< Nehemias 11 >

1 Og Folkets Øverster bosatte sig i Jerusalem, medens det øvrige Folk kastede Lod således, at hver tiende Mand skulde bosætte sig i Jerusalem, den hellige By, medens de ni Tiendedele skulde bo i Byerne.
Le ɣeyiɣi sia me la, Israel dukɔa kplɔlawo nɔ Yerusalem, Du Kɔkɔe la me. Ke azɔ la, woda akɔ be woatia ame siwo le du bubuawo me le Yuda kple Benyamin la ƒe ewolia be woawo hã nava nɔ Yerusalem.
2 Og Folket velsignede alle de Mænd, som frivilligt bosatte sig i Jerusalem.
Ame aɖewo ʋu va Yerusalem le wo ɖokui si, eye wode bubu gã aɖe wo ŋu.
3 Følgende er de Overhoveder i vor Landsdel, som boede i Jerusalem og i Judas Byer; de boede hver på sin Ejendom i deres Byer, Israel, Præsterne, Leviterne, Tempeltrællene og Efterkommerne af Salomos Trælle.
Kplɔla aɖewo tso du bubuwo me va Yerusalem, ke Israelvi aɖewo, nunɔlawo, Levitɔwo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe dɔwɔlawo ƒe dzidzimeviwo dometɔ geɖewo ganɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me le du vovovowo me le Yuda,
4 I Jerusalem boede af Judæere og Benjaminiter: Af Judæerne: Ataja, en Søn af Uzzija, en Søn af Zekarja, en Søn af Amarja, en Søn af Sjefatja, en Søn af Mahalal'el af Perez's Efterkommere,
le esime ame aɖewo tso Yuda kple Benyamin nɔ Yerusalem. Yuda ƒe dzidzimeviwo ƒe kplɔlawoe nye: Ataya, Uzia ƒe vi. Uzia fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Amaria, ame si fofoe nye Sefatia, ame si fofoe nye Mahalalel, ame si nye Perez ƒe dzidzimevi;
5 og Ma'aseja, en Søn af Baruk, en Søn af Kol-Hoze, en Søn af Hazaja, en Søn af Adaja, en Søn af Jojarib, en Søn af Sjelaniten Zekarja.
Maaseya, Baruk ƒe vi, Baruk fofoe nye Kol Hoze, ame si fofoe nye Hazaya, ame si fofoe nye Adaya, ame si fofoe nye Yoyarib, ame si fofoe nye Zekaria, Silonitɔ la ƒe vi.
6 Alle Perez's Efterkommere, der boede i Jerusalem, udgjorde 468 dygtige Mænd.
Ame siawo nye Perez ƒe dzidzimevi dzɔatsu alafa ene kple blaade-vɔ-enyi siwo nɔ Yerusalem.
7 Følgende Benjaminiter: Sallu, en Søn af Mesjullam, en Søn af Joed, en Søn af Pedaja, en Søn af Kolaja, en Søn af Ma'aseja, en Søn af Itiel, en Søn af Jesja'ja,
Benyamin ƒe to la ƒe kplɔlawoe nye: Salu, Mesulam ƒe vi. Mesulam fofoe nye Yoed, ame si fofoe nye Pedaya, Kolaya ƒe vi, ame si fofoe nye Maaseya, ame si fofoe nye Itiel, Yesaya ƒe vi.
8 og hans Brødre, dygtige Krigere. 928.
Gabai kple Salai ƒe dzidzimevi nye alafa asieke kple blaeve-vɔ-enyi.
9 Joel, Zikris Søn, var deres Befalingsmand, og Juda, Hassenuas Søn, var den næstøverste Befalingsmand i Byen.
Woƒe fiae nye Yoel, Zikri ƒe vi, ame si ƒe kpeɖeŋutɔe nye Yuda, Hasenua ƒe vi. Hasenua nye kplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ.
10 Af Præsterne: Jedaja, Jojarib Jakin,
Kplɔla siwo tso nunɔlawo dome: Yedaia, Yoyarib ƒe vi, Yakin,
11 Seraja, en Søn af Hilkija, en Søn af Mesjullam, en Søn af Zadok, en Søn af Merajot, en Søn af Ahitub, Øversten over Guds Hus,
Seraya, Hilkia ƒe vi. Hilkia fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub, nunɔlagã.
12 og deres Brødre, der udførte Tjenesten i Templet, 822; og Adaja, en Søn af Jeroham, en Søn af Pelalja, en Søn af Amzi, en Søn af Zekarja, en Søn af Pasjhur, en Søn af Malkija,
Nunɔla alafa enyi kple blaeve-vɔ-eve nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me le ame siawo ƒe dzikpɔkpɔ te. Adaya, Yeroham vi, ame si nye Pelalya vi, ame si nye Amzi vi, ame si nye Zaharia vi, ame si nye Pasur vi, ame si nye Malkiya vi.
13 og hans Brødre, Overhovederne for Fædrenehusene, 242; og Amasjsaj, en Søn af Azar'el, en Søn af Azaj, en Søn af Mesjillemot, en Søn af Immer,
Malkiya ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa eve kple blaene-vɔ-eve; Amasai, Azarel ƒe vi, Ahzai ƒe vi, Mesilemɔt ƒe vi, Imer ƒe vi
14 og hans Brødre, dygtige Mænd 128. Deres Befalingsmand var Zabdiel, Gedolims Søn.
si ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi. Woƒe amegãe nye Zabdiel, Hagedolim ƒe vi.
