< Jeremias 46 >

1 HERRENs Ord, som kom til Profeten Jeremias om folkene.
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia tso dukɔwo ŋuti.
2 Til Ægypten, om Ægypterkongen Farao Nekos Hær, som stod ved Floden Eufrat i Karkemisj, og som Kong Nebukadrezar af Babel slog i Josiass Søns, Kong Jojakim af Judas, fjerde Regeringsår.
Tso Egipte ŋu: Esia nye gbedeasi na Egipte fia Farao Neko ƒe aʋakɔwo, ame siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar ɖu le Frat tɔsisi la nu le Karkemis le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me:
3 Gør Skjold og Værge rede, kom hid til Strid!
“Midzra miaƒe akpoxɔnu gãtɔwo kple suetɔwo ɖo eye miado ayi ɖe aʋa!
4 Spænd Hestene for, sid op på Gangeme, stil eder op med Hjelmene på, gør Spydene blanke, tag Brynjeme på!
Mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu eye miade sɔwo dzi! Miɖɔ gakukuwo, mido mia tɔ ɖe mia nɔƒewo! Minyre miaƒe akplɔwo eye miado miaƒe gawuwo!
5 Hvorfor er de rædselsslagne, veget tilbage deres Helte knust, på vild Flugt uden at vende sig? Trindt om er Rædsel, lyder det fra HERREN:
Nu ka kpɔm mele? Dzidzi ƒo wo, wogbugbɔ ɖe megbe, woɖu woƒe kalẽtɔwo dzi. Wosi kple du kple du megbemakpɔmakpɔtɔe eye ŋɔdzi ƒo xlã wo godoo.” Yehowae gblɔe.
6 De rapfodede undflyr ikke, og Helten redder sig ikke. Mod Nord ved Eufrats Flod falder de og styrter.
“Afɔ ɖeablɛtɔ mate ŋu asi alo ŋusẽtɔ naɖe eɖokui o. Le anyiehe, le Frat tɔsisi la to, afi mae wokli nu hedze anyi ɖo.
7 Hvem stiger der som Nilen, hvis Vande svulmer som Strømme?
“Ame kae nye esi gbɔna le eɖokui kɔm ɖe dzi abe Nil kple tɔsisi siwo me tsi le sisim sesĩe ene?
8 Det er Ægypten, der stiger som Nilen, og Vandene svulmer som Strømme. Det tænkte: "Jeg vil stige op og oversvømme Jorden, ødelægge dem, som bor derpå."
Egipte le kɔkɔm ɖe dzi abe Nil kple tɔsisi siwo me tsi le sisim kplakplakpla ene, egblɔ be, ‘Maɖo axɔ ɖe anyigba blibo la dzi; matsrɔ̃ amewo kple woƒe duwo.’
9 Stejl, I Heste, tag vanvittig Fart, I Vogne, lad Heltene rykke frem, Kusj, Put, som bærer Skjold, og Luderne, som spænder Bue.
O, sɔwo, milũ ɖe wo dzi! O, tasiaɖamkulawo, miku wo kple ŋkubiã! O, kalẽtɔwo, mizɔ yi ŋgɔ tẽe, eye mi Kus kple Put ŋutsu siwo tsɔa akpoxɔnuwo kple Lidia ŋutsu siwo daa aŋutrɔ nyuie!
10 Dette er Herrens, Hærskarers HERREs Dag, en Hævnens Dag til Hævn over hans Fjender. Sværdet æder sig mæt og svælger i deres Blod; thi Herren Hærskarers HERRE har Offerslagtning i Nordens Land ved Eufrats Flod.
Gake gbe ma gbe nye Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la tɔ, hlɔ̃biaŋkeke wòanye, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo. Yi aɖu nu va se ɖe esime wòaɖi ƒo eye ano ʋu va se ɖe esi me wòaɖi kɔ elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, asa vɔ le anyiehenyigba dzi, le Frat tɔsisi la to.
11 Drag op til Gilead og hent Balsam, du Jomfru, Ægyptens Datter! Forgæves bruger du Lægemidler i Mængde; der er ingen Lægedom for dig.
“O, ɖetugbi dzadzɛ, Egipte vinyɔnu, yi ɖe Gilead nàƒle dɔyɔmi. Dzodzroe nèli kɔ atikewo gleglegle, elabena màhaya akpɔ o.
12 Folkene hører dit Råb, dit Skrig opfylder Jorden; thi Helt snubler over Helt, sammen styrter de begge,
Dukɔwo ase wò ŋukpeŋkɔ eye wò ɣlidodo axɔ anyigba la dzi. Kalẽtɔ akli nɔvia kalẽtɔ eye wo kple eve la siaa woadze anyi.”
13 Det Ord, HERREN talede til Profeten Jeremias, om at Kong Nebukadrezar af Babel skulle komme og slå Ægypten.
Esia nye Yehowa ƒe nya si wòtsɔ na Nyagblɔɖila Yeremia tso ale si Babilonia fia Nebukadnezar ava dze Egipte dzi la ŋuti.
14 Forkynd det i Ægypten, kundgør det i Migdol, kundgør det i Nof og Takpankes! Sig: Stil dig op og gør dig rede, thi Sværdet fortærer trindt om dig.
“Miɖe gbeƒã le Egipte, mido kpoe le Migdol eye mido kpoe le Memfis kple Tapanhes hã. ‘Mitso miadzra ɖo, ne mianɔ mia nɔƒewo elabena yi wu ame siwo ƒo xlã mi godoo.’
