< Salme 62 >

1 (Til sangmesteren. Til Jedutun. En salme af David.) Min Sjæl er Stille for Gud alene, min Frelse kommer fra ham;
David ƒe ha na Hɛnɔ Yedutun. Mawu me ko nye luʋɔ kpɔ gbɔɖeme le, eye eya ko gbɔ nye xɔxɔ tsona.
2 ja, han er min Klippe, min Frelse, mit Værn, jeg skal ikke rokkes meget.
Eya koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋã akpɔ gbeɖe o.
3 Hvor længe stormer I løs på en Mand, - alle slår I ham ned - som på en hældende Væg, en faldende Mur?
Va se ɖe ɣe ka ɣi nànɔ ame ɖeka ƒoƒo dzi? Ɖe mi katã mialé ame si le abe gli gbagbã kple kpɔ si le mumum ene la aƒu anyia?
4 Ja, de oplægger Råd om at styrte ham fra hans Højhed. De elsker Løgn, velsigner med Munden, men forbander i deres Indre. (Sela)
Woɖoe vavã be yewoatutui tso eƒe nɔƒe kɔkɔ la, elabena wolɔ̃a alakpadada. Wotsɔa woƒe nuwo gblɔa yayranyawoe, ke fiƒode le woƒe dzi me. (Sela)
5 Vær stille hos Gud alene, min Sjæl, thi fra ham kommer mit Håb;
O! Nye luʋɔ, gbɔ ɖe eme le Mawu ɖeka ko me, elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso.
6 ja, han er min Klippe, min Frelse, mit Værn, jeg skal ikke rokkes.
Eya hɔ̃ɔ koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋuʋu o.
7 Hos Gud er min Hjælp og min Ære, min stærke Klippe, min Tilflugt har jeg i Gud;
Nye xɔxɔ kple bubu ku ɖe Mawu ŋu, eyae nye nye agakpe sesẽ kple nye sitsoƒe.
8 stol på ham, al Folkets Forsamling, udøs for ham eders Hjerte, Gud er vor Tilflugt. (Sela)
O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi; mitsɔ miaƒe hiahiãwo kɔ ɖe edzi, elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe. (Sela)
9 Kun Tomhed er Mennesker, Mænd en Løgn, på Vægtskålen vipper de op, de er Tomhed til Hobe.
Vavã, ƒuƒu ko ame gbɔlowo nye, eye alakpa nye ame siwo nye ame ŋkutawo, elabena ne woda wo le nudanu dzi la, tofloko ko wonye, eye wo katã ƒuƒu ko wonye.
10 Forlad eder ikke på vold, lad jer ikke blænde af Ran; om Rigdommen vokser, agt ikke derpå!
Migaɖo ŋu ɖe amebaba ŋu, alo akpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo wofi la ŋuti o. Togbɔ be wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi hã la, mègatsɔ wò dzi da ɖe wo dzi o.
11 Een Gang talede Gud, to Gange hørte jeg det: at Magten er Guds,
Mawu gblɔ nya ɖeka, eye mese nu eve le eme be, “Wò, O Mawu, ɖeka koe sesẽ,
12 Og Miskundhed er hos dig, o Herre. Thi enhver gengælder du efter hans Gerning.
eye O Aƒetɔ, wò la lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò. Vavã, àɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu.”

< Salme 62 >