< Anden Krønikebog 34 >

1 Josias var otte År gammel, da han blev Konge, og han herskede en og tredive År i Jerusalem.
Yosia xɔ ƒe enyi esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ le Yerusalem.
2 Han gjorde, hvad der var ret i HERRENs Øjne, og vandrede i sin lader Davids Spor uden al vige til højre eller venstre.
Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume eye wòto tɔgbuia, David ƒe afɔtoƒewo. Medze ɖe ɖusime alo miame o.
3 I sit ottende Regeringsår, endnu ganske ung, begyndte han at søge sin Fader Davids Gud, og i det tolvte År begyndte han at rense Juda og Jerusalem for Offerhøjene, Asjerastøtterne og de udskårne og støbte Billeder.
Esi wòxɔ ƒe wuiade le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me la, ede asi tɔgbuia David ƒe Mawu didi me eye le ƒe ene bubu megbe la, ede asi nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me le Yuda kple Yerusalem. Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo eye wòho aƒeliwo le nuxeƒeawo.
4 I hans Påsyn nedrev man Ba'alernes Altre; Solstøtterne, der stod oven på dem, huggede han om, og Asjerastøtterne og de udskårne og støbte Billeder lod han sønderhugge og knuse og strø ud på deres Grave, som havde ofret til dem;
Eya ŋutɔ ɖakpɔ ale si wogbã Baal ƒe vɔsamlekpui kple ale si womu aƒeli siwo nɔ vɔsamlekpui la tame la ƒu anyi kple ale si wogbã legbawoe eye wotu wɔ heʋuʋu ɖe ame siwo sa vɔ na legba mawo la ƒe yɔdowo dzi la teƒe.
5 Benene af Præsterne lod han brænde på deres Altre. Således rensede han Juda og Jerusalem.
Etɔ dzo trɔ̃nuawo ƒe ƒuwo ɖe woawo ŋutɔwo ƒe vɔsamlekpui dzi elabena ebu be nuwɔna sia aɖe legbasubɔsubɔ ƒe nu vɔ̃wo ɖa le Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo ŋuti.
6 Men også i Byerne i Manasse, Efraim og Simeon og lige til Naftali, rundt om i deres Ruinhobe,
Le esia megbe la, eyi Manase, Efraim kple Simeon ƒe duwo me, yi keke Naftali ƒe duwo me ke eye wòwɔ nu mawo ke le teƒe mawo hã.
7 lod han Altrene nedbryde, Asjerastøtterne og Gudebillederne sønderslå og knuse og alle Solstøtterne omhugge i hele Israels Land; så vendte han tilbage til Jerusalem.
Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo gudugudu eye wòmu woƒe aƒeliwo ƒu anyi. Ewɔ nu sia le afi sia afi le Israelnyigba blibo la dzi hafi trɔ yi Yerusalem.
8 I sit attende Regeringsår gav han sig til at rense Landet og Templet; han sendte Sjafan, Azaljas Søn, Byens Øverste Ma'aseja og Kansleren Joa, Joahaz's Søn, hen for at istandsætte HERREN hans Guds Hus.
Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me, esi wòɖe nu vɔ̃wo ɖa le anyigba la dzi kple gbedoxɔ la ŋuti vɔ la, etia Safan, Azalia ƒe viŋutsu kple Maaseya, be woanye mɔmefia le Yerusalem. Etia Yoa, Yoahaz ƒe vi be wòanye dua ƒe gadzikpɔla eye wòadzra Yehowa, eƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ɖo.
9 Da de kom til Ypperstepræsten Hilkija, afleverede de Pengene, der var kommet ind til Guds Hus, dem, som Leviterne, der holdt Vagt ved Tærskelen, havde samlet hos Manasse og Efraim og det øvrige Israel og hos hele Juda og Benjamin og Jerusalems Indbyggere;
Eye woyi Nunɔlagã Hilkia gbɔ hetsɔ ga siwo wohe va Mawu ƒe gbedoxɔ me la na. Ga siawo nye ga si Levitɔwo xɔ le gbedoxɔ la ƒe agbowo nu tso ame siwo tso Manase, Efraim kple Israel ƒe akpa bubuawo, Yuda blibo la kple Benyamin kpakple Yerusalemtɔwo si.
