< Ezekiel 41 >

1 Derpå førte han mig til det hellige og målte pillerne, de var seks Al brede på begge Sider;
Tete ŋutsu la kplɔm yi gbedoxɔ la godo, eye wòdzidze domegliawo; woƒe kekeme nye mita etɔ̃ le akpa ɖe sia ɖe.
2 Indgangen var ti Alen bred, dens Sidevægge fem Alen til begge Sider; og han målte dets Længde til fyrretyve Alen og Bredden til tyve.
Ʋɔtru la nu keke mita atɔ̃, eye gli siwo le eƒe akpawo la keke mita eve kple afã. Edzidze gbedoxɔ egodotɔ la hã. Edidi mita blaeve, eye wòkeke mita ewo.
3 Derpå gik han ind i Inderhallen og målte indgangens Piller; de var to Alen, og Indgangen var seks Alen bred og Sidevæggene syv Alen brede til begge Sider.
Azɔ la, eyi gbedoxɔ emetɔ me, eye wòdzidze ʋɔtru la ƒe domegliwo: ɖe sia ɖe keke mita ɖeka. Mɔnu la keke mita etɔ̃, eye gli siwo le eƒe axawo dzi la keke mita etɔ̃ kple afã.
4 Og han målte dets Længde til tyve Alen og Bredden til tyve ud for Tempelrummet. Og han sagde til mig: "Dette er det Allerhelligste."
Edzidze gbedoxɔ emetɔ ƒe didime; esia nye mita ewo, eye eƒe kekeme nye mita ewo. Egblɔ nam be, “Esiae nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe.”
5 Derpå målte han Templets Mur; den var seks Alen bred; og Tilbygningen var fire Alen bred Templet rundt.
Tete wòdzidze gbedoxɔ la ƒe gliwo; etri mita etɔ̃, eye axadzixɔ siwo ƒo xlã gbedoxɔ la, ɖe sia ɖe keke mita eve.
6 Tilbygningen lå Rum ved Rum, tre Aum oven på hverandre tredive Gange, og der var Fremspring, så Bjælkerne ikke greb ind i Templets Mur.
Axadzixɔawo le ɖoɖo etɔ̃ me, ɖoɖo ɖeka le nɔvia tame, eye xɔ blaetɔ̃ le ɖoɖo ɖe sia ɖe me. Wonɔ gbedoxɔ la ƒe gliwo ŋu be, woalé axadzixɔawo ɖe asi ale be léɖeasiwo mege ɖe gbedoxɔ la ƒe gliwo me o.
7 Således var Tilbygningens Rum bredere og bredere opad, efter som Tempelmuren var trukket tilbage opad, Templet rundt. Fra det nederste Stokværk steg man op til det mellemste, og derfra op til det øverste.
Axadzixɔawo le ɖoɖo gbãtɔ me mekeke abe evelia me tɔwo ene o, eye woawo hã mekeke abe ɖoɖo etɔ̃lia me tɔwo ene o. Atrakpuiwo tso ɖoɖo gbãtɔ yi ɖoɖo etɔ̃lia to ɖoɖo titinatɔ me.
8 Og jeg så ved Templet en ophøjet brolagt Plads hele Vejen rundt. Tilbygningens Grundmure var et fuldt Mål høje, seks Alen til Kanten.
Mekpɔ be woƒu kpo ƒo xlã gbedoxɔ la wòzu gɔmeɖokpe na axadzixɔawo. Ekeke abe dzidzeti la ƒe didime ene: mita etɔ̃.
9 Tilbygningens Ydermur var fem Alen bred. Der var en åben Plads langs Templets Tilbygning.
Axadzixɔawo ƒe gli egodotɔ tri mita eve kple afã. Teƒe si tsi anyi le axadzixɔawo
10 En afspærret Plads, tyve Alen bred, omgav Templet på alle Sider.
kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome la keke mita ewo ƒo xlã gbedoxɔ la.
11 Tilbygningens Døre førte ud til den åbne Plads, en Dør mod Nord og en anden mod Syd; og den åbne Plads var fem Alen bred på alle Sider.
Ʋɔtruwo le axadzixɔawo ŋu tso teƒe si le woawo kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome, ɖeka le anyiehe gome, eye bubu hã le dziehe gome. Teƒe sia keke mita eve kple afã ƒo xlã va kpe ɖo.
12 Den Bygning, som lå ved den afspærrede Plads imod Vest, var halvfjerdsindstyve Alen bred, dens Mur var fem Alen tyk til alle Sider, og den var halvfemsindstyve Alen lang.
Xɔ si dze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣetoɖoƒe lɔƒo la keke mita blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, eye wòtri mita eve kple afã. Gli la didi mita blaene-vɔ-atɔ̃.
