< 1 Kings 18 >

1 After many days, the LORD’s word came to Elijah, in the third year, saying, “Go, show yourself to Ahab; and I will send rain on the earth.”
Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe, le ƒe etɔ̃lia me la, Yehowa ƒe nya va na Eliya be, “Yi nàtsɔ ɖokuiwò afia Ahab eye mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.”
2 Elijah went to show himself to Ahab. The famine was severe in Samaria.
Ale Eliya ɖagblɔe na Fia Ahab. Le ɣeyiɣi sia me la, dɔwuame nu sẽ ŋutɔ le Samaria.
3 Ahab called Obadiah, who was over the household. (Now Obadiah feared the LORD greatly;
Ame si kpɔa Fia Ahab ƒe aƒemenyawo dzi lae nye Obadiya, ame si nye mawuvɔ̃la aɖe.
4 for when Jezebel cut off the LORD’s prophets, Obadiah took one hundred prophets, and hid them fifty to a cave, and fed them with bread and water.)
Eva eme be fianyɔnu Yezebel dze agbagba be yeawu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo katã le anyigba la dzi, ke Obadiya dze agbagba ɣla wo dometɔ alafa ɖeka ɖe agado eve me. Ame blaatɔ̃ nɔ agado ɖeka me eye blaatɔ̃ hã nɔ agado evelia me. Enyi wo kple abolo kple tsi ƒuƒlu ko.
5 Ahab said to Obadiah, “Go through the land, to all the springs of water, and to all the brooks. Perhaps we may find grass and save the horses and mules alive, that we not lose all the animals.”
Fia Ahab gblɔ na Obadiya be, “Tsa le tɔsisi kple tɔʋu ɖe sia ɖe to le anyigba blibo la dzi ɖewohĩ miakpɔ gbe ana sɔawo kple tedziawo woaɖu be miaƒe lãwo magatsrɔ̃ na mi o.
6 So they divided the land between them to pass throughout it. Ahab went one way by himself, and Obadiah went another way by himself.
Ale ame eveawo tsa le anyigba la dzi; Ahab tsɔ eƒe mɔ eye Obadiya hã lé eƒe mɔ tsɔ.”
7 As Obadiah was on the way, behold, Elijah met him. He recognized him, and fell on his face, and said, “Is it you, my lord Elijah?”
Obadiya kpɔ Eliya wògbɔna egbɔ. Obadiya dze sii enumake. Ede ta agu nɛ eye wòbiae be, “Nye aƒetɔ Eliya, wò tututuea?”
8 He answered him, “It is I. Go, tell your lord, ‘Behold, Elijah is here!’”
Eliya ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nye tututue. Yi nàgblɔ na Fia la be mele afii.”
9 He said, “How have I sinned, that you would deliver your servant into the hand of Ahab, to kill me?
Obadiya biae be, “Nu gbegblẽ ka mewɔ be nètsɔ wò dɔla le asi dem na Ahab be wòawu?
10 As the LORD your God lives, there is no nation or kingdom where my lord has not sent to seek you. When they said, ‘He is not here,’ he took an oath of the kingdom and nation that they did not find you.
Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be dukɔ alo fiaɖuƒe aɖeke meli si nye aƒetɔ medɔ ame ɖo be woadi wò o. Ne dukɔ aɖe alo fiaɖuƒe aɖe gblɔ be mèle yewo gbɔ o la, enana wokaa atam be nyateƒee yewomekpɔ wò o.
11 Now you say, ‘Go, tell your lord, “Behold, Elijah is here.”’
Ke azɔ la, ègblɔ nam be mayi nye aƒetɔ gbɔ, agblɔ nɛ be, ‘Eliya le afii.’
12 It will happen, as soon as I leave you, that the LORD’s Spirit will carry you I do not know where; and so when I come and tell Ahab, and he cannot find you, he will kill me. But I, your servant, have feared the LORD from my youth.
Nyemenya afi si Yehowa ƒe Gbɔgbɔ akplɔ wò ayii ne medzo le gbɔwò o. Ke ne meɖagblɔe na Ahab eye meva kpɔ wò o la, awum. Ke hã la, nye, wò dɔla, mesubɔ Yehowa tso nye ɖekakpuime ke.
13 Was not it told my lord what I did when Jezebel killed the LORD’s prophets, how I hid one hundred men of the LORD’s prophets with fifty to a cave, and fed them with bread and water?
