< Salme 76 >

1 (Til Sangmesteren. Med Strengespil. En Salme af Asaf. En Sang.) Gud er kendt i Juda, hans navn er stort i Israel,
Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. Wonya Mawu le Yuda, eye eƒe ŋkɔ lolo le Israel.
2 i Salem er hans Hytte, hans Bolig er på Zion.
Eƒe agbadɔ le Salem, eye eƒe nɔƒe le Zion.
3 Der brød han Buens Lyn, skjold og Sværd og Krigsværn. (Sela)
Afi ma wòŋe aŋutrɔ bibiwo, akpoxɔnuwo kple yiwo le, nu siwo nye aʋawɔnuwo. (Sela)
4 Frygtelig var du, herlig på de evige Bjerge.
Keklẽ geɖe ƒo xlã wò, eye nènya kpɔ sãsãsã wu to siwo me adelã le fũu la.
5 De tapre gjordes til Bytte, i Dvale sank de, og kraften svigted alle de stærke Kæmper.
Woha kalẽtɔwo, wodɔ woƒe alɔ̃ mamlɛtɔ; aʋawɔla siawo dometɔ ɖeka pɛ hã magate ŋu akɔ eƒe asiwo dzi o.
6 Jakobs Gud, da du truede, faldt Vogn og Hest i den dybe Søvn.
O! Yakob ƒe Mawu, esi nèblu ko la, sɔ kple tasiaɖam siaa tɔ ɖe teƒe ɖeka.
7 Frygtelig er du! Hvo holder Stand mod dig i din Vredes Vælde?
Wò ko wòle be woavɔ̃. Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe nuwò ne èdo dɔmedzoe?
8 Fra Himlen fældte du Dom. Jorden grued og tav,
Èɖe gbeƒã wò afiatsotso tso dziƒo, anyigba vɔ̃, eye wòzi ɖoɖoe.
9 da Gud stod op til Dom for at frelse hver ydmyg på Jord. (Sela)
O! Mawu, esi nètso be yeatso afia, aɖe anyigba la ƒe hiãtɔwo la, nu sia nu zi ɖoɖoe. (Sela)
10 Thi Folkestammer skal takke dig, de sidste af Stammerne fejre dig.
Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.
11 Aflæg Løfter og indfri dem for HERREN eders Gud, alle omkring ham skal bringe den Frygtindgydende Gaver.
Miɖe adzɔgbe na Yehowa, miaƒe Mawu la, eye mixe adzɔgbeɖefeawo; anyigba siwo katã ƒo xlã mi la netsɔ nunanawo vɛ na Ame si wòle be woavɔ̃ la.
12 Han kuer Fyrsternes Mod, indgyder Jordens Konger Frygt.
Etsi dziɖulawo ƒe gbɔgbɔ nu; anyigbadzifiawo katã vɔ̃nɛ.

< Salme 76 >