13 Han målte Templet; det var hundrede Alen langt; den afspærrede Plads tillige med Bagbygningen og dens Mure var hundrede Alen lang,
Azɔ la, edzidze gbedoxɔ la. Edidi mita blaatɔ̃, eye gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu kple xɔ la ƒe gliwo hã didi nenema ke.
14 og Templets Forside tillige med den afspærrede Plads mod Øst var hundrede Alen bred.
Gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣedzeƒe lɔƒo kple gbedoxɔ la ŋgɔ keke mita blaatɔ̃.
15 Og han målte Længden af Bagbygningen langs den afspærrede Plads, som lå bag den; den var hundrede Alen. Det Hellige, Inderhallen og den ydre Forhal
Le esia megbe la, edzidze xɔ si dze ŋgɔ xɔxɔnu si le gbedoxɔ la megbe la kple dziƒoxɔ siwo le gbedoxɔ la me le akpa ɖe sia ɖe, eye wode mita blaatɔ̃. Gbedoxɔ egodotɔ kple emetɔ kple akpata si dze ŋgɔ xɔxɔnu la,
16 var træklædt. Vinduer, som udvidede sig indad, gav Lys rundt om i alle tre Rum, og Væggene derinde var klædt med Træ rundt om fra Gulv til Vinduer,
kple fesre sue kple xɔmedziƒoxɔ siwo ƒo xlã nu etɔ̃awo; wofa ʋuƒo ɖe wo kple anyigba kpakple gliawo ŋu va se ɖe fesreawo te.
17 og fra Indgangens Sidevægge til det indre Rum var der Væggen rundt
Le teƒe si le gbedoxɔ emetɔ ƒe ʋɔtru tame kple gliawo ŋu le dometsotso mamlɛtɔ si ƒo xlã gbedoxɔ emetɔ kple egodotɔ ŋu la,
18 udskåret Arbejde, Keruber og Palmer, en Palme mellem to Keruber; Keruberne havde to Ansigter;
kerubiwo kple deti siwo wokpa la li. Mo eve li na kerubi ɖe sia ɖe.
19 Menneskeansigtet vendte mod Palmen på den ene Side og Løveansigtet mod Palmen på den anden Side; således var der gjort hele Templet rundt.
Ame ƒe mo dze ŋgɔ deti la le akpa ɖeka, eye dzata ƒe mo dze ŋgɔ deti la le akpa kemɛ. Wokpa wo ɖe gliawo ŋu ƒo xlã gbedoxɔ blibo la.
20 Fra Gulv til Vinduer var der fremstillet Keruber og Palmer på det Helliges Væg.
Tso anyigba yi teƒe si le ʋɔtru la tame la, wokpa kerubiwo kple detiwo ɖe gbedoxɔ egodotɔ ƒe gliwo ŋu.
21 Ved Indgangen til det Hellige var der firkantede Dørstolper. Foran Helligdommen var der noget, der så ud som
Ʋɔtruti si le dzogoe ene me la le gbedoxɔ egodotɔ ƒe mɔnu abe esi le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ ene.
22 et Træalter, tre Alen højt, to Alen langt og to Alen bredt; det havde Hjørner, og dets Fodstykke og Vægge var af Træ. Og han sagde til mig: "Dette er Bordet, som står for HERRENs Åsyn."
Ativɔsamlekpui si kɔ mita ɖeka kple afã, eye eƒe axawo didi mita ɖeka la, wowɔ eƒe dzogoewo, ete kple eƒe axawo kple ati. Ame la gblɔ nam be, “Esiae nye kplɔ̃ si le Yehowa ŋkume.”
23 Det Hellige havde to Dørfløje;
Ʋɔtru gã evee nɔ gbedoxɔ egodotɔ kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu.
24 ligeledes havde Helligdommen to Dørfløje; hver Fløj var to bevægelige Dørflader, to på hver Fløj.
Ʋɔtru ɖe sia ɖe ʋuna ɖe akpa eve.
25 Og på dem var der fretillet Keruber og Palmer ligesom på Væggene. Der var et Trætag uden for Forhallen.
Wokpa kerubiwo kple detiwo abe esiwo wokpa ɖe gliawo ŋuti la ene ɖe gbedoxɔ egodotɔ ƒe ʋɔtruwo ŋu, eye wotsɔ ʋuƒo wɔ agbali ɖe akpata la ŋgɔ.
26 Der var gitrede Vinduer og Palmer på Forhallens Sidevægge til begge Sider..."
Fesre sue siwo ƒe akpa eveawo ŋu wokpa detiwo ɖo la, le akpata la ƒe axadzigliwo ŋu. Agbaliwo le gbedoxɔ la ƒe axadzixɔawo hã ŋu.

< Ezekiel 41 >