< Ezekiel 23 >

1 HERRENs Ord kom til mig således:
Yehowa ƒe nya va nam be,
2 Meneskesøn! Der var to Kvinder, Døtre af en og samme Moder.
“Ame vi, nyɔnu eve aɖewo, dada ɖeka ƒe vinyɔnuviwo nɔ anyi.
3 De bolede i deres Ungdom i Ægypten: der krammedes deres Bryster, der krænkede man deres Jomfrubarm.
Wozu gbolowo le Egipte, eye wowɔ gbolo tso keke woƒe ɖetugbime ke. Le anyigba ma dzi la, wolé no na wo, eye woli asi woƒe akɔnu.
4 Den ældste hed Ohola, hendes Søster Oholiba. Og de blev mine og fødte Sønner og Døtre. Ohola er Samaria, Oholiba Jerusalem.
Tsitsitɔ ŋkɔe nye Ohola, eye nɔvia tɔe nye Oholiba. Wonye tɔnyewo, eye wodzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nam. Oholae nye Samaria, eye Oholiba nye Yerusalem.
5 Men i Stedet for at holde sig til mig bolede Ohola og var i Brynde for sine Elskere, Assurs Sønner, der nærmede sig hende
“Ohola nɔ gbolo wɔm le esime wòganye tɔnye ko, eye wòtiaa eƒe ahiãviwo yome vevie. Ame siawo nye aʋawɔlawo tso Asiria,
6 klædt i Purpur, Statholdere og Landshøvdinger, alle sammen smukke unge Mænd, Ryttere højt til Hest;
wodoa awu blɔtɔwo, wonye mɔmefiawo kple amegãwo, wonye nye ɖekakpui dzeɖekɛwo kple sɔdolawo.
7 og hun gav dem sin bolerske Elskov, alle Assurs ypperste Sønner, og alle Vegne, hvor hun kom i Brynde, gjorde hun sig uren ved deres Afgudsbilleder.
Etsɔ eɖokui abe gbolo ene na Asiriatɔwo ƒe ame ŋkutawo katã, eye wòtsɔ ame sia ame si yome wòtina vevie la ƒe legbawo do gu eɖokui.
8 Men sin Bolen med Ægypterne opgav hun ikke, thi de hade ligget hos hende i hendes Ungdom; de havde skændet hendes Jomfrubarm og udøst deres bolerske Attrå over hende.
Meɖe asi le gbolowɔwɔ si gɔme wòdze le Egipte la ŋu o. Le eƒe ɖetugbime la, ŋutsuwo dɔna kplii, lia asi eƒe akɔnu hewɔa ahasi kplii vivivo.
9 Derfor gav jeg hende i hendes Elskeres, Assurs Sønners, Hånd, for hvem hun var i Brynde;
“Eya ta metsɔe na eƒe ahiãviwo, Asiriatɔwo, ame siwo yome wòtina vevie.
10 og de blottede hendes Blusel, tog hendes Sønner og Døtre og dræbte hende selv med Sværd, så hun fik Vanry blandt Kvinder; således fuldbyrdede de Dommen over hende.
Woɖe amamae, kplɔ via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo dzoe, eye wowui kple yi. Ezu lodonya le nyɔnuwo dome, eye wohe to nɛ.
11 Det så hendes Søster Oholiba, og dog kom hun i endnu værre Brynde og bolede endnu værre end Søsteren.
“Nɔvia nyɔnu Oholiba kpɔ nu sia, gake ede ŋgɔ le eƒe ŋutsuwo yometiti kple gbolowɔwɔ me wu nɔvia nyɔnu.
12 Hun kom i Brynde for Assurs Sønner, Statholdere og Landshøvdinger, der nærmede sig hende herligt klædt, Ryttere højt til Hest, alle sammen smukke unge Mænd.
Eya hã ti Asiriatɔwo, mɔmefiawo kple aʋafia gãwo, aʋawɔla, siwo le asrafowu me, sɔdolawo; ame siwo katã nye ɖekakpui dzeɖekɛwo yome.
13 Og jeg så, at hun blev uren; begge fulgte samme Vej.
Mekpɔe be eya hã do gu eɖokui, eye wo ame eve la siaa to mɔ ɖeka ma.
