< Salme 65 >

1 (Til sangmesteren. En salme af David. En sang.) Lovsang tilkommer dig på Zion, o Gud, dig indfrier man Løfter, du, som hører Bønner;
David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Mawu, kafukafu le lalawòm le Zion; wòe míaxe míaƒe adzɔgbeɖefewo na.
2 alt Kød kommer til dig, når Brøden tynger.
O! Wò ame si sea gbedodoɖa, gbɔwòe amewo katã ava.
3 Vore Overtrædelser blev os for svare, du tilgiver dem.
Esi nu vɔ̃ do agba ɖe mía dzi la, ètsɔ míaƒe dzidadawo ke mí.
4 Salig den, du udvælger, lader bo i dine Forgårde! Vi mættes af dit Huses Rigdom, dit Tempels Hellighed.
Woayra ame siwo nètia, eye nèkplɔ wo vɛ be woanɔ wò xɔxɔnuwo! Ètsɔ wò aƒe me, wò gbedoxɔ kɔkɔe la me nu nyuiwo ɖi ƒoe na mí.
5 Du svarer os underfuldt i Retfærd, vor Frelses Gud, du Tilflugt for den vide Jord, for fjerne Strande,
Èna ŋuɖoɖo mí to dzɔdzɔenyenye ƒe ŋɔdzidɔwo me, O, Mawu míaƒe xɔnametɔ, anyigba ƒe mlɔenu ke, kple atsiaƒu siwo le didiƒe ke la katã ƒe mɔkpɔkpɔ.
6 du, som grundfæster Bjerge med Vælde, omgjorde med Kraft,
Wò ame si na towo va dzɔ to wò ŋusẽ me, eye nètsɔ ŋusẽ bla ali dzii,
7 du, som dæmper Havenes Brusen, deres Bølgers Brusen og Folkefærds Larm,
wò ame si tsi atsiaƒu ƒe hoowɔwɔ kple ƒutsotsoe dzeagbowo kpakple dukɔwo ƒe ʋunyaʋunyawo nu.
8 så Folk ved Verdens Ende gruer for dine Tegn; hvor Morgen og Aften oprinder, bringer du Jubel.
Ame siwo le didiƒe la vɔ̃ wò nukunuwo; èna dzidzɔhawo ɖi tso afi si ɣe dzena tsona kple afi si wòɖoa to ɖo.
9 Du så til Landet, vanded det, gjorde det såre rigt, Guds Bæk er fuld af Vand, du bereder dets Korn,
Èlé be na anyigba, de aɖui wòsui nyuie, eye nède tsii fũu. Tsi yɔ Mawu ƒe tɔʋuwo banaa, ne wòana bli eƒe dukɔ, elabena nenema nèɖoe.
10 du vander dets Furer, jævner knoldene, bløder det med Regn, velsigner dets Sæd.
Ède tsi eƒe boliƒowo, eye nègbã kpoteƒewo wozu sɔsɔe. Ètsɔ agbafie bɔbɔ anyigba lae, eye nèyra eƒe nukuwo.
11 Med din Herlighed kroner du Året, dine Vognspor flyder af Fedme;
Ètsɔ wò kesinɔnu gbogboawo ɖo atsyɔ̃e na ƒe la, eye wò agblekekewo yɔ gbagba.
12 de øde Græsgange flyder, med Jubel omgjordes Højene;
Lãnyiƒe siwo le gbegbe la yɔ gbagba, eye wotsɔ aseyetsotso ta na togbɛwo.
13 Engene klædes med Får, Dalene hylles i Korn, i Jubel bryder de ud og synger!
Gbe damawo dzi yɔ fũu kple lãhawo, eye balimewo ƒe afi sia afi yɔ kple bli; wo katã do dzidzɔɣli, eye wodzi ha.

< Salme 65 >