< Salme 21 >

1 (Til sangmesteren. En salme af David.) HERRE, Kongen er glad ved din Vælde, hvor frydes han højlig over din Frelse!
David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, fia la le dzidzɔ kpɔm le wò ŋusẽ me. Ale gbegbe wòle aseye tsom le dziɖuɖu gã siwo nènae la ta!
2 Hvad hans Hjerte ønskede, gav du ham, du afslog ikke hans Læbers Bøn. (Sela)
Ètsɔ nu si eƒe dzi di la nɛ, eye nèwɔ nu siwo wòtsɔ eƒe nu bia la dzi nɛ. (Sela)
3 Du kom ham i Møde med rig Velsignelse, satte en Krone af Guld på hans Hoved.
Ètsɔ yayra xɔasi geɖewo do dza nɛ, eye nètsɔ fiakuku si wowɔ kple sika nyuitɔ la ɖɔ nɛ.
4 Han bad dig om Liv, og du gav ham det, en Række af Dage uden Ende.
Ebia agbe wò, eye nènae hedidi eƒe ŋkekewo tso mavɔ me yi mavɔ me.
5 Stor er hans Glans ved din Frelse, Højhed og Hæder lægger du på ham.
Eƒe ŋkɔxɔxɔ de du to dziɖuɖu siwo nènae la me. Ètsɔ atsyɔ̃ kple bubu kɔ ɖe eya amea dzi.
6 Ja, evig Velsignelse gav du ham, med Fryd for dit Åsyn glæded du ham.
Vavã ènae yayra si nu meyina o, eye nèna dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotsoe le ŋkuwò me.
7 Thi Kongen stoler på HERREN, ved den Højestes Nåde rokkes han ikke.
Elabena fia la ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye le Dziƒoʋĩtɔ la ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o ta la, mavɔ̃ akpɔ gbeɖe o.
8 Til alle dine Fjender når din Hånd, din højre når dine Avindsmænd.
Wò asi alé wò futɔwo katã, eye wò nuɖusi atu wò ketɔwo.
9 Du gør dem til et luende Bål, når du viser dig; HERREN sluger dem i sin Vrede. Ild fortærer dem.
Ne wò vavaɣi ɖo la, àwɔ wo abe kpodzo bibi ene. Yehowa ami wo le eƒe dɔmedzoe me, eye eƒe dzo afia wo katã.
10 Du rydder bort deres Frugt af Jorden, deres Sæd blandt Menneskens Børn.
Àtsrɔ̃ woƒe dzidzimeviwo ɖa le anyigba dzi, eye àtsrɔ̃ woƒe nunɔamesiwo ɖa le amegbetɔwo dome.
11 Thi de søger at volde dig ondt, spinder Rænker, men evner intet;
Togbɔ be wole vɔ̃ ɖom ɖe ŋuwò, eye wowɔ ɖoɖowo be woasẽ ŋuta le ŋuwò hã la, madze edzi na wo o,
12 thi du slår dem på Flugt, med din Bue sigter du mod deres Ansigt.
elabena ne èdidi wò aŋutrɔ ɖe wo dzi la, woatrɔ ʋu me ade wò adzo.
13 HERRE, stå op i din Vælde, med Sang og med Spil vil vi prise dit Storværk!
Ède ŋgɔ, O! Yehowa, le wò ŋusẽ me; eya ta míadzi ha, eye míakafu wò ŋusẽ.

< Salme 21 >