14 Men hun drev sin Bolen videre endnu; thi da hun så Mænd afbildede på Muren, Billeder af Kaldæere, malet med rødt,
“Gake eya gatsɔ gbolowɔwɔ yi ŋgɔe wu. Ekpɔ wota ŋutsuwo ɖe gli aɖe ŋu. Wota Babiloniatɔwo kple aŋɔ dzĩ,
15 med Bælte om Lænd og nedhængende Hovedbind, alle at se til som Høvedsmænd, en Afbildning af Babels Sønner, hvis Hjemstavn Kaldæa er,
alidziblanu le ali dzi na wo, eye tablanu gã le ta na wo. Wo katã woɖi Babiloniatɔwo ƒe tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo, eye wonye Babiloniatɔwo.
16 så kom hun i Brynde for dem, så snart hun fik Øje på dem, og hun sendte Bud til dem i Kaldæa:
Esi wòkpɔ wo ko la, wodzroe, eye wòdɔ amewo ɖe wo le Babilonia.
17 Og Babels Sønner gik ind til hende, lå hos hende i Elskov og gjorde hende uren ved deres Bolen; og hun blev uren ved dem, til hun følte Lede ved dem.
Babiloniatɔwo do gui. Esi wodo gui vɔ la, etrɔ le wo yome kple dɔmedzoe.
18 Da hun havde åbenbaret sin bolerske Attrå og blottet sin Blusel, følte jeg Lede ved hende, som jeg var blevet led ved hendes søster.
Esi wòyi eƒe gbolowɔwɔ dzi le gaglãgbe, eye wòɖe amama fia amewo ta la, meɖe asi le eŋu kple dɔmedzoe abe ale si meɖe asi le nɔvia nyɔnu ŋu kple dɔmedzoe ene.
19 Men hun drev sin Bolen videre endnu, idet hun kom sin Ungdoms Dage i Hu, da hun havde bolet i Ægypten,
Ke egayi gbolowɔwɔ dzi wu esi wòɖo ŋku eƒe ɖetugbimeŋkekewo dzi, esime wònye gbolo le Egipte.
20 og hun kom i Brynde ved dets Bolere, der havde Kød som Æsler og var gejle som Hingste;
Le afi ma la, eti eƒe ahiãviwo yome. Woƒe ŋutsu le abe tedzitsuwo tɔ ene, eye woƒe ŋutsunu le abe sɔtsuwo tɔ ene.
21 og hun optog sin Ungdoms Skændsel, dengang Ægypterne krænkede hendes Jomfrubarm og krammede hendes unge Bryster,
Ale ŋukpenanu siwo nèwɔ le wò ɖetugbime gadzro wò esime nènɔ Egipte, woli asi wò akɔnu, eye wolé wò ɖetugbimeno.
22 Derfor, Oholiba, så siger den Herre HERREN: Jeg hidser dine Elskere på dig, dem, du følte Lede ved, og fører dem mod dig fra alle Kanter,
“Eya ta Oholiba, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Made ada ta me na wò ahiãviwo, ame siwo yome nètrɔ le kple dɔmedzoe, eye makplɔ wo vɛ woatso ɖe ŋuwò tso axa ɖe sia ɖe dzi.
23 Babels Sønner og alle Kaldæerne, Pekod, Sjoa og Koa og med dem alle Assurs Sønner, alle sammen smukke unge Mænd, Statholdere og Landshøvdinger, Høvedsmænd og navnkundige Mænd, alle højt til Hest;
Babiloniatɔwo, ame siwo katã tso Babilonianyigba dzi, ŋutsuwo tso Pekod kple Soa kple Koa kple Asiriatɔwo katã, kpe ɖe wo ŋu. Wonye ɖekakpui dzeɖekɛwo. Wo katã wonye mɔmefiawo, dumegãwo, tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kple ame ŋkutawo, eye wo katã woganye sɔdolawo.
24 og de skal komme imod dig med en Vrimmel af Vogne og Hjul og en Hærskare af Folkeslag; store og små Skjolde og Hjelme skal de rette imod dig fra alle Kanter. Jeg overlader dem Dommen, og de skal dømme dig efter deres Ret.
Woatsɔ aʋawɔnuwo ɖe ŋuwò ava tu wò kple tasiaɖamwo, kekewo kple ameha gã aɖe. Woanɔ axa ɖe sia ɖe dzi, atsi tsitre ɖe ŋuwò kple akpoxɔnu gãwo kple suewo kple gakukuwo. Matsɔ wò ade asi na wo hena tohehe, eye woahe to na wò le woƒe sewo nu.