15 Hvorfor flyede Apis, din Tyr? Den holdt ikke Stand, fordi HERREN jog den bort.
Nu ka ŋuti woana wò kalẽtɔwo naɖo baba ɖe anyigba? Womate ŋu anɔ te o, elabena Yehowa atutu wo aƒu anyi.
16 Din brogede Folkesværm falder og styrter; de siger til hverandre: "Kom, lad os vende hjem til vort Folk og vort Fædreland for det hærgende Sværd!"
Woakli nu enuenu eye woadze anyi ɖe wo nɔewo dzi. Woagblɔ be, ‘Mitso, mina míatrɔ ayi míaƒe amewo gbɔ, le mía denyigba dzi eye míasi le ameteɖeanyila ƒe yi nu.’
17 Kald Farao, Ægyptens konge: Bulderet, som lader den belejlige Tid gå forbi.
Afi ma woado ɣli le be, ‘Egipte fia Farao nye ɣli ƒuƒlu dola; eƒe mɔnukpɔkpɔ to eta va yi.’”
18 Så sandt jeg lever, siger Kongen, hvis Navn er Hærskarers HERRE: Som Tabor mellem Bjergene, som Karmel ved Havet kommer han.
Ale fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Meta nye agbe be ame aɖe ava abe Tabɔr le towo dome kple Karmel le atsiaƒu to ene.
19 Skaf dig Rejsetøj, du, som bor der, Ægyptens Datter! Thi Nof skal ødelægges og afbrændes, så ingen bor der.
Miƒo ƒu miaƒe nuwo na aboyomeyiyi, mi ame siwo le Egipte, elabena Memfis azu aƒedo eye woagbãe gudugudu be ame manɔ eme o.
20 En smuk kvie er Ægypten, men en Bremse fra Nord falder over det.
“Egipte le abe nyinɔ sue dzeani ene gake togbato tso anyiehe gbɔna ɖe edzi dze ge.
21 Selv dets Lejesvende, der er som Fedekalve, vender sig alle til Flugt; de holder ikke Stand, thi deres Ulykkes Dag er kommet over dem, deres Hjemsøgelses Tid.
Asrafo siwo wotsɔ aʋae la le abe nyivi damiwo ene. Woawo hã atrɔ megbe asi adzo, womate ŋu anɔ te o, elabena woƒe gbegblẽ gbɔna eye woƒe tohegbe va ɖo.
22 Dets Røst er som den hvislende Slanges; thi med Hærmagt farer de frem, og med Økser kommer de over det som Brændehuggere.
Ne futɔwo ƒe aʋakɔ ho gbɔna la, Egipte axlɔ̃ abe da si le sisim ene, woatso ɖe eŋu kple fia abe ŋutsu siwo lãa ati ene.
23 De fælder dets Skov, lyder det fra HERREN, fordi den ikke er til at trænge igennem. Thi de er talrigere end Græshopper, ikke til at tælle.
Togbɔ be eƒe avewo do ale gbegbe hã la, woalã wo akɔ ɖi. Ameawo sɔ gbɔ wu ʋetsuviwo eye womate ŋu axlẽ wo o. Yehowae gblɔe.
24 Til Skamme bliver Ægyptens Datter; hun gives i Nordfolkets Hånd.
Woado ŋukpe Egipte vinyɔnu eye woatsɔe ade asi na ame siwo le anyiehe.”
25 Så siger Hærskarers HERRE, Israels Gud: Se, jeg hjemsøger Amon i No og Farao og Ægypten med dets Guder og Konger, Farao og dem, der stoler på ham;
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be, “Mahe gbegblẽ va Tebestɔwo ƒe mawu Amon, Farao, Egipte, eƒe fiawo kple eƒe mawuwo kple ame siwo katã ziɔ ɖe Farao ŋuti la dzi.
26 og jeg giver dem i deres Hånd, som står dem efter Livet, i kong Nebukadrezar af Babels og hans Tjeneres Hånd; men siden skal Landet bebos som i fordums Tid lyder det fra HERREN.
Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia Nebukadnezar kple eŋutime siwo le woƒe agbe yome tim. Gake emegbe la, amewo aganɔ Egiptenyigba dzi abe tsã ƒe ɣeyiɣiwo me ene.” Yehowae gblɔe.
27 Frygt derfor ikke, min Tjener Jakob, vær ikke bange, Israel; thi se, jeg frelser dig fra det fjerne og dit Afkom fra deres Fangenskabs Land; og Jakob skal vende hjem og bo roligt og trygt, og ingen skal skræmme ham.
“O Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o; O Israel, wò mo megatsi dãa o. Maɖe wò godoo tso didiƒenyigba aɖe dzi kple wò dzidzimeviwo tso anyigba si dzi woɖe aboyo wo ɖo ɖo la. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke mado ŋɔdzi nɛ o.
28 Frygt ikke, min Tjener Jakob, lyder det fra HERREN, thi jeg er med dig; thi jeg vil tilintetgøre alle de Folk, blandt hvilke jeg har adsplittet dig; kun dig vil jeg ikke tilintetgøre; jeg vil tugte dig med Måde, ikke lade dig helt ustraffet.
Mègavɔ̃ o, O nye dɔla Yakob, elabena meli kpli wò. Togbɔ be metsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo ɖo keŋkeŋ hã la, nyematsrɔ̃ wò ya keŋkeŋkeŋ o. Mahe to na wò gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi; Ɖekoe nyemana nàyi tomahemahee kura o.”

< Jeremias 46 >