔ̃ɖiwo wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi o. Le nuteƒe si mewɔ o kple nu vɔ̃ siwo wòwɔ ta la, aku.
25 “Yet you say, ‘The way of the Lord is not equal.’ Hear now, house of Israel: Is my way not equal? Are not your ways unequal?
“Ke miegblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’” See, O! Israel ƒe aƒe. Ɖe nye mɔ mele eteƒe oa? Menye miawo boŋ ƒe mɔwoe mele eteƒe oa?
26 When the righteous man turns away from his righteousness, and commits iniquity, and dies in it, then he dies in his iniquity that he has done.
Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, aku le eta. Le nu vɔ̃ si wòwɔ ta la, aku.
27 Again, when the wicked man turns away from his wickedness that he has committed, and does that which is lawful and right, he will save his soul alive.
Ke ne nu vɔ̃ wɔla aɖe ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo la, aɖe eƒe agbe.
28 Because he considers, and turns away from all his transgressions that he has committed, he shall surely live. He shall not die.
Esi wòbu nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ ŋu, eye wòɖe asi le eŋu ta la, anɔ agbe godoo; maku o.
29 Yet the house of Israel says, ‘The way of the Lord is not fair.’ House of Israel, are not my ways fair? Are not your ways unfair?
Ke Israel ƒe aƒe le gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o?” Menye miawo ƒe mɔwo boŋue mele eteƒe oa?
30 “Therefore I will judge you, house of Israel, everyone according to his ways,” says the Lord GOD. “Return, and turn yourselves from all your transgressions, so iniquity will not be your ruin.
Eya ta Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “O! Israel ƒe aƒe, esia ta madrɔ̃ ʋɔnu mi, ame sia ame ɖe eƒe mɔwo nu. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋuti, ekema nu vɔ̃ manye miaƒe anyidzedze o.
31 Cast away from you all your transgressions in which you have transgressed; and make yourself a new heart and a new spirit. For why will you die, house of Israel?
Miɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, eye miaxɔ dzi yeye aɖe kple gbɔgbɔ yeye aɖe. Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe?
32 For I have no pleasure in the death of him who dies,” says the Lord GOD. “Therefore turn yourselves, and live!
Elabena nyemekpɔa dzidzɔ le ame aɖeke ƒe ku ŋuti o. Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

< Ezekiel 18 >