10 de overgav Pengene til dem, der stod for Arbejdet, dem, der havde Tilsyn med HERRENs Hus; og de, der stod for Arbejdet på HERRENs Hus, brugte dem til at udbedre og istandsætte Templet,
Ale wotsɔ wo na dɔnunɔla siwo wotia be woakpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzadzraɖodɔwo dzi. Ame siawo xea fe na dɔwɔla siwo dzra gbedoxɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo.
11 idet de overgav dem til Tømrerne og Bygningsmændene til Indkøb af tilhugne Sten og Tømmer til Tværbjælker og til Bjælker i de Bygninger, Judas Konger havde ødelagt.
Hekpe ɖe esia ŋu la, wona ga atikpalawo kple gliɖolawo be woaƒle kpe kpakpawo kple atiwo na xɔ siwo Yuda fiawo gble ɖi eye nuwo gblẽ le wo ŋuti.
12 Folkene udførte Arbejdet samvittighedsfuldt; og Tilsynet med dem var overdraget Leviterne Jahat og Obadja af Merariterne og Zekarja og Mesjullam af Kehatiternes Sønner, for at de skulde lede dem.
Dɔwɔlawo tsɔ dzo ɖe dɔ la ŋu nɔ Yahat kple Obadiya, ame siwo nye Levitɔwo tso Merari ƒe hlɔ̃ la me la ƒe dzikpɔkpɔ te. Zekaria kple Mesulam tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me woe nye xɔtudɔdzikpɔlawo. Levitɔ siwo nya saŋkuƒoƒo la, nɔa saŋku ƒom le esime dɔwɔlawo nɔa dɔ dzi.
13 Og Leviterne havde Tilsyn med Lastdragerne og ledede alle dem, der havde med de forskellige Arbejder at gøre. Og af Leviterne var nogle Skrivere, Fogeder og Dørvogtere.
Levitɔ bubuwo kpɔa agbatetsɔla siwo tsɔa xɔtunuwo yina na xɔtulawo la dzi. Ame bubuwo naa kpekpeɖeŋu abe gakɔntabulawo, dɔdzikpɔlawo kple agbatsɔlawo ene.
14 Men da de tog Pengene frem, der var kommet ind til HERRENs Hus, fandt Præsten Hilkija Bogen med HERRENs Lov, som var givet ved Moses;
Gbe ɖeka esi nunɔlagã Hilkia nɔ gbedoxɔ me eye wònɔ ga si wodzɔ le agboawo nu dem agbalẽ me la, ekpɔ Segbalẽ aɖe si me woŋlɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na Mose la ɖo!
15 og Hilkija tog til Orde og sagde til Statsskriveren Sjafan: "Jeg har fundet Lovbogen i HERRENs Hus!" Og Hilkija gav Sjafan Bogen,
Hilkia gblɔ na Safan, nuŋlɔla la be, “Mefɔ Segbalẽ la le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan.
16 og Sjafan bragte Bogen til Kongen og aflagde der hos Beretning for ham, idet han sagde: "Alt, hvad dine Trælle er sat til, udfører de;
Tete Safan tsɔ agbalẽ la yi na fia la eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo le nu sia nu wɔm le woƒe dɔdeasiwo ŋuti.
17 de har taget de Penge frem, der fandtes i HERRENs Hus, og givet dem til Tilsynsmændene og dem, der står for Arbejdet."
Wotsɔ ga si nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me la de asi na dɔdzikpɔlawo kple dɔwɔlawo.”
18 Derpå gav Statsskriveren Sjafan Kongen den Meddelelse: "Præsten Hilkija gav mig en Bog." Og Sjafan læste op af den for Kongen.
Safan ƒo nu tso agbalẽ la kple ale si Hilkia fɔe la ŋu eye wòxlẽe na fia la.
19 Men da Kongen hørte, hvad der stod i Loven, sønderrev han sine Klæder;
Esi fia la se nu siwo Se siawo bia tso Mawu ƒe amewo si be woawɔ la, edze eƒe awuwo le dziɖeleameƒo ta.
20 og Kongen bød Hilkija, Ahikam. Sjafans Søn, Abdon, Mikas Søn, Statsskriveren Sjafan og Kongens Tjener Asaja:
Eɖe gbe Hilkia, Ahikam, Safan ƒe viŋutsu, Abdon, Mika ƒe viŋutsu, nuŋlɔla Safan kple Asaya, fia ƒe subɔla be,
21 "Gå hen og rådspørg HERREN på mine Vegne og på deres, som er blevet tilovers i Israel og Juda, om Indholdet af denne Bog, der er fundet; thi stor er Vreden, der er blusset op hos HERREN imod os, fordi vore Fædre ikke adlød HERRENs Ord og handlede nøje efter. hvad der står skrevet i denne Bog!"