15 Af Leviterne: Sjemaja, en Søn af Hassjub, en Søn af Azrikam, en Søn af Hasjabja, en Søn af Bunni,
Levitɔwo ƒe kplɔlawoe nye: Semaya, Hashub ƒe vi. Hashub fofoe nye Azrikam, ame si fofoe nye Hasabia, Buni ƒe vi;
16 og Sjabbetaj og Iozabad, som forestod de ydre Arbejder ved Guds Hus og hørte til Leviternes Overhoveder,
Sabetai kple Yozabad, ame siwo kpɔa dɔwɔlawo le gbedoxɔa godo dzi;
17 og Mattanja, en Søn af Mika, en Søn af Zabdi, en Søn af Asaf, Lederen af Lovsangen, der ved Bønnen istemte Ordene lov HERREN! og Bakbukja, den næstøverste af hans Brødre, og Abda, en Søn af Sjammua, en Søn af Galal, en Søn af Jedutun.
Matania, Mika ƒe vi. Mika fofoe nye Zabdi, Asaf ƒe vi. Mataniae nye ame si dzea akpedasɔlemewo gɔme kple gbedodoɖa. Bakbukia kple Abda, Sanua ƒe vi nye eƒe kpeɖeŋutɔwo. Samua fofoe nye Galal, Yedutun ƒe vi.
18 Alle Leviterne i den hellige By udgjorde 284.
Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la nɔ ame alafa eve kple blaenyi-vɔ-ene.
19 Af Dørvogterne: Akkub, Talmon og deres Brødre, der holdt Vagt ved Portene, 172.
Agbonudzɔlawo: Akub, Talmon kple woƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo dzɔa agboawo nu le ŋutsu alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve.
20 Resten af Israeliterne, Præsterne og Leviterne boede i alle de andre Byer i Juda, hver på sin Ejendom.
Israelvi mamlɛawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kaka ɖe Yuda duwo me, ame sia ame nɔ eƒe ƒomenyigba dzi.
21 Tempeltrællene boede på Ofel; Ziha og Gisjpa var sat over Tempeltrællene.
Ke gbedoxɔmedɔwɔlawo katã, ame siwo ƒe kplɔlawoe nye Ziha kple Gispa la nɔ Ofel.
22 Leviternes foresatte i Jerusalem ved Tjenesten i Guds Hus var Uzzi, en Søn af Bani, en Søn af Hasjabja, en Søn af Mattanja, en Søn af Mika af Asafs Efterkommere, det er Sangerne.
Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la ƒe amegãe nye Uzi, Bani ƒe vi, Hasabia ƒe vi, Matania ƒe vi, Mika ƒe vi. Uzi nye Asaf ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka. Dzidzimevi siawoe nye hadzilawo na subɔsubɔ le gbedoxɔ me.
23 Der var nemlig udstedt en kongelig Befaling om dem, og der var tilsikret Sangerne dagligt Underhold.
Hadzila siawo nɔ fia la ƒe kpɔkplɔ te, ame si wɔa ɖoɖo ɖe woƒe gbe sia gbe ƒe wɔnawo ŋu.
24 Petaja, Mesjezab'els Søn, af Judas Søn Zeras Efterkommere, forhandlede med Kongen i alle Folkets Sager.
Petahia, Mesezabel ƒe vi, ame si dzɔ tso Zera, Yuda ƒe vi me la naa kpekpeɖeŋu le dua dzi ɖuɖu ƒe nyawo katã me.
25 Hvad de åbne Byer med deres Marker angår, boede der Judæere i Kirjat-Arba med Småbyer, Dibon med Småbyer, Jekabze'el med Småbyer,
Yuda ƒe vi siwo nɔ kɔƒewo me le agblewo me la nɔ Kiriat Arba, Dibon kple Yekabzeel kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la.
26 Jesua, Molada, Bet-Pelet,
Yesua, Molada, Bet Pelet,
27 Hazar-Sjual, Be'ersjeba med Småbyer,
Hazar Sual, Beerseba kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo,
28 Ziklag, Mekona med Småbyer,
Ziklag; Mekona kple woƒe kɔƒewo,
29 En-Rimmon, Zor'a, Jarmut,
Enrimɔn, Zora, Yarmut,
30 Zanoa, Adullam med Landsbyer, Lakisj med Marker og Azeka med Småbyer. De bosatte sig fra Be'ersjeba til Hinnoms Dal.
Zanoa, Adulam kple woƒe kɔƒewo, Lakis kple eƒe agblewo kpakple Azeka kple eƒe duwo. Ale ameawo ƒe nɔƒe tso Beerseba va yi Hinom balime la to.
31 Benjaminiterne boede i Geba, Mikmas, Ajja, Betel med Småbyer,
Benyamin ƒe dzidzimeviwo tso Geba nɔ Mikmas, Aya, Betel kple eƒe kɔƒewo,
32 Anatot, Nob, Ananja,
Anatɔt, Nɔb, Anania,
33 Hazor, Rama, Gittajim,
Hazor, Rama, Gitaim,
34 Hadid, Zebo'im, Neballat,
Hadid, Zeboim, Nebalat,
35 Lod, Ono og Håndværkerdalen.
Lod, Ono kple Aɖaŋudɔwɔlawo ƒe Balime.
36 Af Leviterne boede nogle Afdelinger i Juda og Benjamin.
Woɖo Levitɔ aɖewo, ame siwo nɔ Yuda la ɖa be woanɔ Benyamin ƒe viwo gbɔ.

< Nehemias 11 >