< 1 Kings 14 >

1 At that time Abijah the son of Jeroboam became sick.
Le ɣe ma ɣi me la, Yeroboam ƒe vi, Abiya dze dɔ
2 Jeroboam said to his wife, “Please get up and disguise yourself, so that you will not be recognized as Jeroboam’s wife. Go to Shiloh. Behold, Ahijah the prophet is there, who said that I would be king over this people.
eye Yeroboam gblɔ na srɔ̃a be, “Yi, nàtrɔ ɖokuiwò ale be womanya be wòe nye Yeroboam srɔ̃ o, emegbe nàyi Silo. Nyagblɔɖila Ahiya le afi ma, ame si gblɔ nam be manye fia ɖe ame siawo dzi.
3 Take with you ten loaves of bread, some cakes, and a jar of honey, and go to him. He will tell you what will become of the child.”
Tsɔ abolo meme ewo kple akpɔnɔ vivi kple anyitsi goe ɖeka ɖe asi eye nàyi egbɔ. Agblɔ nu si adzɔ ɖe ɖevi la dzi na wò.”
4 Jeroboam’s wife did so, and arose and went to Shiloh, and came to Ahijah’s house. Now Ahijah could not see, for his eyes were set by reason of his age.
Ale srɔ̃a yi Ahiya ƒe aƒe me le Silo. Ahiya zu ametsitsi aɖe azɔ eye megatea ŋu kpɔa nu o.
5 The LORD said to Ahijah, “Behold, Jeroboam’s wife is coming to inquire of you concerning her son, for he is sick. Tell her such and such; for it will be, when she comes in, that she will pretend to be another woman.”
Ke Yehowa ɖee fia Ahiya bena, fianyɔnu la gbɔna eɖokui trɔ ge abe ame bubu ene eye wòava egbɔ ava bia nyae tso via ŋu elabena via dze dɔ sesĩe. Yehowa gblɔ nu si wòagblɔ na nyɔnu la nɛ.
6 So when Ahijah heard the sound of her feet as she came in at the door, he said, “Come in, Jeroboam’s wife! Why do you pretend to be another? For I am sent to you with heavy news.
Ale esi Ahiya se nyɔnu la ŋkɔ le eƒe ʋɔtru nu ko la, edo ɣli be, “Yeroboam srɔ̃, ge ɖe eme. Nu ka ta nèle agbagba dzem be yeadze ame bubui?” Egblɔ na nyɔnu la be, “Nya vɔ̃ aɖe le asinye na wò,
7 Go, tell Jeroboam, ‘The LORD, the God of Israel, says: “Because I exalted you from among the people, and made you prince over my people Israel,
gblɔ nya siawo tso Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ na srɔ̃wò be, ‘Metia wò tso ame maɖinuwo dome eye meɖo wò fiae ɖe Israel dzi.
8 and tore the kingdom away from David’s house, and gave it to you; and yet you have not been as my servant David, who kept my commandments, and who followed me with all his heart, to do that only which was right in my eyes,
Mexɔ fiaɖuƒe la le David ƒe ƒometɔwo si hetsɔ na wò gake mèwɔ nye seawo dzi abe nye dɔla, David ene o. David ƒe didi vevi wònye be yeawɔ nye seawo dzi ɣe sia ɣi eye yeawɔ nu sia nu si medi be wòawɔ.
9 but have done evil above all who were before you, and have gone and made for yourself other gods, molten images, to provoke me to anger, and have cast me behind your back,
Ke èwɔ nu vɔ̃ wu fia siwo katã do ŋgɔ na wò. Èwɔ mawu bubuwo na ɖokuiwò, èdo dɔmedzoe nam kple wò sikanyiviawo eye nètrɔ megbe dem.
10 therefore, behold, I will bring evil on the house of Jeroboam, and will cut off from Jeroboam everyone who urinates on a wall, he who is shut up and he who is left at large in Israel, and will utterly sweep away the house of Jeroboam, as a man sweeps away dung until it is all gone.
“‘Le esia ta la, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yeroboam ƒe aƒe dzi eye matsrɔ̃ ŋutsuwo katã kple eƒe alimeviwo le Israel. Matɔ dzo Yeroboam ƒe aƒe abe ale si wotɔa dzo lãwo ƒe afɔdzi tso lãkpowo me ene.
11 The dogs will eat he who belongs to Jeroboam who dies in the city; and the birds of the sky will eat he who dies in the field, for the LORD has spoken it.”’
Meka atam be avuwo aɖu wò ƒometɔ siwo aku le dua me eye xewo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.’”
12 Arise therefore, and go to your house. When your feet enter into the city, the child will die.
Ahiya gagblɔ na Yeroboam srɔ̃ be, “Yi aƒe. Ne èɖo dua me teti ko la, ɖevi la aku.
13 All Israel will mourn for him and bury him; for he only of Jeroboam will come to the grave, because in him there is found some good thing toward the LORD, the God of Israel, in the house of Jeroboam.
Israel blibo la afae eye woaɖii, gake eya koe nye miaƒe ƒometɔ si aku le ŋutifafa me,
14 Moreover the LORD will raise up a king for himself over Israel who will cut off the house of Jeroboam. This is the day! What? Even now.
