< Dommer 12 >

1 Derpå stævnedes Efraimierne sammen, og de drog nordpå; og de sagde til Jefta: "Hvorfor drog du i Kamp mod Ammoniterne uden at opfordre os til at gå med? Nu brænder vi Huset af over Hovedet på dig!"
Efraim ƒe viwo ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe Zafɔn eye woɖo du ɖe Yefta be, “Nu ka ta mèyɔ mí be míakpe ɖe ŋuwò esi nèwɔ aʋa kple Amonitɔwo o? Míele dzo tɔ ge wò aƒe ɖe dziwò!”
2 Men Jeffa svarede dem: "Jeg og mit Folk var i Krig, og Ammoniterne trængte os hårdt; da sendte jeg Bud efter eder, men I hjalp mig ikke imod dem;
Yefta ɖo eŋu be, “Meyɔ mi gake miegbe vava, esi míeɖo xaxa me la, miegbe miekpe ɖe mía ŋu o.
3 og da jeg så, at ingen kom mig til Hjælp, vovede jeg Livet og drog mod Ammoniterne, og HERREN gav dem i min Hånd. Hvorfor drager I da nu i Kamp imod mig?"
Metsɔ nye agbe ke; míawo ɖeɖe míewɔ aʋa la eye Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeɖu futɔ la dzi. Ɖe wòhiã be miawɔ aʋa kpli mí le nu sia ta?”
4 Derpå samlede Jefta alle Gileads Mænd og angreb Efraimiterne; og Gileads Mænd slog Efraimiterne.
Yefta yɔ Gilead ŋutsuwo ƒo ƒu eye woyi ɖawɔ aʋa kple Efraimtɔwo. Gileadtɔwo wu wo elabena Efraimtɔwo gblɔ be, “Mi Gileadtɔwo la, mienye ame dzeaglãwo le Efraim kple Manase me.”
5 Og Gileaditerne afskar Efraimiterne fra Jordans Vadesteder. Hver Gang så en af de efraimitiske Flygtninge sagde: "Lad mig komme over!" spurgte Gileads Mænd: "Er du Efraimit?" Og når han svarede: "Nej!"
Gileadtɔwo xɔ Yɔdan tɔtsoƒe siwo ge ɖe Efraimnyigba dzi eye ne ame siwo tsi agbe le Efraimtɔwo dome gblɔ be, “Na matso tɔ la” la, ekema Gilead ŋutsuwo abiae be, “Efraimtɔe nènyea?” Ne eɖo eŋu be, “Ao” la,
6 sagde de til ham: "Sig Sjibbolet!" Og når han da sagde Sibbolet, fordi han ikke kunde udtale Ordet rigtigt, greb de ham og huggede ham ned ved Jordans Vadesteder. Ved den Lejlighed faldt 42000 Efraimiter.
wogblɔna nɛ be, “Enyo, gblɔ be, ‘Tsibolet.’” Ekema ne amea gblɔ be, “Siblet” elabena mate ŋu ayɔ nya Tsibolet nyuie o la, wolénɛ wunɛ le Yɔdan ƒe tɔtsoƒe la. Wowu Efraimtɔ akpe blaene-vɔ-eve le ɣe ma ɣi me.
7 Jefta var Dommer i Israel i seks År. Så døde Gileaditen Jefta og blev jordet i sin By i Gilead.
Yefta nye Israelviwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe ade. Esi Yefta, Gileadtɔ la ku la, woɖii ɖe Gilead duwo dometɔ ɖeka me.
8 Efter ham var Ibzan fra Betlehem Dommer i Israel.
Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Yefta ɖo lae nye Ibzan, ame si nɔ Betlehem hedrɔ̃ ʋɔnu na Israel.
9 Han havde tredive Sønner; tredive Døtre giftede han bort, og tredive Svigerdøtre hjemførte han til sine Sønner.
Viŋutsu blaetɔ̃ kple vinyɔnu blaetɔ̃ nɔ esi. Etsɔ via nyɔnuwo na amedzroŋutsuwo woɖe eye wòkplɔ ɖetugbiwo tso dzronyigbawo dzi vɛ na via ŋutsuwo woɖe. Ibzan nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe adre
10 Han var Dommer i Israel i syv År. Så døde Ibzan og blev jordet i Betlehem.
eye esi Ibzan la, woɖii ɖe Betlehem.
11 Efter ham var Zebuloniten Elon Dommer i Israel. Han var Dommer i Israel i ti År.
Le Ibzan yome la, Elon Zebulontɔ zu ʋɔnudrɔ̃la na Israelviwo ƒe ewo.
12 Så døde Zebuloniten Elon og blev jordet i Ajjalon i Zebulons Land.
Esi Elon ku la, woɖii ɖe Aiyalon le Zebulonyigba dzi.
13 Efter ham var Abdon, Hillels Søn, fra Piraton Dommer i Israel.
Ʋunudrɔ̃la si kplɔ Elon ɖo lae nye Abdon, Hilel ƒe vi, tso Piratɔn.
14 Han havde fyrretyve Sønner og tredive Sønnesønner, som red på halvfjerdsindstyve Æsler. Han var Dommer i Israel i otte År.
Viŋutsu blaene kple tɔgbuiyɔvi blaetɔ̃ nɔ esi. Ame blaadre siawo doa tedzi blaadre. Abdon nye Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe enyi.
15 Så døde Abdon, Hillels Søn, fra Piraton og blev jordet i Piraton i Efraims Land på Amalekiterbjerget.
Esi Abdon, Hilel vi ku la, woɖii ɖe Piratɔn le Efraimnyigba dzi, le Amalekitɔwo ƒe anyigba dzi.

< Dommer 12 >