< Esajas 23 >

1 Et Udsagn om Tyrus. Jamrer, I Tarsisskibe, eders Fæstning er i Grus! De får det at vide på Vejen fra Kyperns Land.
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu. Mifa konyi, o meli siwo tsa asi le Tarsis, elabena wogbã Tiro, eye aƒe alo melidzeƒe megali na mi o. Wose nya sia esi wole Kipro ke.
2 Det er ude med Kystlandets Folk, med Zidons Købmænd, hvis Sendebud for over Havet,
Mizi ɖoɖoe, mi ame siwo le ƒukpo la dzi kple mi asitsala siwo tso Sidon. Mi ame siwo ƒudzidɔwɔlawo wɔ kesinɔtɔwoe,
3 de mange Vande, hvis Indkomst var Sjihors Sæd, hvis Vinding Alverdens Varer.
Wotsɔ bli tso Sidon, nuŋeŋe si tso Nil Nutowo me to tɔ gãwo dzi va Tiro abe adzɔnuwo ene, ale Tiro zu asiɖiƒe na dukɔwo.
4 Skam få du, Zidon, thi Havet siger: "Jeg har ikke haft Veer, jeg fødte ikke, ej har jeg fostret Ynglinge, opfødt Jomfruer!"
Ŋu nekpe wò, O! Sidon, wò mɔ sesẽ si le ƒuta, elabena atsiaƒu gblɔ na wò be, “Nyemelé ku kpɔ alo dzi vi kpɔ o. Nyemenyi ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo kpɔ o.”
5 Når Rygtet når Ægypten, skælver de ved Rygtet om Tyrus.
Ne gbe va ɖo Egipte la, woaxa nu vevie tso nu si wose tso Tiro ŋuti.
6 Drag over til Tarsis og jamrer, I Kystlandets Folk!
Mitso ƒu va Tarsis; mifa konyi, mi ame siwo le ƒukpo la dzi.
7 Er det eders jublende By fra Urtids Dage, hvis Fødder førte den viden om som Gæst?
Alea wò blemadu si yɔ fũu kple dzidzɔkpɔkpɔ, wo ame si zɔ mɔ yi didiƒenyigbawo dzi la va zue nye esia?
8 Hvo satte sig dette for mod det kronede Tyrus, hvis Købmænd var Fyrster, hvis Kræmmere Jordens Adel?
Ame kae ɖo nugbe sia ɖe Tiro ŋu, ame si ɖɔa fiakuku na amewo, eƒe adzɔdolawo nye amegãwo, eye eƒe asitsalawo nye ame xɔŋkɔwo le anyigba dzii?
9 Det gjorde Hærskarers HERRE for at vanære Hovmod, skænde al Stolthed, al Jordens Adel.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae ɖo esia be yeaɖi gbɔ̃ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dada, eye yeabɔbɔ ame xɔŋkɔwo katã ɖe anyi le anyigba dzi.
10 Græd, I Tarsisskibe, Havn er der ikke mer!
O! Tarsis ƒe vinyɔnu, de agble ɖe Nil tɔsisi la to, elabena melidzeƒe megali na wò o.
11 Han udrakte Hånden mod Havet, rystede Riger, HERREN samled Folk for at jævne Kana'ans Fæstninger.
Yehowa kɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu la dzi, eye wòna eƒe fiaɖuƒewo dzo nyanyanya. Eɖe gbe be woagbã Foenisia ƒe mɔ sesẽwo.
12 Han sagde: "Aldrig mer skal du juble, du voldtagne Jomfru, Zidons Datter! Stå op, drag over til Kypern, selv der skal du ej finde Hvile!"
Yehowa gblɔ be, “O! Sidon ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o, wò dzidzɔkpɔkpɔ nu tso! “Tsi tsitre, tso ƒu la, eye nàyi Kipro, afi ma gɔ̃ hã la, màkpɔ dzudzɔƒe o.”
13 Se til Kyprioternes Land! Søfarere grunded det Folk; de rejste dets Vagttårne, Byer og Borge. Han gjorde det til en Ruinhob.
Kpɔ Babiloniatɔwo ƒe anyigba la ɖa; tsã la, bubu menɔ wo ŋu o va se ɖe esime Asiriatɔwo fɔe hetsɔe wɔ nɔƒee na ame siwo nɔ gbegbe. Wotu dziƒoxɔ kɔkɔwo kple fiasãwo ɖe afi ma; ke ena wòzu aƒedo.
14 Jamrer, I Tarsisskibe, eders Fæstning er i Grus!
Mi Tarsis melikulawo mifa avi, elabena wogbã miaƒe mɔ sesẽ la!
15 På hin Dag skal Tyrus gå ad Glemme i halvfjerdsindstyve År, som i een Konges Dage. Men efter halvfjerdsindstyve Års Forløb skal det gå med Tyrus som med Skøgen i Visen:
Le ɣe ma ɣi me la, woaŋlɔ Tiro be ƒe blaadre sɔŋ; siwo nye fia ƒe agbenɔƒe. Le ƒe blaadre siawo ƒe nuwuwu la, ava eme na Tiro abe ale si woŋlɔe ɖe gboloha ƒe hagbewo me nɛ ene be,
16 Tag din Citer, gå rundt i Byen, du glemte Skøge, leg smukt på Strenge, syng, hvad du kan, så du kommes i Hu!"
“Tsɔ kasaŋku. Ɖi tsa le dua me. O! Gbolo si wogbe, ƒo kasaŋku la nyuie, eye nàdzi ha geɖewo, ale be woaɖo ŋku dziwò.”
17 Efter halvfjerdsindstyve Års Forløb vil HERREN se til Tyrus; det skal atter modtage Skøgeløn og bole med Alverdens Riger på den vide Jord.
Le ƒe blaadre ƒe nuwuwu la, Yehowa ahe to na Tiro. Agatrɔ ayi ɖe eƒe gbolowɔwɔ dzi, eye wòatsa asi sia kple fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi;
18 Men dets Vinding og Skøgeløn skal helliges HERREN; den skal ikke gemmes hen eller lægges op; dem, der bor for HERRENs Åsyn, skal dets Vinding tjene til Føde, Mættelse og prægtige Klæder.
Ke hã la, woatsɔ viɖe siwo wòkpɔ la na Yehowa. Womadzrae ɖo ɖe nudzraɖoƒe alo aɣlae o. Woatsɔ eƒe viɖe siwo wòkpɔ la na ame siwo nɔ agbe le Yehowa ŋkume be, woatsɔ aƒle nuɖuɖu geɖe kple nudodo nyuiwoe.

< Esajas 23 >