Nye aƒetɔ, ɖe mèse nu si mewɔ esi Yezebel nɔ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo wum oa? Meɣla Yehowa ƒe nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖe agado eve me, blaatɔ̃ ɖe agado ɖeka me, blaatɔ̃ ɖe agado evelia me eye mena nuɖuɖu kple tsi wo.
14 Now you say, ‘Go, tell your lord, “Behold, Elijah is here”.’ He will kill me.”
Ke azɔ la, ègblɔ nam be mayi nye aƒetɔ gbɔ agblɔ nɛ be, ‘Eliya le afii.’ Awum godoo!”
15 Elijah said, “As the LORD of Armies lives, before whom I stand, I will surely show myself to him today.”
Eliya gblɔ nɛ be, “Meta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si mesubɔna la ƒe agbe be egbe matsɔ ɖokuinye afia Ahab godoo.”
16 So Obadiah went to meet Ahab, and told him; and Ahab went to meet Elijah.
Ale Obadiya yi ɖagblɔ na Fia Ahab be Eliya va. Ale Ahab do go be yeayi aɖakpee.
17 When Ahab saw Elijah, Ahab said to him, “Is that you, you troubler of Israel?”
Esi wòkpɔ Eliya la, ebiae be, “Wòe nye ema? Wò ame si le fu ɖem na Israel mahã?”
18 He answered, “I have not troubled Israel, but you and your father’s house, in that you have forsaken the LORD’s commandments and you have followed the Baals.
Eliya ɖo eŋu be, “Nyemehe fukpekpe aɖeke va Israel dzi o, ke boŋ wò kple fofowò ƒe aƒe lae elabena miegble Yehowa ƒe sededewo ɖi eye miedze Baalwo yome.
19 Now therefore send, and gather to me all Israel to Mount Carmel, and four hundred fifty of the prophets of Baal, and four hundred of the prophets of the Asherah, who eat at Jezebel’s table.”
Azɔ la, yɔ Israel katã, Baal ƒe nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ kple aƒeli ƒe nyagblɔɖila alafa ene siwo ɖua nu le Yezebel ƒe kplɔ̃ ŋu ƒo ƒu ɖe gbɔnye le Karmel to dzi.”
20 So Ahab sent to all the children of Israel, and gathered the prophets together to Mount Carmel.
Ale Ahab ɖo du ɖe Israelnyigba katã dzi eye wòna nyagblɔɖilawo ƒo ƒu ɖe Karmel to dzi.
21 Elijah came near to all the people, and said, “How long will you waver between the two sides? If the LORD is God, follow him; but if Baal, then follow him.” The people did not say a word.
Eye Eliya do ɖe ameawo ŋgɔ eye wògblɔ na wo be, “Ɣe ka ɣie mianɔ evedome si va se ɖo? Ne Yehowae nye Mawu la, midze eyome, ke nenye Baal ye nye Mawu la, midze eyome!” Gake womeɖo nya aɖeke ŋuti nɛ o.
22 Then Elijah said to the people, “I, even I only, am left as a prophet of the LORD; but Baal’s prophets are four hundred fifty men.
Eliya yi edzi be, “Nye ɖeka koe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila si susɔ, ke nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ le Baal ya si.
23 Let them therefore give us two bulls; and let them choose one bull for themselves, and cut it in pieces, and lay it on the wood, and put no fire under; and I will dress the other bull, and lay it on the wood, and put no fire under it.
Midi nyitsu eve na mí. Mina woatia ɖeka na wo ɖokui. Wonefli lã la eye woatsɔ lãkɔawo aɖo nake la dzi gake womado dzo ɖe ete o. Nye hã mafli nyitsu evelia atsɔ lãkɔawo aɖo nake la dzi eye nyemado dzo ɖe ete o.
24 You call on the name of your god, and I will call on the LORD’s name. The God who answers by fire, let him be God.” All the people answered, “What you say is good.”
Ekema miayɔ miaƒe mawu la ƒe ŋkɔ eye nye hã mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ eye mawu si aɖo dzo ɖa la, eyae nye Mawu.” Tete ameawo katã do ɣli be, “Nya si nègblɔ la nyo.”
25 Elijah said to the prophets of Baal, “Choose one bull for yourselves, and dress it first, for you are many; and call on the name of your god, but put no fire under it.”