25 Jeg retter min Nidkærhed imod dig, og de skal handle med dig i Vrede; din Næse og dine Ører skal de skære af, dit Afkom skal falde for Sværdet; de skal tage dine Sønner og Døtre, og dit Afkom skal fortæres af Ild;
Matrɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatu nu kpli wò kple dɔmedzoe. Woakpa ŋɔti kple towo na wò, eye mia dometɔ siwo atsi anyi la, atsi yinu. Woakplɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo adzoe, eye dzo afia mi ame siwo asusɔ.
26 de skal rive Klæderne af dig og tage alle dine Smykker;
Woaɖe wò avɔwu ɖa le ŋuwò, eye woatsɔ wò sikanuwo adzoe.
27 jeg gør Ende på din Skændsel og din Bolen, som du hengav dig til i Ægypten, og du skal ikke mere løfte dit Blik til dem eller komme Ægypten i Hu.
Ale matɔ te ŋukpenanuwo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ si gɔme nèdze le Egipte. Nu siawo magadzro wò o, eye màgaɖo ŋku Egipte dzi azɔ o.’
28 Thi så siger den Herre HERREN: Se, jeg giver dig i deres Hånd, som du hader og ledes ved;
“Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esusɔ vie matsɔ wò ade asi na ame siwo nèlé fui, ame siwo yome nètrɔ le kple dɔmedzoe.
29 de skal handle med dig i Had og tage alt dit Gods og efterlade dig nøgen og bar, så din bolerske blussel blottes.
Woatu nu kpli wò kple fuléle, eye woatsɔ wò nu siwo katã nèwɔ dɔ hekpɔ la adzoe. Woagblẽ wò ɖi nànɔ amama, anɔ ƒuƒlu, eye woahe wò gbolowɔwɔ ƒe ŋukpe ɖe go. Wò ŋukpenanuwo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ woe
30 Det kan du takke din Skændsel og din Bolen for, thi du bolede med Folkene og gjorde dig uren med deres Afgudsbilleder.
he nu siawo va dziwò, elabena èdze dukɔwo yome, eye nèdo gu ɖokuiwò kple woƒe legbawo.
31 Du vandrede i din Søsters Spor; derfor giver jeg dig hendes Bæger i Hånden.
Èdze nɔviwò nyɔnu yome, eya ta matsɔ eƒe kplu ade asi na wò.’
32 Så siger den Herre HERREN: Du skal drikke af din Søsters Bæger, som er både dybt og bredt; du skal blive til Latter og Spot; Bægeret rummer meget;
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, “Àno nɔviwò nyɔnu ƒe kplu, kplu si lolo, eye wòde eme, ahe vlododo kple koko vɛ, elabena nu geɖewo le eme.
33 det er fuldt af Beruselse og Stønnen, et Bæger med Gru og Rædsel er din Søster Samarias Bæger.
Ahamumu kple nuxaxa ayɔ mewò. Nɔviwò nyɔnu, Samaria, ƒe kplu nye tsɔtsrɔ̃ kple aƒedozuzu ƒe kplu.
34 Du skal drikke det ud til sidste Dråbe, gnave dets Skår og sønderrive dine Bryster, så sandt jeg har talet, lyder det fra den Herre HERREN.
Ànoe wòavɔ le eme ƒiaƒiaƒia, aɖuɖɔ eƒe gbagbãwo eye nàde abi wò nowo ŋu. Aƒetɔ Yehowa be, yee gblɔe.
35 Derfor, så siger den Herre HERREN: Fordi du glemte mig og kastede mig bag din Ryg, skal du bære Følgen af din Skændsel og Bolen.
“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esi nèŋlɔm be, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe megbe ta la, ele na wò be nàtsɔ wò ŋukpenanuwɔwɔwo kple wò gbolowɔwɔ ƒe yomedzenuwo.”
36 Og HERREN sagde til mig: Menneskesøn! Vil du dømme Ohola og Oholiba, så forehold dem deres Vederstyggeligheder,
Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ɖe nàdrɔ̃ ʋɔnu Ohola kple Oholiba mahã? Ekema tsɔ woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ɖo woƒe ŋkume,
37 at de horede og har Blod på Hænderne; de horede med deres Afgudsbilleder, og til Føde for dem lod de Børnene, de fødte mig, gå igennem Ilden.
elabena wowɔ ahasi, eye ʋu ƒo asi na wo. Wowɔ ahasi kple woƒe legbawo; wotsɔ wo vi siwo wodzi nam la sa vɔe gɔ̃ hã abe nuɖuɖu na woƒe legbawo ene.
