< Anden Kongebog 21 >

1 Manasse var tolv År gammel, da han blev Konge, og han herskede fem og halvtredsindstyve År i Jerusalem. Hans Moder hed Hefziba.
Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Hefziba.
2 Han gjorde, hvad der var ondt i HERRENs Øjne, og efterlignede de Folkeslags Vederstyggeligheder, som HERREN havde drevet bort foran Israeliterne.
Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome.
3 Han byggede atter de Offerhøje, som hans Fader Ezekias havde ødelagt, rejste Altre for Ba'al, lavede en Asjerastøtte, ligesom Kong Akab af Israel havde gjort, og tilbad og dyrkede hele Himmelens Hær.
Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòli aƒeli abe ale si Ahab, Israel fia, wɔ la ene. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo.
4 Og han byggede Altre i HERRENs Hus, om hvilket HERREN havde sagt: "I Jerusalem vil jeg stedfæste mit Navn."
Etu vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, teƒe si ŋu Yehowa gblɔ le be, “Yerusalem anye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.”
5 Og han byggede Altre for hele Himmelens Hær i begge HERRENs Hus's Forgårde.
Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo.
6 Han lod sin Søn gå igennem Ilden, drev Trolddom og tog Varsler og ansatte Dødemanere og Sandsigere; han gjorde meget, som var ondt i HERRENs Øjne, og krænkede ham.
Etsɔa Via ŋutsuvi saa dzovɔe. Ekaa afa, dea nubiaƒe kple ŋɔliyɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ.
7 Den Asjerastøtte, han lod lave, opstillede han i det Hus, om bvilket HERREN havde sagt til David og hans Søn Salomo: "I dette Hus og i Jerusalem, som jeg har udvalgt af alle Israels Stammer, vil jeg stedfæste mit Navn til evig Tid;
Manase li aƒeli si wòwɔ la ɖe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Yehowa ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe!
8 og jeg vil ikke mere lade Israel vandre bort fra det Land, jeg gav deres Fædre, dog kun på det Vilkår, at de omhyggeligt overholder alt, hvad jeg har pålagt dem, hele den Lov, min Tjener Moses gav dem."
Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi o, nenye be wolé se siwo katã mede na wo kple se siwo katã nye dɔla Mose de na wo la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.”
9 Men de vilde ikke høre, og Manasse forførte dem til at handle værre end de Folkeslag, HERREN havde udryddet foran Israeliterne.
Ke ameawo meɖo to Yehowa o eye Manase na wowɔ nu vɔ̃ wu dukɔ siwo ƒo xlã wo, togbɔ be Yehowa tsrɔ̃ dukɔ siawo le woƒe nu vɔ̃wo ta, esi Israelviwo ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã.
10 Da talede HERREN ved sine Tjenere Profeterne således:
Yehowa ƒo nu to eƒe nyagblɔɖilawo dzi na ameawo be,
11 "Efterdi Kong Manasse af Juda har øvet disse Vederstyggeligheder, ja øvet Ting, som er værre end alt, hvad Amoriterne, der var før ham. øvede, og tillige ved sine Afgudsbilleder har forledt Juda til Synd,
“Esi Fia Manase wɔ nu vɔ̃ siawo eye wòvɔ̃ɖi wu Amoritɔwo, ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã eye esi wòkplɔ Yuda de legbasubɔsubɔ me ta la,
12 derfor, så siger HERREN, Israels Gud: Se, jeg bringer Ulykke over Jerusalem og Juda, så det skal ringe for Ørene på enhver, der hører derom!
Yehowa, Israel ƒe Mawu be mahe dzɔgbevɔ̃e va Yerusalem kple Yuda dzi ale gbegbe be ame sia ame si ase nu tso dzɔgbevɔ̃e sia ŋu la ƒe to me aɖi yeŋ kple vɔvɔ̃.