Eliya trɔ ɖe Baal ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Miawo miwɔ mia tɔ gbã, elabena miesɔ gbɔ. Mitia nyitsuawo dometɔ ɖeka, miflii da ɖe nakeawo dzi eye miyɔ miaƒe mawu la ƒe ŋkɔ gake migade dzo nakeawo te o.”
26 They took the bull which was given them, and they dressed it, and called on the name of Baal from morning even until noon, saying, “Baal, hear us!” But there was no voice, and nobody answered. They leaped about the altar which was made.
Wokplɔ nyitsu si wotsɔ na wo la, wowui, heflii ɖo nakeawo dzi. Tete woyɔ Baal ƒe ŋkɔ tso ŋdi va se ɖe ŋdɔ. Wodo ɣli be, “Oo Baal, tɔ na mí!” Gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o eye ame aɖeke metɔ na wo o. Ale woɖu ɣe ƒo xlã vɔsamlekpui si woɖi.
27 At noon, Elijah mocked them, and said, “Cry aloud, for he is a god. Either he is deep in thought, or he has gone somewhere, or he is on a journey, or perhaps he sleeps and must be awakened.”
Esi ɣe ɖo to la, Eliya nɔ alɔme ɖem le wo ŋu be, “Mido ɣli sesĩe! Nyateƒemawue wònye! Ɖewohĩ ele ŋugble dem vevie alo eƒe ŋku biã ɖe dɔ aɖe ŋu alo ezɔ mɔ. Ɖewohĩ ele alɔ̃ dɔm eye wòhiã be woanyɔe.”
28 They cried aloud, and cut themselves in their way with knives and lances until the blood gushed out on them.
Ale wogado ɣli ɖe edzi sesĩe wu tsã, eye le woƒe kɔnyinyi nu la, wotsɔ hɛwo kple yiwo si wo ɖokui va se ɖe esime ʋu do le wo ŋu.
29 When midday was past, they prophesied until the time of the evening offering; but there was no voice, no answer, and nobody paid attention.
Le ɣetrɔ me la, woganɔ woƒe gbedodoɖa dzi kple ŋkubiã va se ɖe fiẽvɔsaɣi gake ame aɖeke metɔ o, ame aɖeke meɖo nya ŋu na wo loo alo ɖo to wo o.
30 Elijah said to all the people, “Come near to me!”; and all the people came near to him. He repaired the LORD’s altar that had been thrown down.
Eliya gblɔ na ameawo katã be, “Mite va gbɔnye!” Ameawo katã ƒo ƒu ɖe eŋu esi wòdzra Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wogbã la ɖo.
31 Elijah took twelve stones, according to the number of the tribes of the sons of Jacob, to whom the LORD’s word came, saying, “Israel shall be your name.”
Etsɔ kpe wuieve ɖe Yakob, ame si Yehowa gblɔ na be, “Wò ŋkɔe anye Israel” la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu.
32 With the stones he built an altar in the LORD’s name. He made a trench around the altar large enough to contain two seahs of seed.
Etsɔ kpeawo ɖi vɔsamlekpui le Yehowa ŋkɔ me eye wòɖe do ƒo xlãe. Do la lolo ale be woate ŋu akɔ tsi lita wuiatɔ̃ ɖe eme.
33 He put the wood in order, and cut the bull in pieces and laid it on the wood. He said, “Fill four jars with water, and pour it on the burnt offering and on the wood.”
Eɖo nakeawo ɖe vɔsamlekpui la dzi eye wòfli nyitsu la hetsɔ ɖo nakeawo dzi. Emegbe la egblɔ na wo be, “Miku tsi ɖe tsizɔ eneawo me eye miatrɔe akɔ ɖe vɔsalã la kple nakeawo dzi.”
34 He said, “Do it a second time;” and they did it the second time. He said, “Do it a third time;” and they did it the third time.
Egblɔ na wo be, “Migawɔe ake” eye wogawɔe. Eɖe gbe na wò be, “Miwɔe zi etɔ̃lia.” Ale wowɔe zi etɔ̃lia.
35 The water ran around the altar; and he also filled the trench with water.
Ale tsi la gbagba tso vɔsamlekpui la dzi eye wòyɔ do si woɖe ƒo xlã vɔsamlekpui la gɔ̃ hã.
