< 1 Mosebog 41 >

1 To År senere hændte det, at Farao havde en drøm. Han drømte, at han stod ved Nilen;
Le ƒe eve megbe la, Farao ku drɔ̃e gbe ɖeka le zã me be yetsi tsitre ɖe Nil tɔsisi la to.
2 og se, op af Floden steg der syv smukke og fede Køer, som gav sig til at græsse i Engen;
Tete nyi dami adre do tso tɔsisi la me, eye wonɔ gbe ɖum.
3 efter dem steg der syv andre Køer op af Nilen, usle at se til og magre, og de stillede sig ved Siden af de første Køer på Nilens Bred;
Emegbe nyi bubu adre do tso tɔsisi la me, ke woawo ɖi ku glãŋuiglãŋui, eye woƒe axaƒutiwo do. Woyi ɖatsi tsitre ɖe nyinɔ dami adreawo gbɔ.
4 og de usle og magre Køer åd de syv smukke og fede Køer. Så vågnede Farao.
Nyi ɖikuawo lé nyinɔ damiawo mi! Tete Farao nyɔ!
5 Men han sov ind og havde en Drøm og så syv tykke og gode Aks skyde frem på et og samme Strå;
Egayi alɔ̃ me kaba, eye wògaku drɔ̃e bubu. Azɔ ya la, ekpɔ bli adre siwo ʋã nyuie la le bliti ɖeka dzi.
6 men efter dem volksede der syv golde og vindsvedne Aks frem;
Enumake bli bubu adre gado ɖe bliti la dzi, ke esiawo ya meʋã kura o, eye ɣedzeƒeya na woyrɔ.
7 og de golde Aks slugte de syv tykke og fulde Aks. Så vågnede Farao, og se, det var en Drøm.
Bli yɔyrɔe siawo mi bli ʋaʋãwo! Farao ganyɔ, eye wòdze sii be drɔ̃e sɔŋ ko wonye.
8 Men om Morgenen var hans Sind uroligt; og han sendte Bud efter alle Ægyptens Tegnsudlæggere og Vismænd og fortalte dem sin Drøm, men ingen kunde tyde den for Farao.
Esi ŋu ke, eye wòbu drɔ̃eawo ŋu la, etsi dzimaɖi ŋutɔ le nu si drɔ̃eawo ate ŋu aɖe afia la ŋu. Eyɔ afakalawo kple nunyalawo katã le Egiptenyigba dzi ƒo ƒu, eye wòlĩ drɔ̃eawo na wo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme o.
9 Da sagde Overmundskænken til Farao: "Jeg må i Dag minde om mine Synder.
Tete fia ƒe ahakula gblɔ na Farao be, “Egbe la, meɖo ŋku nye nu vɔ̃ dzi.
10 Den Gang Farao vrededes på sine Tjenere og lod dem sætte i Forvaring i Livvagtens Øverstes Hus, mig og Overbageren,
Ɣe aɖe ɣi va yi esi nèdo dɔmedzoe ɖe mí ame eve ŋu, eye nède nye kple aboloƒola gaxɔ me le ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã ƒe mɔ me la,
11 da drømte vi engang samme Nat hver en Drøm med sin særlige Betydning.
nye kple aboloƒola míeku drɔ̃e gbe ɖeka le zã me.
12 Sammen med os var der en Hebraisk Yngling, som var Træl hos Livvagtens Øverste, og da vi fortalte ham vore Drømme, tydede han dem for os, hver på sin Måde;
Míelĩ drɔ̃eawo na Hebri ɖekakpui aɖe, ame si nye ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã la ƒe kluvi le gaxɔa me, eye wòɖe drɔ̃eawo gɔme na mí.
13 og som han tydede dem for os, således gik det: Jeg blev indsat i mit Embede, og Bageren blev hængt."
“Eye nu sia nu va eme tututu abe ale si wògblɔe ene; nye ahakudɔ gaka asinye, wotso ta le aboloƒola nu, eye wotɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu.”
14 Da sendte Farao Bud efter Josef, og man fik ham hurtigt ud af Fangehullet; og efter at have ladet sig rage og skiftet Klæder fremstillede han sig for Farao.
Farao ɖo du ɖe Yosef enumake. Woɖee le gaxɔa me kaba; eko ta, di awu bubuwo do alɔtsɔtsɔe, eye wòdo ɖe Farao ŋkume.
15 Så sagde Farao til Josef: "Jeg har haft en Drøm, som ingen kan tyde; og nu har jeg hørt om dig, at du kun behøver at høre en Drøm, så kan du tyde den."