Yehowa ŋutɔ aɖo fia aɖe na eɖokui ɖe Israel dzi. Fia sia aɖe Yeroboam ƒe ƒome blibo la ɖa. Egbee nye ŋkeke la! Nu ka? Ɛ̃, fifi laa gɔ̃ hã.
15 For the LORD will strike Israel, as a reed is shaken in the water; and he will root up Israel out of this good land which he gave to their fathers, and will scatter them beyond the River, because they have made their Asherah poles, provoking the LORD to anger.
Ekema Yehowa aʋuʋu Israel abe ale si tɔsisi nyamaa aƒla si ge ɖe eme la ene, aho Israel le wo fofowo ƒe anyigba nyui sia dzi eye wòakaka wo ɖe Frat tɔsisi la godo, esi wodo dɔmedzoe na Yehowa to aƒeliwo subɔsubɔ me la ta.
16 He will give Israel up because of the sins of Jeroboam, which he has sinned, and with which he has made Israel to sin.”
Yehowa agblẽe ɖi le nu vɔ̃ si Yeroboam wɔ eye wòkplɔ Israel blibo la hã de nu vɔ̃ me la ta.”
17 Jeroboam’s wife arose and departed, and came to Tirzah. As she came to the threshold of the house, the child died.
Yeroboam srɔ̃ trɔ yi Tirza. Esi wòɖo eƒe aƒe me ƒe agbo nu ko la, ɖevi la ku.
18 All Israel buried him and mourned for him, according to the LORD’s word, which he spoke by his servant Ahijah the prophet.
Wofa ɖevi kuku la le anyigba blibo la dzi abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi to eƒe nyagblɔɖila Ahiya dzi la ene.
19 The rest of the acts of Jeroboam, how he fought and how he reigned, behold, they are written in the book of the chronicles of the kings of Israel.
Woŋlɔ Yeroboam ƒe nuwɔna bubuawo, eƒe aʋawɔwɔwo kple nya bubu siwo dzɔ le eƒe fiaɖuɖu me la ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
20 The days which Jeroboam reigned were twenty two years; then he slept with his fathers, and Nadab his son reigned in his place.
Yeroboam ɖu fia ƒe blaeve. Esi wòku la, via Nadab ɖu fia ɖe eteƒe.
21 Rehoboam the son of Solomon reigned in Judah. Rehoboam was forty-one years old when he began to reign, and he reigned seventeen years in Jerusalem, the city which the LORD had chosen out of all the tribes of Israel, to put his name there. His mother’s name was Naamah the Ammonitess.
Le ɣeyiɣi sia me la, Rehoboam, Solomo ƒe vi nye fia le Yuda. Exɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Yehowa tia le Israel duwo katã dome be yeanɔ eme la me. Rehoboam dadae nye Naama, Amoni nyɔnu aɖe.
22 Judah did that which was evil in the LORD’s sight, and they provoked him to jealousy with their sins which they committed, above all that their fathers had done.
Le Rehoboam ƒe fiaɖuɣi la, Yudatɔwo wɔ nu vɔ̃ abe Israelviwo ke ene eye wotsɔ woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ do dɔmedzoe na Yehowa elabena woawo ƒe nu vɔ̃wo wu wo fofowo tɔ gɔ̃ hã.
23 For they also built for themselves high places, sacred pillars, and Asherah poles on every high hill and under every green tree.
Wotu nuxeƒewo, li aƒeliwo kple legbawo ɖe to kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te.
24 There were also sodomites in the land. They did according to all the abominations of the nations which the LORD drove out before the children of Israel.
Ŋutsu nuxeƒegbolowo hã xɔ anyigba blibo la dzi. Ame siwo nɔ Yuda la wɔ busunuwo abe trɔ̃subɔdukɔ siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be yeƒe amewo nakpɔ teƒe anɔ la ene.
25 In the fifth year of King Rehoboam, Shishak king of Egypt came up against Jerusalem;
Le Fia Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me la, Egipte fia Sisak ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu eye wòɖu edzi.
26 and he took away the treasures of the LORD’s house and the treasures of the king’s house. He even took away all of it, including all the gold shields which Solomon had made.
Elɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe.
27 King Rehoboam made shields of bronze in their place, and committed them to the hands of the captains of the guard, who kept the door of the king’s house.
Ke Fia Rehoboam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe eye wòtsɔ wo de asi na eŋudzɔlawo ƒe amegã.
28 It was so, that as often as the king went into the LORD’s house, the guard bore them, and brought them back into the guard room.
Ɣe sia ɣi si Fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me.
29 Now the rest of the acts of Rehoboam, and all that he did, are not they written in the book of the chronicles of the kings of Judah?
Woŋlɔ nyadzɔdzɔ bubuwo tso Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ŋuti ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
30 There was war between Rehoboam and Jeroboam continually.
Aʋa dzɔna ɖe Rehoboam kple Yeroboam dome enuenu.
31 Rehoboam slept with his fathers, and was buried with his fathers in David’s city. His mother’s name was Naamah the Ammonitess. Abijam his son reigned in his place.
Esime Rehoboam, ame si dadae nye Naama, Amoni nyɔnu la ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me eye via Abiyam ɖu fia ɖe eteƒe.

< 1 Kings 14 >