36 At the time of the evening offering, Elijah the prophet came near and said, “LORD, the God of Abraham, of Isaac, and of Israel, let it be known today that you are God in Israel and that I am your servant, and that I have done all these things at your word.
Esime fiẽvɔsaɣi ɖo la, Eliya te ɖe vɔsamlekpui la ŋu eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu, ɖee fia egbe be wòe nye Mawu le Israel eye mewɔ esiawo katã le wò nya nu.
37 Hear me, LORD, hear me, that this people may know that you, LORD, are God, and that you have turned their heart back again.”
Tɔ nam, oo Yehowa, tɔ nam. Ekema, oo Yehowa, ame siawo anyae be, wòe nye Mawu eye be wòe gbugbɔ woƒe dzi le tɔtrɔm ɖe ŋuwò.”
38 Then the LORD’s fire fell and consumed the burnt offering, the wood, the stones, and the dust; and it licked up the water that was in the trench.
Tete Yehowa ƒe dzo ge va fia vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigli la eye wòno tsi wòvɔ le do si woɖe ƒo xlã vɔsamlekpui la me ƒiaƒiaƒia!
39 When all the people saw it, they fell on their faces. They said, “The LORD, he is God! The LORD, he is God!”
Esi ameawo katã kpɔ esia la, wotsyɔ mo anyi hedo ɣli be, “Yehowae nye Mawu! Yehowae nye Mawu vavã!”
40 Elijah said to them, “Seize the prophets of Baal! Do not let one of them escape!” They seized them; and Elijah brought them down to the brook Kishon, and killed them there.
Tete Eliya ɖe gbe na wo be, “Milé Baal ƒe nyagblɔɖilawo. Migana wo dometɔ aɖeke nasi adzo o!” Ale wolé wo eye Eliya na wokplɔ wo ɖi agae yi ɖe Kison balime eye wòwu wo le afi ma.
41 Elijah said to Ahab, “Get up, eat and drink; for there is the sound of abundance of rain.”
Azɔ la, Eliya gblɔ na Fia Ahab be, “Yi nàdi nu nyui aɖe nàɖu elabena tsi gã aɖe ɖo gbɔna.”
42 So Ahab went up to eat and to drink. Elijah went up to the top of Carmel; and he bowed himself down on the earth, and put his face between his knees.
Ale Ahab ɖo kplɔ̃ gã aɖe, ke Eliya lia Karmel to la, dze klo eye wòtsɔ eƒe ta de eƒe klowo dome.
43 He said to his servant, “Go up now and look toward the sea.” He went up and looked, then said, “There is nothing.” He said, “Go again” seven times.
Egblɔ na eƒe subɔla be, “Yi nàkpɔ atsiaƒu la gbɔ lɔƒo ɖa.” Subɔla la de gbɔ va gblɔ na Eliya be, “Nyemekpɔ naneke o.” Eliya gblɔ nɛ be, “Yi, nàgayi, nàgayi zi adre!”
44 On the seventh time, he said, “Behold, a small cloud, like a man’s hand, is rising out of the sea.” He said, “Go up, tell Ahab, ‘Get ready and go down, so that the rain does not stop you.’”
Mlɔeba la, esi subɔla la yi zi adrelia la, egblɔ na Eliya be, “Mekpɔ lilikpo aɖe wòlolo abe ŋutsu ƒe asi ene. Enɔ hohom tso atsiaƒu la me.” Eliya do ɣli enumake be, “Ɖe abla nàyi Ahab gbɔ, gblɔ nɛ be wòage ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòaɖi tso to la dzi kaba, ne menye nenema o la, tsidzadza ava xe mɔ nɛ!”
45 In a little while, the sky grew black with clouds and wind, and there was a great rain. Ahab rode, and went to Jezreel.
Azɔ la, lilikpowo va xe dziŋgɔli la ŋkume litii eye ahomya sesẽ aɖe he tsidzadza gã aɖe vɛ. Ahab dzo enumake yi Yezreel.
46 The LORD’s hand was on Elijah; and he tucked his cloak into his belt and ran before Ahab to the entrance of Jezreel.
Yehowa ƒe ŋusẽ va Eliya dzi ale be, esi wòbla eƒe ali dzi nyuie la, ete ŋu ƒu du nɔ ŋgɔ na Ahab ƒe tasiaɖam va se ɖe Yezreel ƒe agbo nu.

< 1 Kings 18 >