< Jeremias 43 >

1 Men da Jeramias var til ende med at forkynde alle de Ord, med hvilke HERREN deres Gud havde sendt ham til dem, alle de nævnte Ord,
Esi Yeremia wu Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nyawo gbɔgblɔ na dukɔ la nu eye esi wòwu nya siwo katã Yehowa ɖo ɖee be wòagblɔ na wo nu vɔ la,
2 sagde Azarja, Maasejas Søn, og Johanan, Kareas Søn, og alle de andre overmodige Mænd til Jeremias: "Du lyver! HERREN vor Gud har ikke sendt dig for at sige, at vi ikke skal drage til Ægypten for at bo der som fremmede;
Hosaya ƒe vi, Azaria, Karea ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu tosesẽtɔwo katã gblɔ na Yeremia be, “Aʋatso kam nèle! Yehowa, míaƒe Mawu la medɔ wò be nàgblɔ be, ‘Migayi Egipte, ne mianɔ afi ma o.’
3 nej, Baruk, Nerijas Søn, har ophidset dig imod os, for at vi skal gives i Kaldæernes Hånd, så de dræber os eller fører os bort til Babel."
Ke boŋ Neria ƒe vi, Baruk, eyae le adã dem ta me na wò ɖe mía ŋu be, nàtsɔ mí ade asi na Babiloniatɔwo be woawu mí loo, alo aɖe aboyo mí ayi ɖe Babiloniae.”
4 Og Johanan, Karens Søn, alle Hærførerne og alt Folket adlød ikke HERRENs Røst om at blive i Judas Land;
Ale Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã gbe be yewomawɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde na wo be woanɔ Yudanyigba dzi la dzi o.
5 men Johanan, Kareas Søn, og alle Hærførerne tog hele Judas Rest, som var vendt tilbage for at bo i Judas Land,
Le esia teƒe la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegãwo katã kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yuda, ame siwo trɔ gbɔ be woava nɔ Yudanyigba dzi tso dukɔ siwo katã me wokaka ɖo la dzoe.
6 Mænd, Kvinder og Børn, Kongedøtrene og enhver, som Livvagts øverste Nebuzaradan havde ladet blive hos Gedalja, Sjafans Søn Ahikams Søn, også Profeten Jeremias og Baruk, Nerijas Søn,
Wokplɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiavinyɔnu siwo aʋafia, Nebuzaradan gblẽ ɖe Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia gbɔ hekpe ɖe Nyagblɔɖila Yeremia, Neria ƒe vi, Baruk gbɔ la hã dzoe.
7 og drog til Ægypten; thi de adlød ikke HERRENs Røst. Og de kom til Takpankes.
Ale woyi ɖe Egipte, hetsi tsitre ɖe Yehowa ŋu eye woɖo keke Tapanhes ke gɔ hã.
8 Men HERRENs Ord kom til Jeremias i Takpankes således:
Yehowa ƒe nya va na Yeremia le Tapanhes be,
9 Tag dig nogle store Sten og grav dem ned i Teglstensgulvets Underlag ved Indgangen til Faraos Hus i Takpankes i de judæiske Mænds Påsyn
“Tsɔ kpe gã aɖewo ɖe asi ne Yudatɔwo ƒe ŋku le dziwò eye nàɖi wo ɖe Farao ƒe Fiasã ƒe mɔnu, ɖe anyikpe siwo woɖo ɖe mɔa nu la te
10 og sig til dem: Så siger Hærskarers HERRE, Israels Gud: Jeg lader min Tjener Kong Nebukadrezar af Babel hente, og han skal rejse sin Trone oven over de Sten, du gravede ned, og brede sit Trontæppe derover.
Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mele ame dɔ ge aɖo ɖe nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia eye matsɔ eƒe fiazikpui aɖo kpe siwo meɖi ɖe teƒe sia la dzi eye wòakeke eƒe dzoya ɖe wo dzi.
11 Han skal komme og slå Ægypten; dem, der hører Døden til, skal han overgive til Død, dem der hører Fangenskabet til, til Fangenskab og dem, der hører Sværdet til, til Sværd.
Ava dze Egipte dzi eye wòahe ku vɛ na ame siwo woɖo ɖi na ku, aboyomeyiyi na ame siwo woɖo ɖi na aboyomenɔnɔ eye yi na ame siwo woɖo ɖi na yi.
12 Han skal sætte Ild på Ægyptens Gudehuse og afbrænde dem og bortføre Guderne som Fanger, og han skal svøbe Ægypten om sig, som en Hyrde sin Kappe; derpå skal han drage bort derfra i Fred.
Atɔ dzo Egipte mawuwo ƒe gbedoxɔwo, atɔ dzo woƒe gbedoxɔwo eye wòaɖe aboyo woƒe mawuawo. Abe ale si alẽkplɔla tsɔa avɔ xatsana ɖe eɖokui ŋu ene la, nenema wòatsɔ Egipte abla ɖe eɖokui ŋu eye wòadzo kɔ̃ɔ le dedinɔnɔ me.
13 Han skal nedbryde Stenstøtterne i Bet-Sjemesj og afbrænde Ægyptens Gudehuse.
Amu legba siwo le Ɣemawu ƒe gbedoxɔ me le Egipte la aƒu anyi eye wòatɔ dzo Egipte mawuwo ƒe trɔ̃xɔwo katã.’”

< Jeremias 43 >