< Salme 79 >

1 (En Salme af Asaf.) Hedninger er trængt ind i din arvelod, Gud de har besmittet dit hellige Tempel og gjort Jerusalem til en Stenhob;
Asaf ƒe ha. O! Mawu, dukɔwo nye zi ɖe wò domenyinu la dzi, wodo gu wò gbedoxɔ kɔkɔe la, eye wogbã Yerusalem wòzu anyiglagoe.
2 de har givet Himlens Fugle dine Tjeneres Lig til Æde, Jordens vilde Dyr dine frommes Kød;
Wotsɔ wò dɔlawo ƒe kukuawo na dziƒoxewo abe nuɖuɖu ene, eye wotsɔ wò ame kɔkɔeawo ƒe ŋutilã na anyigbadzilã wɔadãwo.
3 deres Blod har de udøst som Vand omkring Jerusalem, ingen jorder dem;
Wokɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene ƒo xlã Yerusalem, eye ame aɖeke meli aɖi ame kukuawo o.
4 vore Naboer er vi til Hån, vore Grander til Spot og Spe.
Míezu fewuɖunu na míaƒe aƒelikawo, eye míezu alɔmeɖenu kple vlodonu na ame siwo ƒo xlã mí.
5 Hvor længe vredes du, HERRE - for evigt? hvor længe skal din Nidkærhed lue som Ild?
O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàdo dɔmedzoe tegbeea? Va se ɖe ɣe ka ɣi wò ŋuʋaʋã abi abe dzo ene?
6 Udøs din Vrede på Folk, der ikke kender dig, på Riger, som ikke påkalder dit Navn;
Trɔ wò dziku helĩhelĩ la kɔ ɖe dukɔ siwo menya wò o la dzi kple fiaɖuƒe siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi.
7 thi de har opædt Jakob og lagt hans Bolig øde.
Elabena wovuvu Yakob, eye wogbã eƒe denyigba.
8 Tilregn os ikke Fædrenes Brøde, lad din Barmhjertighed komme os snarlig i Møde, thi vi er såre ringe,
Mègawɔ na mí ɖe mía fofowo ƒe nu vɔ̃ nu o; na wò nublanuikpɔkpɔ nava do go mí kaba, elabena míeɖo xaxa gã aɖe me.
9 Hjælp os, vor Frelses Gud, for dit Navns Æres Skyld, fri os, forlad vore Synder for dit Navns Skyld!
O! Mawu, mía Ɖela, kpe ɖe mía ŋu le wò ŋkɔ ƒe bubu ta. Ɖe mí, eye nàtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí le wò ŋkɔ la ta.
10 Hvorfor skal Hedninger sige: "Hvor er deres Gud?" Lad dine Tjeneres udgydt Blod blive hævnet på Hedningerne for vore Øjne!
Nu ka ŋuti dukɔwo agblɔ be, “Afi ka woƒe Mawu la le?” Le míawo ŋutɔ ƒe ŋkume, na dukɔwo nanya be, èbia hlɔ̃ na wò dɔla siwo ƒe ʋu wokɔ ɖi.
11 Lad de fangnes Suk nå hen for dit Åsyn, udløs Dødens Børn efter din Arms Vælde,
Aʋaléleawo ƒe ŋeŋe neɖo gbɔwò, tsɔ wò asi ƒe ŋusẽ ɖe ame siwo wotso kufia na.
12 lad syvfold Gengæld ramme vore Naboer for Hånen, de viser dig, Herre!
O! Aƒetɔ, ɖo vlo, si míaƒe aƒelikawo do wò la teƒe na wo zi adre.
13 Men vi dit Folk og den Hjord, du røgter, vi vil evindelig takke dig, forkynde din Pris fra Slægt til Slægt!
Ekema mí wò dukɔ, wò lãnyiƒe ƒe alẽwo akafu wò tegbee, eye tso dzidzime yi dzidzime míaɖe wò kafukafu afia.

< Salme 79 >