< Jeremias 17 >

1 Optegnet er Judas Synd med med griffel af jern, med Diamantspids ristet i deres Hjertes Tavle og på deres Altres Horn,
“Wotsɔ ganuŋlɔnu kple nuŋlɔti si kpe xɔasi aɖe le nugbɔ na la ŋlɔ Yuda ƒe nu vɔ̃ ɖe woƒe dziwo ƒe nuŋlɔkpewo dzi, kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋuti.
2 når Sønnerne kommner deres Altre og Asjerer i Hu, på alle grønne Træer, på de høje Steder,
Wo viwo gɔ̃ hã ɖo ŋku woƒe vɔsamlekpuiwo kple aƒeli siwo le wo ŋuti le ati damawo te kple togbɛ kɔkɔwo dzi la dzi.
3 på Bjergene på Marken. Din Rigdom, alle dine Skatte giver jeg hen til Rov til Løn for din Synd, så langt dine Grænser når.
Matsɔ nye to si le anyigba dzi, miaƒe nu xɔasiwo kple miaƒe kesinɔnuwo katã ana woaha hekpe ɖe miaƒe nuxeƒewo ŋuti le nu vɔ̃ si miewɔ le miaƒe anyigba blibo la dzi la ta.
4 Din Hånd må slippe din Arvelod, den, jeg gav dig. Jeg lader dig, trælle for Fjender i et ukendt Land, thi Ild luer op i min Vrede, den brænder evigt.
To miawo ŋutɔ ƒe vodada me la, miabu domenyinu siwo katã metsɔ na mi. Mana miazu kluviwo na miaƒe futɔwo le anyigba si mienya o la dzi elabena miede dzo nye dɔmedzoe me eya ta abi ɖe mia ŋuti ɖaa.”
5 Så siger HERREN: Forbandet være den Mand, som stoler på Mennesker, og som holder Kød for sin Arm, hvis Hjerte viger fra HERREN.
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Aɖi ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe amegbetɔ dzi, hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe ŋusẽkpɔtsoƒee eye eƒe dzi te ɖa xaa tso Yehowa gbɔ la ŋuti kpekpekpe!
6 Han bliver som Ødemarkens Ene og får ej Lykke at se; han bor i glødende Ørk, i Saltland, hvor ingen fæster Bo.
Anɔ abe gbe le dzogbenyigba dzi ene eye ne dzɔgbenyui va la, makpɔe o. Anɔ gbegbe ƒe kuɖiɖinyigbawo dzi kple dzeƒutagba afi si ame aɖeke menɔna o.”
7 Velsignet være den Mand, som stoler på HERREN, og hvis Tillid HERREN er.
“Ke woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu eye wòtsɔa eƒe dzideƒo dea Yehowa me.
8 Han bliver somn et Træ, der er plantet ved Vand, og strækker sine Rødder til Bækken, ej ængstes, når Heden komnmer, hvis Løv er frodig grønt, som ej ængstes i Tørkens År eller ophører med at bære Frugt.
Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to, eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene. Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la, mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo hã daa ama ɣe sia ɣi. Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa.”
9 Hjertet er svigefuldt fremfor alt, det er sygt, hvo kender det?
Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katã eye womate ŋu ayɔ dɔe o. Ame ka ate ŋu ase egɔme?
10 Jeg, HERREN, jeg ransager Hjerte og prøver Nyrer for at gengælde hver hans Færd, hans Gerningers Frugt.
“Nye Yehowae dzroa dziwo me, eye medoa susuwo kpɔ be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔme kple nu si eƒe nuwɔwɔwo dze na la nu.”
11 Som en Agerhømme på Æg, den ikke har lagt, er den, der vinder Rigdom med Uret; han må slippe den i Dagenes Hælvt og slår ved sin Død som en Dåre.
Abe ale si koklo ƒoa azi si menye etɔ o ene la, nenemae wòanɔ na ame si ƒo kesinɔnuwo nu ƒu to mɔ fitifitiwo dzi. Kesinɔnuawo avɔ le esi le eƒe agbe me, eye le nuwuwu la, aɖee afia be yenye bometsila.
12 En Herlighedstrone, en urgammel Høj er vor Helligdoms Sted.
Ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui si wodo ɖe dzi le gɔmedzedzea me ke lae nye teƒe si miaƒe kɔkɔeƒe la le.
13 HERRE, du Israels Håb, enhver, der forlader dig, får Skam; de, der falder fra dig, skal udryddes af Landet, thi HERREN, er Kilden med levende Vand, forlod de.
O Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, ame siwo katã gbe wò la, ŋu akpe wo. Ame siwo trɔ le yowòme la, woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ me elabena wogbe nu le Yehowa, agbetsivudo la gbɔ.
14 Læg mig, HERRE, så jeg læges, frels du mig, så jeg frelses, thi du er min Ros.
Yɔ dɔm, O Yehowa eye makpɔ dɔyɔyɔ. Ɖem ekema makpɔ ɖeɖe elabena wòe mekafuna.
