< Jonas 2 >

1 Da bad Jonas i Fiskens Bug til HERREN sin Gud
Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la le tɔmelã gã la ƒe dɔ me be,
2 og sagde: Jeg råbte i Nøden til HERREN, og han svarede mig; jeg skreg fra Dødsrigets Skød, og du hørte min Røst. (Sheol h7585)
“Le nye xaxa gã me, medo ɣli na Yehowa, eye wòɖo tom. Meyɔe le aʋlime ke, eye Yehowa se nye kokoƒoƒo! (Sheol h7585)
3 Du kasted mig i Dybet midt i Havet, Strømmen omgav mig; alle dine Brændinger og Bølger skyllede over mig.
Ekɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke; meyi to, ƒu dzeagbo la ŋe tsyɔ dzinye, eye ƒutsotsoe sesẽwo si to dzinye.
4 Jeg tænkte: "Bort er jeg stødt fra dine Øjne, aldrig mer skal jeg skue dit hellige Tempel."
Ale megblɔ be, ‘O Yehowa, ènyam ɖa le wò ŋkume. Ke hã la, magatrɔ mo ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ.’
5 Vandene trued min Sjæl, Dybet omgav mig, Tang var viklet om mit Hoved; til Bjergenes Rødder
Tsi la tsyɔ dzinye, tɔ goglo la ƒo xlãm, eye ƒumegbewo bliba ta nam.
6 steg jeg ned, til Jordens Slåer, de evige Grundvolde; da drog du mit Liv op af Graven, HERRE min Gud.
Meyi to ɖe to kɔkɔ siwo le ƒua me la ƒe agu nu ke. Wotu agbe ƒe mɔ ɖe nunye eye wode gam ɖe ku ƒe anyigba dzi. Gake wò Yehowa, nye Mawu, èɖem tso ku ƒe asi me!
7 Da min Sjæl vansmægtede i mig, kom jeg HERREN i Hu, og min Bøn steg op til dig i dit hellige Tempel.
“Esi nye agbe nu le tsotsom la, meda nye susuwo ɖe dziwò, Yehowa, eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.
8 De, der dyrker det tomme Gøgl, lader Gudsfrygt fare;
“Ame siwo subɔa alakpamawuwo la bua Yehowa ƒe amenuveve si anye wo tɔ!
9 men jeg vil bringe dig Ofre med Lovsangs Toner og indfri de Løfter, jeg gav. Hos HERREN er Frelse.
Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na wò, eye maxe nye adzɔgbeɖefe na wò, elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona.”
10 Så talede HERREN til Fisken, og den spyede Jonas ud på det tørre Land.
Ale Yehowa ɖe gbe na ƒumelã la, eye wòyi ɖatu Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi.

< Jonas 2 >