< Esajas 62 >

1 For Zions Skyld vil jeg ej tie, for Jerusalems skyld ej hvile før dets Ret rinder op som Lys, som en luende Fakkel dets Frelse.
Le Zion ta la, nyemazi ɖoɖoe o, le Yerusalem ta la, nyemazi kpi o, va se ɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenye naklẽ abe kekeli ene, eye eƒe ɖeɖe nabi abe akakati ene.
2 Din Ret skal Folkene skue og alle Konger din Ære. Et nyt Navn giver man dig, som HERRENs Mund skal nævne.
Dukɔwo akpɔ wò dzɔdzɔenyenye, eye fiawo akpɔ wò ŋutikɔkɔe. Woayɔ ŋkɔ yeye si Yehowa ƒe nu atsɔ na wò la na wò.
3 Og du bliver en dejlig Krone i HERRENs Hånd, et kongeligt Hovedbind i Hånden på din Gud.
Ànye atsyɔ̃kuku le Yehowa ƒe asi me kple fiakuku le wò Mawu ƒe asi me.
4 Du kaldes ej mer "den forladte", dit Land "den ensomme"; nej, "Velbehag" kaldes du selv, og dit Land kaldes "Hustru". Thi HERREN har Velbehag i dig, dit Land skal ægtes.
Womagayɔ wò azɔ be Wogbe nu le egbɔ, alo ayɔ wò anyigba be Gbegbe o. Ke boŋ woayɔ wò be, Hefziba si gɔmee nye Eƒe nu nyo ŋunye, eye woayɔ wò anyigba be Biula, si gɔmee nye eɖe srɔ̃, elabena wò nu anyo Yehowa ŋu, eye wòaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene.
5 Som Ynglingen ægter en Jomfru, så din Bygmester dig, som Brudgom glædes ved Brud, så din Gud ved dig.
Abe ale si ɖekakpui ɖea ɖetugbii ene la, nenema ke viwò ŋutsuwo aɖe wòe, eye abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔe ɖe eƒe ŋugbetɔ ŋu ene la, nenemae wò Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwòe.
6 Jeg sætter Vægtere på dine Mure, Jerusalem; ingen Sinde bag eller Nat skal de tie. I, som minder HERREN, und jer ej Ro
O! Yerusalem, meɖo gbetakpɔlawo wò gliwo dzi. Womazi ɖoɖoe le ŋkeke me alo zã me o. Mi ame siwo yɔa Yehowa, migagbɔ ɖe eme o,
7 og lad ham ikke i Ro, før han bygger Jerusalem, før han får gjort Jerusalem til Pris på Jorden.
eye migana gbɔdzɔe o, va se ɖe esime wòaɖo Yerusalem te, awɔe wòanye kafukafunu le anyigba dzi.
8 HERREN svor ved sin højre, sin vældige Arm: Jeg giver ej mer dine Fjender dit Korn til Føde; Mosten, du sled for, skal Udlandets Sønner ej drikke;
Yehowa ta eƒe ɖusibɔ kple eƒe alɔ sesẽ la be, “Nyemagatsɔ wò bli ana wò futɔwo wòanye nuɖuɖu na wo gbeɖe o, eye wain yeye si ŋuti nèku kutri ɖo la, nyemagana amedzrowo naxɔe ano o.
9 nej, de, der høster, skal spise prisende HERREN; de, der sanker, skal drikke i min hellige Forgård.
Ke ame siwo xa nukuawo la, woaɖu wo, akafu Yehowa, eye ame siwo gbe waintsetseawo la, ano wo me ha le nye xɔxɔnu kɔkɔewo.”
10 Drag ud gennem Portene, drag ud, ban Folket Vej, byg Vej, byg Vej, sank alle Stenene af, rejs Banner over Folkeslagene!
Mito eme yi, mito agboawo me yi! Midzra mɔ ɖo na dukɔ la. Mido mɔ, mido mɔtatawo. Miɖe kpewo ɖa le mɔa dzi. Mikɔ aflaga dzi na dukɔwo.
11 Se, HERREN lader det høres til Jordens Ende: Sig til Zions Datter: "Se, din Frelse kommer, se, hans Løn er med ham, hans Vinding foran ham!"
Yehowa na woɖe gbeƒãe le anyigba ƒe mlɔenuwo ke be, “Migblɔ na Zion vinyɔnu la be, ‘Kpɔ ɖa, wò Ɖela gbɔna! Kpɔ ɖa, eƒe fetu kple eƒe teƒeɖoɖo kpe ɖe eŋuti.’”
12 De skal kaldes: det hellige Folk, HERRENs genløste, og du: den søgte, en By, som ej er forladt.
Woayɔ wo be, “Ame kɔkɔewo. Yehowa ƒe Ame siwo wòɖe.” Ke wò la, woayɔ wò be, “Ame si dim wole vevie,” eye woayɔ wò be, “Du si gbɔ womagagbe nu le o.”

< Esajas 62 >