< 2 Johannes 1 >

1 Den Ældste til den udvalgte Frue og hendes Børn, som jeg elsker i Sandhed, og ikke jeg alene, men også alle, som have erkendt Sandheden,
Nye, hamemegã tsitsitɔ gbɔe agbalẽ sia tso, Na hamenyɔnu lɔlɔ̃a si nye Mawu ƒe ame tiatia tɔxɛ, ame si melɔ̃na vevie la kple viawo katã. Menye nye ɖekae o, ke boŋ ame siwo katã dze si nyateƒe la
2 for den Sandheds Skyld, som bliver i os og skal være med os til evig Tid. (aiōn g165)
le nyateƒe si le mía me eye wòanɔ mía me tegbee la ta: (aiōn g165)
3 Nåde, Barmhjertighed og Fred være med os fra Gud Fader og fra Jesus Kristus, Faderens Søn, i Sandhed og Kærlighed!
Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Yesu Kristo, Fofo la ƒe Vi la gbɔ la nanɔ anyi kpli mi le nyateƒe kple lɔlɔ̃ me.
4 Jeg har glædet mig meget over, at jeg har fundet Børn af dig, som vandre i Sandhed, efter det Bud, vi fik af Faderen.
Enye dzidzɔ gã aɖe nam be makpɔ be viwò aɖewo le agbe nɔm le nyateƒea me abe ale si Fofo la de se na míe ene.
5 Og nu beder jeg dig, Frue! ikke som om jeg skrev til dig et nyt
Eye azɔ la, nyɔnu lɔlɔ̃a, menye se bubu aɖekee mele dedem na mi o, ke boŋ esi ko miese tso gɔmedzedzea me ke, mele biabiam be mialɔ̃ mia nɔewo.
6 Og dette er Kærligheden, at vi vandre efter hans Bud. Dette er Budet, således som I have hørt fra Begyndelsen, at I skulle vandre deri.
Lɔlɔ̃ lae nye be míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Abe ale si miese tso gɔmedzedzea me ene la, eƒe see nye be míanɔ agbe le lɔlɔ̃ me.
7 Thi mange Forførere ere udgåede i Verden, som ikke bekende Jesus som Kristus kommen i Kød. En sådan er Forføreren og Antikrist.
Ameblela geɖewo siwo mexɔe se be Yesu Kristo va abe amegbetɔ ene le ŋutilã me o la kaka ɖe xexea me. Ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ.
8 Giver Agt på eder selv, at I ikke skulle tabe, hvad vi have arbejdet, men at I må få fuld Løn.
Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o, ke boŋ miaxɔ fetu si de blibo.
9 Hver den, som viger ud og ikke bliver i Kristi Lære, har ikke Gud. Den, som bliver i Læren, han har både Faderen og Sønnen.
Ame sia ame si afia nu si to vovo tso Kristo ƒe nufiafia gbɔ la, mele Mawu me o. Ke ame si lé Kristo ƒe nufiafia me ɖe asi la le agbe le Fofo la kple Vi la me.
10 Dersom nogen kommer til eder og ikke fører denne Lære, ham skulle I ikke tage til Huse og ikke byde velkommen.
Ne ame aɖe va kple nufiafia si mesɔ ɖe Kristo tɔ dzi o la, migado wòezɔ teti hã nɛ o, eye migaxɔe ɖe miaƒe aƒe me kura o.
11 Thi den, som byder ham velkommen, bliver delagtig i hans onde Gerninger.
Ame si xɔ ame sia la sɔ kple eya amea le eƒe ŋutasẽnuwo wɔwɔ me.
12 Endskønt jeg havde meget at skrive til eder, har jeg ikke villet det med Papir og Blæk; men jeg håber at komme til eder og tale mundtligt med eder, for at vor Glæde må være fuldkommen.
Nya geɖe li si madi be maŋlɔ na mi, gake nyemaŋlɔe kple agbalẽŋlɔtsi kple agbalẽ o, ke boŋ mele mɔ kpɔm be mava kpɔ mi ɖa, eye míaɖo dze ŋkume kple ŋkume, ale be míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.
13 Din Søsters, den udvalgtes, Børn hilse dig.
Nɔviwò nyɔnu tiatia la ƒe viwo hã do gbe na wò nyuie.

< 2 Johannes 1 >