< Salme 1 >

1 Salig den Mand, som ikke går efter gudløses Råd, står på Synderes Vej eller sidder i Spotteres Lag,
Woayra ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu alo nɔa tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi loo alo nɔa anyi ɖe fewuɖulawo dome o,
2 men har Lyst til HERRENs Lov, og som grunder på hans Lov både Dag og Nat.
ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eŋu zã kple keli.
3 Han er som et Træ, der, plantet ved Bække, bærer sin Frugt til rette Tid, og Bladene visner ikke: Alt, hvad han gør, får han Lykke til.
Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to, esi tsea ku le etseɣi, melũa xe o, eye nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie.
4 De gudløse derimod er som Avner, Vinden bortvejrer.
Mele alea na ame vɔ̃ɖi ya o! Wole abe blitsro si ya ƒona dzonae la ene.
5 Derfor består de gudløse ikke i Dommen og Syndere ej i retfærdiges Menighed.
Eya ta ame vɔ̃ɖi manɔ te le ʋɔnudrɔ̃gbe, alo nu vɔ̃ wɔlawo nanɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o.
6 Thi HERREN kender retfærdiges Vej, men gudløses Vej brydes af.
Elabena Yehowa kpɔa ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ ta, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ atsrɔ̃ gbidii.

< Salme 1 >