Farao gblɔ na Yosef be, “Meku drɔ̃e aɖe le zã si va yi la me, gake ame siawo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese be ètea ŋu ɖea drɔ̃ewo gɔme, eya ta mena woyɔ wò nam.”
16 Josef svarede Farao: "Ikke jeg men Gud vil give Farao et gunstigt Svar!"
Yosef gblɔ na Farao be, “Nyemate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme le ɖokuinye si o, ke Mawu ya ate ŋu aɖe drɔ̃ea gɔme na wò!”
17 Da sagde Farao til Josef: "Jeg drømte, at jeg stod på Nilens Bred;
Ale Farao lĩ drɔ̃e la nɛ be, “Metsi tsitre ɖe Nil tɔsisi la to;
18 og se, op af Floden steg der syv fede og smukke Køer, som gav sig til at græsse i Engen;
tete nyi dami siwo ƒe lãme nyo nyuie la do tso tɔsisi la me, eye wode asi gbeɖuɖu me le tɔsisi la to.
19 efter dem steg der syv andre Køer op, ringe, såre usle og magre, så usle Dyr har jeg ikke set nogensteds i Ægypten;
Ke nyi bubu adre do tso tɔsisi la me. Woawo ɖi ku glãŋuiglãŋui; nyemekpɔ nyinɔ ɖiku mawo tɔgbi kpɔ le Egiptenyigba dzi o.
20 og de magre og usle Køer åd de syv første, fede Køer;
Nyi ɖiku siawo lé nyinɔ dami siwo do tso tɔsisi la me gbã la mi,
21 men da de havde slugt dem, var det ikke til at kende på dem; de så lige så usle ud som før. Så vågnede jeg.
eye emegbe la, wogaɖi ku glãŋuiglãŋui abe ale si tututu wonɔ tsã la ene, eye menyɔ!
22 Men jeg sov atter ind og så i Drømme syv fulde og gode Aks skyde frem på et og samme Strå;
“Eteƒe medidi kura hafi megaku drɔ̃e bubu o. Azɔ ya la, bli adre nɔ bliti ɖeka dzi; bliawo katã ʋã nyuie.
23 men efter dem voksede der syv udtørrede, golde og vindsvedne Aks frem,
Bli adre bubuwo gado ɖe bliti ma ke dzi, ke woawo meʋã o, ke boŋ woyrɔ.
24 og de golde Aks slugte de syv gode Aks. Det fortalte jeg mine Tegnsudlæggere, men ingen kunde forklare mig det."
Bli yɔyrɔawo mi bli ʋaʋãwo. “Megblɔ esiawo katã na nye afakalawo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme nam o.”
25 Da sagde Josef til Farao: "Faraos Drømme betyder begge det samme, og Gud har kundgjort Farao, hvad han vil gøre.
Yosef gblɔ na Farao be, “Gɔmeɖeɖe ɖeka koe le drɔ̃e eveawo si. Mawu nɔ nu si wòava wɔ le Egiptenyigba dzi la gblɔm na wò.
26 De syv gode Køer betyder syv År; de syv gode Aks betyder ligeledes syv År; det er en og samme Drøm.
Nyi dami adreawo kple bli ʋaʋã adreawo fia be le ƒe adre siwo gbɔna me la, nuɖuɖu abɔ ɖe anyigba la dzi.
27 Og de syv magre og usle Køer, der steg op efter dem, betyder syv År, og de syv golde og vindsvedne Aks betyder syv Hungersnødsår.
Nyi ɖiku adreawo kple bli maʋamaʋã yɔyrɔ adreawo fia be ƒe adre ƒe dɔwuame adze ƒe adre siwo me nuɖuɖu abɔ la yome.
28 Det var det, jeg mente, når jeg sagde til Farao: Hvad Gud vil gøre, har han ladet Farao skue!
“Ale Mawu ɖe nu si wɔ ge wòala la fia wò.
29 Se, der kommer syv År med stor Overflod i hele Ægypten;
Nuɖuɖu abɔ ɖe Egiptenyigba blibo la dzi le ƒe adre gbãtɔ siwo gbɔna la me.
30 men efter dem kommer der syv Hungersnødsår, og man skal gemme al Overfloden i Ægypten; og Hungersnøden skal hærge Jorden,
Ke le ƒe mawo yome la, dɔwuame ava ƒe adre, eye enu asesẽ ale gbegbe be nuɖuɖu si bɔ tsã la avɔ, woaŋlɔ woƒe bɔbɔ kpɔ be le Egipte, eye dɔwuame agblẽ anyigba la dzi.
31 så man intet mærker til Overfloden på Jorden på Grund af den påfølgende Hungersnød; thi den bliver såre hård.
