< Esajas 57 >

1 Den retfærdige omkom, og ingen tænkte derover, fromme Mænd reves bort, det ænsede ingen; thi bort blev den retfærdige revet for Ondskabens Skyld
Ame dzɔdzɔe tsrɔ̃na, eye ame aɖeke mebua eŋu le eƒe dzi me o. Woɖea Mawumemewo ɖa, gake ame aɖeke mesea egɔme be ɖe woɖea ame dzɔdzɔewo ɖa be womagadze nu vɔ̃ɖi me o.
2 og gik ind til Fred; på Gravlejet hviler nu de, som vandrede ret.
Ame siwo zɔna le dzɔdzɔenyenye me la yina ɖe ŋutifafa me, le ku me ke hã, wodzudzɔna.
3 Men I, kom nu her, I Troldkvindens Børn, I, Horkarls og Skøges Yngel:
“Ke mite va afii, mi nyɔnunukala ƒe viwo. Mi ahasitɔwo kple gbolowo ƒe dzidzimeviwo!
4 Hvem er det, I spotter? Hvem vrænger I Mund, hvem rækker I Tunge ad? Er I ej Syndens Børn og Løgnens Yngel?
Ame ka ŋue miele fewu ɖum le? Ame ka ŋu mieke nu bãa ɖo hedo aɖe ɖe gota biɖaa na? Ɖe menye aglãdzelawo kple alakpatɔwo ƒe dzidzimeviwoe mienye oa?
5 I, som er i Brynde ved Ege, under hvert grønt Træ, I, som slagter Børn i Dale. i Klippernes Kløfter!
Fieŋufieŋu le lãme na mi ɖe legbawo ŋu, le logotiwo kple ati dama ɖe sia ɖe te. Mietsɔa mia viwo sãa vɔe le balimewo kple agakpetowo te.
6 Dalenes glatte Sten er din Del og din Lod, du udgyder Drikofre for dem, bringer dem Gaver. Skal jeg være tilfreds med sligt?
Legba siwo le balime kple kpe zɔsrɔ̃ewo dome lae nye wò gomekpɔkpɔ. Woawoe nye tɔwò. Woawoe nèƒoa aha ɖi na, eye nètsɔa nuɖuvɔsa hã naa wo. Le nu siawo katã ta la, ɖe mazi kpia?
7 På høje og knejsende Bjerge redte du Leje, også der steg du op for at slagte dit Offer;
Èɖo aba ɖe togbɛ si kɔ bobobo la dzi. Afi mae nèyi hewɔ vɔsawo le.
8 bag Døren og Dørens Stolpe satte du dit Tegn; thi du sveg mig og blotted dig, steg op, gjorde lejet bredt, købte Samlejets Elskov af dem, så deres Skam;
Ètsɔ wò trɔ̃subɔnuwo da ɖe wò ʋɔtruwo kple ʋɔtrutiwo megbe. Ègbe nu le gbɔnye. Èklo nu le wò aba dzi hede edzi, eye nèkekee ɖe edzi hebla enu kple ame siwo ƒe abawo nèlɔ̃, eye nèkpɔ woƒe amame.
9 du salved dig med Olie for Molok og ødsled med Røgelse, sendte dine Bud til det fjerne, steg ned til Dødsriget, (Sheol h7585)
Èyi ɖe Molek gbɔ kple ami, eye nètsɔ ami ʋeʋĩwo kpe ɖe eŋu fũu. Èɖo wò ame dɔdɔwo ɖe didiƒe ke, eye wò ŋutɔ nèyi tsiẽƒe! (Sheol h7585)
10 du blev træt af den lange Vej, men opgav ej Ævred; du samlede atter din Kraft og gav ikke op.
Wò mɔwo na ɖeɖi te ŋuwò, gake mèdi be yeagblɔ be, ‘Wo katã nye tofloko’ o. Èkpɔ be wò ŋusẽ gaɖo yeye me, eya tae nu mete ŋuwò o.
