< Salme 99 >

1 HERREN har vist, han er Konge, Folkene bæver, han troner på Keruber, Jorden skælver!
Yehowa le fia ɖum, dukɔwo nedzo nyanyanya, enɔ eƒe fiazikpui dzi gli le kerubiwo dome, anyigba neʋuʋu.
2 Stor er HERREN på Zion, ophøjet over alle Folkeslag;
Yehowa nye gã le Zion, ekɔ gbɔ dukɔwo katã ta.
3 de priser dit Navn, det store og frygtelige; hellig er han!
Wonekafu wò ŋkɔ gã, dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe.
4 Du er en Konge, der elsker Retfærd, Retten har du grundfæstet, i Jakob, øved du Ret og Retfærd.
Fia la nye ŋusẽtɔ, elɔ̃a afia nyui tsotso, wò la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi, eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me.
5 Ophøj HERREN vor Gud, bøj eder for hans Fødders Skammel; hellig er han!
Mido Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu, elabena eya amea le kɔkɔe.
6 Moses og Aron er blandt hans Præster og Samuel blandt dem, der påkalder hans Navn; de råber til HERREN, han svarer;
Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome; Samuel le ame siwo yɔ eƒe ŋkɔ la dome; woyɔ Yehowa ŋkɔ, eye wòtɔ na wo.
7 i Skystøtten taler han til dem, de holder hans Vidnesbyrd, Loven, han gav dem;
Eƒo nu na wo tso lilikpo dodo me, eye wolé se kple ɖoɖo siwo wòtsɔ na wo la me ɖe asi.
8 HERRE vor Gud, du svarer dem. Du var dem en Gud, som tilgav og frikendte dem, for hvad de gjorde.
O! Yehowa, míaƒe Mawu, wòe tɔ na wo; togbɔ be èhe to na wo le woƒe nu tovowo ta hã la, ènye tsɔtsɔke ƒe Mawu na Israel.
9 Ophøj HERREN vor Gud, bøj eder for hans hellige Bjerg, thi hellig er HERREN vor Gud!
Mido Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe dzi, eye misubɔe le eƒe to kɔkɔe la dzi, elabena Yehowa, míaƒe Mawu la le kɔkɔe.

< Salme 99 >