“Dɔwuame la nu asesẽ ale gbegbe be ame aɖeke magaɖo ŋku edzi be nuɖuɖu bɔ kpɔ o.
32 Men at Drømmen gentog sig to Gange for Farao, betyder, at Sagen er fast besluttet af Gud, og at han snart vil lade det ske.
Drɔ̃e eve siawo le nu eve fiam Farao; wofia be nya siwo megblɔ na mi la le eme va ge kokoko, elabena Mawu ɖo wo da ɖi, eye woava eme kaba.
33 Men nu skulde Farao udse sig en indsigtsfuld og klog Mand og sætte ham over Ægypten,
Susu si mado ɖa lae nye be Farao nadi nunyala gãtɔ kekeake le Egipte, eye nàtsɔe aɖo agbledede ƒe ɖoɖowo nu le anyigba blibo la dzi.
34 og Farao skulde tage og indsætte Tilsynsmænd over Landet og opkræve Femtedelen af Ægyptens Afgrøde i Overflodens syv År;
Mina Farao natia dɔdzikpɔla ɖe anyigba la dzi be woaxɔ Egipte ƒe nuŋeŋe ƒe atɔ̃lia ɖeka le ƒe adreawo me.
35 og de skal samle al Afgrøden fra de gode År, der kommer, og oplagre Høsten som Faraos Eje og bringe Afgrøden under Lås og Lukke i Byerne,
Woaƒo nuɖuɖuawo nu ƒu le ƒe nyui siwo gbɔna la me, eye woadzra wo ɖo ɖe avawo me le duwo me na Farao,
36 for at Afgrøden kan tjene til Forråd for Landet i Hungersnødens syv År, som skal komme over Ægypten, at ikke Landet skal gå til Grunde ved Hungersnøden."
ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ate ŋu akplɔ mí to ƒe adre siwo dɔwuame anɔ anyi le Egipte la me. Ne menye nenema o la, tsɔtsrɔ̃ ava anyigba la dzi.”
37 Både Farao og alle hans Tjenere syntes godt om den Tale,
Farao kple eƒe kpeɖeŋutɔwo xɔ Yosef ƒe nyawo.
38 og Farao sagde til sine Tjenere: "Hvor finder vi en Mand, i hvem Guds Ånd er som i ham?"
Esi wode ŋugble tso ame si woahiã na dɔ sia ŋu la, Farao gblɔ be, “Ame kae ate ŋu awɔ dɔ vevi sia nyuie wu Yosef? Elabena enye ame si yɔ fũu kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ.”
39 Og Farao sagde til Josef: "Efter at Gud har åbenbaret dig alt dette. kan ingen måle sig med dig i Indsigt og Kløgt;
Farao trɔ ɖe Yosef gbɔ gblɔ nɛ be, “Zi ale si Mawu ɖe drɔ̃eawo gɔme fia wò ko la, wòe nye nunyala gãtɔ le dukɔa me,
40 du skal forestå mit Hus, og efter dit Ord skal alt mit Folk rette sig; kun Tronen vil jeg have forud for dig."
eya ta metsɔ wò ɖo dɔ blibo la nu. Nya sia nya si nàgblɔ la, woawɔ edzi le Egiptenyigba blibo la dzi. Nye ɖeka koe aganye amegã na wò.”
41 Og Farao sagde til Josef: "Så sætter jeg dig nu over hele Ægypten!"
Ale Farao gblɔ na Yosef be, “Meto esia me tsɔ wò ɖo Egiptenyigba blibo la nu.”
42 Og Farao tog Seglringen af sin Hånd og satte den på Josefs, klædte ham i fine Linnedklæder og hængte Guldkæden om hans Hals:
Tete Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ de na Yosef; edo aklala biɖibiɖi ƒe awu nɛ, eye wòde sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ.
43 han lod ham køre i sin næstbedste Vogn, og de råbte Abrek for ham. Således satte han ham over hele Ægypten.
Emegbe la, Farao tsɔ tasiaɖam si kplɔ fia tɔ ɖo la na Yosef, eye afi sia afi si wòyi ko la, ɣli ɖina be, “Midze klo!”
44 Og Farao sagde til Josef: "Jeg er Farao, men uden dit Minde skal ingen røre Hånd eller Fod nogensteds i Ægypten!"
Farao gblɔ na Yosef be, “Nye, Egipte fia, meka atam na wò be, ànɔ Egiptenyigba blibo la nu le go sia go me.”
45 Derpå gav Farao Josef Navnet Zafenat Panea, og han lod ham ægte Asenat, en Datter af Præsten Potifera i On; og Josef drog omkring i Ægypten.