11 For hvem var du ræd og angst? Thi på Løgn var du inde, og mig kom du ikke i Hu, brød dig ikke om mig. Jeg er jo stum og blind, mig frygted du ikke.
“Ame kae dzi ŋɔ na mi nenema, eye ame kae mievɔ̃ na nenema gbegbe be mieto nyateƒe nam o, eye mieɖo ŋku dzinye alo bu nu sia ŋuti le miaƒe dzi me o? Ɖe menye esi mezi kpi eteƒe didi tae mievɔ̃na nam oa?
12 Ja, jeg vil forkynde din Retfærd og dine Gerninger;
Maɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye kple miaƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia, ke womaɖe vi aɖeke na mi o.
13 din Gudeflok hjælper og redder dig ej på dit Råb; en Storm bortfejer dem alle, el Vindstød tager dem. Men den, der lider på mig, skal arve Landet og eje mit hellige Bjerg.
Ne miedo ɣli be woakpe ɖe mia ŋu la, ekema mina miaƒe legba gbogboawo naxɔ na mi! Ya akplɔ wo katã adzoe, ne woɖo ƒuƒu teti ɖe wo la, wo katã woaƒo ya adzo; ke ame si tsɔm wɔ eƒe sitsoƒee la, anyi anyigba la ƒe dome, eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòanye etɔ.”
14 Og det lyder: "Byg Vej, byg Vej og ban den. ryd Hindringer bort for mit Folk!"
Woagblɔ be, “Mido mɔ, mido mɔ. Midzra mɔtata la dzi ɖo! Miɖe mɔxenuwo ɖa le mɔ me na nye dukɔ”,
15 Thi så siger den højt ophøjede, som troner evigt, hvis Navn er "Hellig": I Højhed og Hellighed bor jeg, hos den knuste, i Ånden bøjede for at kalde de bøjedes Ånd og de knustes Hjerte til Live.
elabena ale ame si nye gã, eye wòkɔ wu nuwo katã, ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi, “Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe, gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.
16 Thi evigt går jeg ikke i Rette, evindelig vredes jeg ej; så vansmægted Ånden for mit Ansigt, Sjæle, som jeg har skabt,
Nyemanɔ fɔ bum ɖaa alo ado dɔmedzoe ɣe sia ɣi o, ne menye nenema o la, nu ati kɔ na ame ƒe gbɔgbɔ le ŋkunye me, eye nu ate luʋɔ siwo mewɔ la ŋu.
17 For hans Gridskheds Skyld blev jeg vred, slog ham og skjulte mig i Harme; han fulgte i Frafald sit Hjertes Vej.
Nye dɔmedzoe fla le eƒe ŋubiabiã ƒe nu vɔ̃ ta. Mehe to nɛ, eye meɣla nye ŋkume ɖee le dziku me, ke hã la, egayi eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ dzi.
18 Jeg så hans Vej, men nu vil jeg læge og lede ham og give ham Trøst til Bod;
Mekpɔ eƒe mɔwo, gake mada gbe le eŋu. Mafia mɔe, eye magbugbɔ afa akɔ nɛ.
19 hos de sørgende skaber jeg Læbernes Frugt, Fred, Fred for fjern og nær, siger HERREN, og nu vil jeg læge ham.
Matsɔ kafukafuha ade nu na Israel ƒe konyifalawo, eye ŋutifafa, ŋutifafa na ame siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa. Nye la, mayɔ dɔ wo katã.” Yehowae gblɔe.
20 Men de gudløse er som det oprørte Hav, der ikke kan komme til Ro, hvis Bølger opskyller Mudder og Dynd.
“Ke ame vɔ̃ɖiwo le abe atsiaƒu dzeagbo si mate ŋu anɔ anyi kpoo o la ene; esi ƒe ƒutsotsoewo le gbeɖuɖɔ kple ba ɖem ɖe go.”
21 De gudløse har ingen Fred, siger min Gud.
Nye Mawu be, “Ŋutifafa meli na ame vɔ̃ɖi la o.”

< Esajas 57 >