15 Se, de andre siger til mig: "Hvor er HERRENs Ord? Lad det konmme!"
Wole biayem ɖaa be, “Afi ka Yehowa ƒe nya la le? Neva eme azɔ!”
16 Jeg vægred mig ej ved at være Hyrde i dit Spor", begæred ej heller Ulykkens Dag, du ved det; hvad der udgik fra mine Læber, er for dit Åsyn.
Nyemesi dzo be nyemaganye wò alẽkplɔla o; ènya be ŋkeke vɔ̃ la hã medzrom o. Nu siwo katã megblɔ kple nye nu la, le ƒeƒle le ŋkuwòme.
17 Bliv ikke en Rædsel for mig, du min Tilflugt på Ullykkens Dag.
Mèganye ŋɔdzinu nam o elabena wòe nye nye sitsoƒe le gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.
18 Lad Forfølgerne beskæmmes, lad ej mig beskæmmes, lad dem forfærdes, lad ej mig forfærdes; send over dem Ulykkens Dag, knus dem og gentag Slaget!
Na ŋu nakpe yonyemetilawo, ke nye ya, ɖem tso ŋukpe me. Dzidzi neƒo wo, gake nye ya ŋɔ megadzim o. Na gbegblẽ ƒe ŋkeke la nava wo dzi eye nàgbã wo, agagbã wo ɖe edzi.
19 Således sagde HERREN til mig: Gå hen og stil dig i Folkets Sønners Port, ad hvilken Judas Konger går ind og ud, og i alle Jerusalemns Porte
Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi: “Yi, nàtsi tsitre ɖe agbo si me dua me tɔwo kple Yuda fiawo tona dona, gagbɔna la nu. Nenema ke, nàtsi tsitre ɖe agbo bubu siwo woɖo ɖe Yerusalem dua ŋu la nu.
20 og sig til dem: Hør HERRENS Ord, I Judas Konger og hele Juda og alle Jerusalems Borgere, som går ind ad disse Porte!
Gblɔ na wo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya, O Yuda fiawo kple mi Yudatɔwo katã kple mi ame siwo katã le Yerusalem, ame siwo toa agbo siawo me.’
21 Så siger HERREN: Vogt eder for eders Sjæles Skyld, at I ikke bærer Byrder ind gennem Jerusalems Porte på Sabbatsdagen!
Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mikpɔ nyuie be miagatsɔ agba aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi alo atsɔe ato Yerusalem ƒe agbowo mee o.
22 Bring ingen Byrde ud af eders Huse på Sabbatsdagen og gør intet Arbejde, men hold Sabbalsdagen hellig, som jeg bød eders Fædre.
Migatsɔ agba aɖeke do goe tso miaƒe aƒewo me loo alo awɔ dɔ aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, ke boŋ miwɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe abe ale si mede see na mia fofowo la ene.
23 De hørte ikke og bøjede ikke deres Øre, men gjorde Nakken stiv for ikke at høre eller tage ved Lære.
Gake womeɖo to alo ƒu to anyi o. Wonye kɔlialiatɔwo eye womeɖo to alo bɔbɔ ɖe hehe te o.
24 Men hvis I hører mig, lyder det fra HERREN, så I ikke bringer nogen Byrde ind gennem denne Bys Porte på Sabbatsdagen, men holder den hellig og ikke gør noget Arbejde på den,
Ke Yehowa be ne miedze kɔ anyi heɖo tom, eye mietsɔ agba aɖeke to du sia ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe dzi o, ke boŋ miewɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe, eye miewɔ dɔ aɖeke le edzi o la,
25 så skal Konger og Fyrster, som sidder på Davids Trone, drage ind ad denne Bys Porte med Vogne og Heste, de og deres Fyrster, Judas Mænd og Jerusalems Borgere, og denne By skal stå til evig Tid.
ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ava to du sia ƒe agbowo me kple woƒe dumegãwo. Wo kple woƒe dumegãwo anɔ tasiaɖamwo me kple sɔwo dzi ava, Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem la akplɔ wo ɖo eye du sia anye amenɔƒe tegbee.
26 Og fra Judas Byer, fra Jerusalems Omegn, fra Benjamins Land, fra Lavlandet, Bjergene og Sydlandet skal man komme og bringe Brændoffer, Slagtoffer, Afgrødeoffer og Røgelse og Takoffer til HERRENs Hus.
Amewo ava tso Yuda duwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me, woava tso Benyaminyigba dzi kple ɣetoɖoƒebaliwo me, tso keke togbɛnyigbawo dzi kple gbegbenutowo me. Woatsɔ numevɔsawo, akpedavɔsawo, nuɖuvɔsawo, atike ʋeʋĩwo kple kafukafuvɔsawo ava Yehowa ƒe aƒe mee.
27 Men hvis I ikke hører mit Ord om at holde Sabbatsdagen hellig og om ikke at bære nogen Byrde ind gennem Jerusalems Porte på Sabbatsdagen, så sætter jeg Ild på dets Porle, og den skal fortære Jerusalems Paladser uden at slukkes.
Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’”

< Jeremias 17 >