Farao tsɔ ŋkɔ yeye na Yosef be Zafenat Paneah. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Amewo ƒe agbeɖela, Mawu ƒe ŋusẽ tɔgbi ɖe ku kple agbe dzi.” Farao tsɔ nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Asenat, eye wònye Potifera, ame si nye On nunɔla la, ƒe vinyɔnu na Yosef wòɖe. Ale Yosef zu ame xɔŋkɔ aɖe le Egiptenyigba blibo la dzi.
46 Josef var tredive År gammel. da han stededes for Farao, Ægyptens Konge. Så forlod Josef Farao og drog omkring i hele Ægypten.
Exɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòge ɖe Farao, Egipte fia ƒe dɔ me. Yosef dzo le Farao gbɔ, eye wòde asi tsatsa me le anyigba blibo la dzi.
47 Og Landet bar i bugnende Fylde i Overflodens syv År;
Vavã, le ƒe adre gbãtɔwo me la, nukuwo wɔ nyuie ŋutɔ le afi sia afi.
48 og Josef samlede al Afgrøden i de syv År, i hvilke der var Overflod i Ægypten, og bragte den til Byerne; i hver By samlede han Afgrøden fra Markerne der omkring.
Le ƒe mawo me la, Yosef de se be woatsɔ nuku ɖe sia ɖe si woaxa le Egipte la ƒe akpa aɖe ana dziɖuɖu, eye woadzra wo ɖo ɖe avawo me le du gãwo me.
49 Således ophobede Josef Korn i vældig Mængde, som Havets Sand, indtil man opgav at måle det, da det ikke var til at måle.
Le ƒe adrea ƒe nuwuwu la, avawo yɔ, eye nuɖuɖu si wodzɔ na dziɖuɖu la sɔ gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke meganya akɔnta le eŋu o.
50 Før Hungersnødens År kom. fik Josef to Sønner med Asenat, Præsten i On Potiferas Datter;
Le ɣeyiɣi sia me, hafi dɔwuame ƒe ƒe gbãtɔ naɖo la, Asenat, Potifera si nye On nunɔla ƒe vinyɔnu la dzi vi eve na Yosef.
51 og Josef gav den førstefødte Navnet Manasse, thi han sagde: "Gud har ladet mig glemme al min Møje og hele min Faders Hus."
Ena ŋkɔ gbãtɔ be Manase si gɔmee nye “Meŋlɔ be.” Nu si Yosef di be yeafia lae nye be Mawu ve ye nu ale gbegbe be yeŋlɔ yeƒe ɖekakpuimefuwo kple yeƒe dzodzo le yewo de be.
52 Og den anden gav han Navnet Efraim, thi han sagde: "Gud har givet mig Livsfrugt i min Elendigheds Land."
Ena ŋkɔ Via ŋutsu evelia be Efraim si gɔmee nye “Kutsetse,” elabena egblɔ be, “Mawu na metse ku le teƒe sia, afi si menye kluvi le.”
53 Da Overflodens syv År, som kom over Ægypten, var omme,
Ale ƒe adre siwo me nuɖuɖu bɔ le Egipte la wu enu,
54 begyndte Hungersnødens syv År, som Josef havde sagt; og der opstod Hungersnød i alle Lande, men i hele Ægypten var der Brød.
eye dɔwuame ƒe ƒe adreawo dze egɔme abe ale si Yosef gblɔe da ɖi ene. Nukuwo gblẽ le dukɔ siwo ƒo xlã wo la me, ke nuɖuɖu bɔ ɖe avawo me le Egipte.
55 Så hungrede hele Ægypten; og Folket råbte til Farao om Brød; men Farao sagde til alle Ægypterne: "Gå til Josef og gør, hvad han siger eder!"
Dɔ de asi Egipte dukɔ la wuwu me. Woɖe kuku na Farao be wòana nuɖuɖu yewo. Eɖo wo ɖe Yosef gbɔ kple nya siawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòagblɔ na mi be miawɔ la.”
56 Og der var Hungersnød over hele Jorden. Da åbnede Josef for alle Kornlagrene og solgte Korn til Ægypterne; men Hungersnøden tog til i Ægypten;
Esi dɔwuame kaka ɖe anyigba blibo la dzi la, Yosef ʋu avawo, eye wòdzra nuɖuɖu na Egiptetɔwo, elabena dɔwuame la nu sesẽ le anyigba la katã dzi.
57 og Alverden kom til Ægypten for at købe Korn hos Josef; thi Hungersnøden tog til over hele Jorden.
Eye amewo tso dukɔwo katã me va Egipte be yewoaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔwuame la nu sesẽ le xexea me katã.

< 1 Mosebog 41 >