13 Jeg vil trække samme Målesnor over Jerusalem som over Samaria og bruge samme Lod som ved Akabs Hus; jeg vil afviske Jerusalem, som man afvisker et Fad og vender det om;
Matsɔ dzidzeka si metsɔ dzidze Samaria kple Ahab ƒe aƒe la adzidze Yerusalem. Maklɔ Yerusalem abe ale si woklɔa agbae ene eye matrɔe atsyɔ anyi.
14 jeg forstøder, hvad der er tilbage af min Ejendom, oggiver dem i deres Fjenders Hånd, og de skal blive til Rov og Bytte for alle deres Fjender,
Gawu la, magbe nu le nye ame ʋɛ siwo asusɔ la gɔ̃ hã gbɔ eye matsɔ wo ade asi na woƒe futɔwo
15 fordi de gjorde, hvad der var ondt i mine Øjne, og krænkede mig, lige fra den Dag deres Fædre drog ud af Ægypten og indtil i Dag!"
elabena wowɔ nu vɔ̃ le nye ŋkume eye wodo dɔmedzoe nam tso esime mekplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte va se ɖe fifi.”
16 Desuden udgød Manasse uskyldigt Blod i store Måder, så han fyldte Jerusalem dermed til Randen, for ikke at tale om den Synd; han begik ved at forlede Juda til Synd, så de gjorde, hvad der var ondt i HERRENs Øjne.
Hekpe ɖe legbasubɔsubɔ si Yehowa lé fui, subɔsubɔ si me Manase he ameawo dee ŋu la, Manase wu ame maɖifɔ geɖewo eye ame siwo wòwu la ƒe kukuawo xɔ Yerusalem ƒe akpa sia akpa.
17 Hvad der ellers er at fortælle om Manasse, alt, hvad han udførte, og den Synd, han begik, står jo optegnet i Judas Kongers Krønike.
Woŋlɔ Manase ƒe fiaɖuɖu vɔ̃ɖi la ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo wòwɔ kpakple eƒe nu vɔ̃ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me.
18 Så lagde Manasse sig til Hvile hos sine Fædre og blev jordet i Haven ved sit Hus, i Uzzas Have; og hans Søn Amon blev Konge i hans Sted.
Esi wòku la woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ si nye Uza ƒe abɔ le fiasã la me, eye via Amon ɖu fia ɖe eteƒe.
19 Amon var to og tyve År gammel, da han blev Konge, og han herskede to År i Jerusalem. Hans Moder hed Mesjullemet og var en Datter af Haruz fra Jotba.
Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve. Dadaa ŋkɔe nye Mesulemet, Haruz ƒe vinyɔnu, ame si tso Yotba.
20 Han gjorde, hvad der var ondt i HERRENs Øjne, ligesom hans Fader Manasse;
Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene.
21 han vandrede nøje i sin Faders Spor og dyrkede Afgudsbillederne, som hans Fader havde dyrket, og tilbad dem;
Ewɔ nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔ eye wòsubɔ legba siwo katã fofoa subɔ.
22 han forlod HERREN, sine Fædres Gud, og vandrede ikke på HERRENs Vej.
Gawu la, egbe nu le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la gbɔ eye mezɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o.
23 Amons Folk sammensvor sig imod ham og dræbte Kongen i hans
Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowu fia la le eƒe fiasã me.
24 men Folket fra Landet dræbte alle dem, der havde sammensvoret sig imod Kong Amon, og gjorde hans Søn Josias til Konge i hans Sted.
Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi Yosia ɖo fiae.
25 Hvad der ellers er at fortælle om Amon, og hvad han udførte, står jo optegnet i Judas Kongers Krønike.
Woŋlɔ Amon ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
26 Man jordede ham i hans Faders Grav i Uzzas Have; og hans Søn Josias blev Konge i hans Sted.
Woɖii ɖe eƒe yɔdo me le Uzabɔ me eye via Yosia ɖu fia ɖe eteƒe.

< Anden Kongebog 21 >