38 Fremdeles har de gjort mig dette: De har gjort min Helligdom uren og vanhelliget mine Sabbater;
Wogawɔ esia ɖe ŋunye. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wodo gu nye kɔkɔeƒe la, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo.
39 endog samme Dag de havde slagtet deres Børn til Afgudsbillederne, kom de til min Helligdom og vanhelligede den. Sandelig, således gjorde de i mit Hus.
Le ŋkeke si dzi wotsɔ wo viwo sa vɔe na woƒe legbawo la, gbe ma gbe tututue woge ɖe nye kɔkɔeƒe la, eye wodo gui. Nu mae wowɔ le nye aƒe me.
40 Ja, for Mænd, som kom langvejs fra, straks der var sendt dem Bud, badede du dig, sminkede du dine Øjne og tog dine Smykker på;
“Gawu la, woɖo du ɖe ŋutsuwo, ame siwo va tso didiƒe, eye esi wova ɖo la, miele tsi na mia ɖokuiwo, miesi nu yibɔ ɖe miaƒe aɖaba te, eye miede miaƒe sikanuwo.
41 og du satte dig på et prægtigt Leje, og foran det dækkedes et Bord, på hvilket du satte min Røgelse og min Olie.
Mienɔ anyi ɖe nye abati nyuitɔ dzi, kplɔ̃ le eŋgɔ, kplɔ̃ si dzi míetsɔ dzudzɔdonu kple ami siwo nye tɔnye la da ɖo.
42 Og det ligefrem larmede hos Søstrene; så mange Mænd kom der fra Ørkenen; og de lagde Spange om deres Arme og satte en herlig Krone på deres Hoved.
“Ameha aɖe ƒe howɔwɔ ƒo xlãe. Wokplɔ Sabeatɔwo tso gbegbe kpli wo vɛ, eye wotsɔ abɔgɛwo de abɔwo na nyɔnu la kple nɔvia nyɔnu, eye woɖɔ fiakuku dzeaniwo na wo.
43 Så sagde jeg: Således har de horet, på Skøgevis har de bolet.
Megblɔ tso ame si ŋu wɔna vɔ le le ahasiwɔwɔ ta be, ‘Azɔ la, mina woazãe abe gbolo ene, elabena eya koe nye nu si wònye.’
44 Man gik ind til dem som til en Skøge; således gik man ind til Ohola og Oholiba og øvede Skændsel.
Eye wodɔ egbɔ. Abe ale si ŋutsuwo dɔa gbolo gbɔ ene la, nenema wodɔ nyɔnu ŋukpenanuwɔla, Ohola kple Oholiba gbɔe.
45 Uvildige Mænd skal dømme dem efter Ægteskabsbryderskers og Morderskers Ret; thi de horede og har Blod på Hænderne.
Ke ŋutsu dzɔdzɔewo ada nyɔnu ahasitɔwo kple ʋukɔɖilawo ƒe tohehe ɖe wo dzi, elabena wonye ahasitɔwo, eye ʋu ƒo asi na wo.
46 Thi så siger den Herre HERREN: En Forsamling skal sammenkaldes imod dem, og de skal gives hen til at mishandles og udplyndres;
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kplɔ ameha aɖe vɛ ɖe wo ŋu, eye nàtsɔ wo ade asi na ŋɔdzinuhaha.’
47 Forsamlingen skal stene dem og hugge dem sønder og sammen med Sværd; deres Sønner og Døtre skal man dræbe, og deres Huse skal man brænde.
Ameha la aƒu kpe wo, eye woadza wo kple woƒe yiwo, woawu wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo, eye woatɔ dzo woƒe xɔwo.
48 Jeg gør Ende på Skændselen i Landet, og alle kvinder skal lade sig advare derved og ikke efterligne eders Skændsel.
“Ale matsi ŋukpenanuwɔwɔ nu le anyigba la dzi, ale be nyɔnuwo katã nakpɔ nuxɔxlɔ̃, eye womaganɔ agbe abe woawo ene o.
49 Man skal lade eders Skændsel komme over eder, og I skal bære Følgen af de Synder, I gjorde med eders Afgudsbilleder; og I skal kende, at jeg er den Herre HERREN.
Miaxɔ miaƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ƒe tohehe, eye miatsɔ miaƒe legbasubɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu. Ekema mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.”

< Ezekiel 23 >