< Ezekiel 14 >

1 Then some of the elders of Israel came to me and sat before me.
Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbɔnye, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume.
2 The LORD’s word came to me, saying,
Tete Yehowa ƒe nya va nam be,
3 “Son of man, these men have taken their idols into their heart, and put the stumbling block of their iniquity before their face. Should I be inquired of at all by them?
“Ame vi, ame siawo li legbawo ɖe woƒe dzi me, eye woɖi afɔklinu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe ŋkume. Ɖe mana woabia gbem mahã?
4 Therefore speak to them and tell them, ‘The Lord GOD says: “Every man of the house of Israel who takes his idols into his heart and puts the stumbling block of his iniquity before his face then comes to the prophet, I the LORD will answer him there according to the multitude of his idols,
Eya ta gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne Israelvi aɖe li legbawo ɖe eƒe dzi me, tsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi da ɖe eƒe ŋkume, eye wòyi nyagblɔɖila aɖe gbɔ la, nye, Yehowa, ŋutɔ maɖo nya la ŋu nɛ le eya ŋutɔ ƒe legbawo ƒe agbɔsɔsɔ nu.
5 that I may take the house of Israel in their own heart, because they are all estranged from me through their idols.”’
Mawɔ alea ale be magbugbɔ Israel ƒe ame siwo katã gblẽm ɖi le woƒe legbawo ta la ƒe dziwo axɔ.’
6 “Therefore tell the house of Israel, ‘The Lord GOD says: “Return, and turn yourselves from your idols! Turn away your faces from all your abominations.
“Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi; mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe legbawo ŋu, eye miagbe nu le miaƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ gbɔ!’
7 “‘“For everyone of the house of Israel, or of the strangers who live in Israel, who separates himself from me and takes his idols into his heart, and puts the stumbling block of his iniquity before his face, and comes to the prophet to inquire for himself of me, I the LORD will answer him by myself.
“‘Ne Israelvi alo amedzro aɖe si le Israel gbe nu le gbɔnye, eye wòɖo legbawo ɖe eƒe dzi me hetsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi aɖe ɖo eƒe ŋkume hafi yi nyagblɔɖila aɖe gbɔ be yeabia nyae tso ŋunye la, nye Yehowa ŋutɔ, maɖo nya la ŋu nɛ.
8 I will set my face against that man and will make him an astonishment, for a sign and a proverb, and I will cut him off from among my people. Then you will know that I am the LORD.
Matɔ ŋku ame ma, mawɔe wòanye kpɔɖeŋu kple nyatoto, eye maɖee ɖa le nye amewo dome. Ekema mianyae be, nyee nye Yehowa.’
9 “‘“If the prophet is deceived and speaks a word, I, the LORD, have deceived that prophet, and I will stretch out my hand on him, and will destroy him from among my people Israel.
“‘Eye ne woflu nyagblɔɖila la be wòagblɔ nya ɖi la, nye Yehowae aflu nyagblɔɖila ma, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu, eye matsrɔ̃e le nye amewo dome le Israel.
10 They will bear their iniquity. The iniquity of the prophet will be even as the iniquity of him who seeks him,
Ame sia ame atsɔ eƒe vodada, nyagblɔɖila la kple ame siwo bia gbee siaa, woanye vodalawo.
11 that the house of Israel may no more go astray from me, neither defile themselves any more with all their transgressions; but that they may be my people, and I may be their God,” says the Lord GOD.’”
Ekema Israelviwo magatra mɔ tso gbɔnye o, eye womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe nu vɔ̃wo katã o. Woanye nye amewo eye nye hã manye woƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’”
12 The LORD’s word came to me, saying,
Yehowa ƒe nya va nam be,
13 “Son of man, when a land sins against me by committing a trespass, and I stretch out my hand on it, and break the staff of its bread and send famine on it, and cut off from it man and animal—
“Ame vi, ne dukɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutinye, eye meto nyateƒe nam o la, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu be maɖo asi eƒe nuɖuɖukpɔtsoƒe dzi; ekema dɔwuame ava edzi, eye mawu eƒe amewo kple eƒe lãwo,
14 though these three men, Noah, Daniel, and Job, were in it, they would deliver only their own souls by their righteousness,” says the Lord GOD.
nenye be ame etɔ̃ siawo, Noa, Daniel kple Hiob gɔ̃ hã anɔ wo dome. Woatsɔ woƒe dzɔdzɔenyenye aɖe woawo ŋutɔ ɖeɖe ko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
15 “If I cause evil animals to pass through the land, and they ravage it and it is made desolate, so that no man may pass through because of the animals—
“Alo ne meɖo lã wɔadãwo ɖa be woato anyigba ma dzi, eye wowu wo viwo katã, eye anyigba la zu gbegbe, ale be ame aɖeke magate ŋu ato edzi ayi o le lã wɔadãawo ta la,
16 though these three men were in it, as I live,” says the Lord GOD, “they would deliver neither sons nor daughters. They only would be delivered, but the land would be desolate.
Aƒetɔ Yehowa be yeta yeƒe agbe be ne ame etɔ̃ siawo anɔ wo dome gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ɖeɖe koe akpɔ ɖeɖe, ke anyigba la ya azu gbegbe.
17 “Or if I bring a sword on that land, and say, ‘Sword, go through the land, so that I cut off from it man and animal’—
“Alo ne meɖo yi ɖe anyigba ma dzi hegblɔ be, ‘Yi la nato anyigba la dzi,’ eye mewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la,
18 though these three men were in it, as I live,” says the Lord GOD, “they would deliver neither sons nor daughters, but they only would be delivered themselves.
Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ ƒe agbe be, ne ame etɔ̃ siawo nɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ko woaɖe.
19 “Or if I send a pestilence into that land, and pour out my wrath on it in blood, to cut off from it man and animal—
“Alo ne meɖo dɔvɔ̃ ɖe anyigba ma dzi, eye meɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe edzi to ʋukɔkɔɖi me hewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la,
20 though Noah, Daniel, and Job, were in it, as I live,” says the Lord GOD, “they would deliver neither son nor daughter; they would deliver only their own souls by their righteousness.”
Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ yeƒe agbe be, ne Noa, Daniel kple Hiob anɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ɖokui ko woate ŋu aɖe kple woƒe dzɔdzɔenyenye.
21 For the Lord GOD says: “How much more when I send my four severe judgments on Jerusalem—the sword, the famine, the evil animals, and the pestilence—to cut off from it man and animal!
“Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Aleke gbegbe wòagasẽ wu ne medɔ nye ʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔ ene siawo, yi, dɔwuame, lã wɔadãwo kple dɔvɔ̃ ɖa ɖe Yerusalem ŋu be woawu eƒe amewo kple eƒe lãwo siaa!
22 Yet, behold, there will be left a remnant in it that will be carried out, both sons and daughters. Behold, they will come out to you, and you will see their way and their doings. Then you will be comforted concerning the evil that I have brought on Jerusalem, even concerning all that I have brought on it.
Ke agbetsila aɖewo anɔ anyi anye viŋutsu kple vinyɔnu siwo woaɖe tso eme. Woaʋu le mia gbɔ, eye ne mekpɔ woƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo la, miaƒe akɔ afa le dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe si mehe va Yerusalem dzi la ta.
23 They will comfort you, when you see their way and their doings; then you will know that I have not done all that I have done in it without cause,” says the Lord GOD.
Woafa akɔ na mi ne miekpɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo, elabena mianya be nyemewɔ naneke dzodzro o.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

< Ezekiel 14 >