“Miyi miabia Yehowa nam kple Israel kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa trɔ eƒe dɔmedzoe kɔ ɖe mía dzi elabena mía fofowo mewɔ ɖe Yehowa ƒe nyawo dzi o. Womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la nu o.”
22 Hilkija og de andre, Kongen sendte af Sted, gik da hen og talte derom med Profetinden Hulda, som var gift med Sjallum, Opsynsmanden over Tøjet, en Søn af Hasras Søn Tokhat, og som boede i Jerusalem i den nye Bydel.
Ale Hilkia kple fia ƒe ame dɔdɔwo yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu nyagblɔɖila sia nye Tokhat ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Hasra si dzi Tokhat nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla.
23 Hun sagde til dem: "Så siger HERREN, Israels Gud: Sig til den Mand, der sendte eder til mig:
Egblɔ na wo be, “Nu si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye, Gblɔ na ame si ɖo wò ɖe gbɔnye la be,
24 Så siger HERREN: Se, jeg vil bringe Ulykke over dette Sted og dets Indbyggere, alle de Forbandelser, der er optegnet i den Bog. som er læst op for Judas Konge,
‘Yehowa ƒe gbe enye si: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi. Fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me si woxlẽ le Yuda fia ƒe ŋkume la, ava eme;
25 til Straf for at de har forladt mig og tændt Offerild for andre Guder, så de krænkede mig med alt deres Hænders Værk, og min Vrede vil blusse op mod dette Sted uden at slukkes!
Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple nu siwo wotsɔ woƒe asiwo me la. Nye dɔmedzoe atrɔ akɔ ɖe teƒe sia dzi eye enu matso o.’
26 Men til Judas Konge, der sendte eder for at rådspørge HERREN, skal I sige således: Så siger HERREN. Israels Gud: De Ord, du har hørt, står fast;
“Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti.
27 men efterdi dit Hjerte bøjede sig og du ydmygede dig for Gud. da du hørte hans Ord mod dette Sted og dets Indbyggere, og efterdi du ydmygede dig for mit Åsyn og sønderrev, dine Klæder og græd for mit Åsyn, så har også jeg hørt dig, lyder det fra HERREN!
Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Mawu ƒe ŋkume, esi miese nu siwo wògblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu eye esi miebɔbɔ mia ɖokui le ŋkunye me, miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe.
28 Så vil jeg da lade dig samles til dine Fædre, og du skal samles til dem i Fred i din Grav, uden at dine Øjne får al den Ulykke at se, som jeg vil bringe over dette Sted og dets Beboere!" Det Svar hragte de til Kongen.
Ke fifia la, àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va afi sia kple ame siwo le afi sia dzi o.’” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la. Ale wotsɔ nya sia tso Yehowa gbɔ yi na fia la.
29 Da sendte Kongen Bud og lod alle Judas og Jerusalems Ældste kalde sammen.
Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu.
30 Derpå gik Kongen op i HERRENs Hus, fulgt af alle Judas Mænd og Jerusalems Indbyggere, Præsterne, Leviterne og alt Folket, store og små, og han forelæste dem alt, hvad der stod i Pagtsbogen, som var fundet i HERRENs Hus.
Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda kple Yerusalem ƒe ameawo, nunɔlawo kple Levitɔwo, tso ame gblɔetɔwo dzi va se ɖe ame gãtɔwo dzi. Exlẽ Nubabla ƒe Agbalẽ si wofɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nyawo na wo.
31 Derpå stillede Kongen sig på sin Plads og sluttede Pagt for HERRENs Åsyn om, at de skulde holde sig til HERREN og holde hans Bud, Vidnesbyrd og Anordninger af hele deres Hjerte og hele deres Sjæl, for at han kunde opfylde Pagtens Ord, dem, der var skrevet i denne Bog.
Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le Yehowa ŋkume. Eɖe adzɔgbe na Yehowa be, yeadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yeawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi.
32 Og han lod alle dem, der var til Stede i Jerusalem, indgå Pagten; og Jerusalems Indbyggere haodlede efter Guds, deres Fædres Guds, Pagt.
Ebia tso ame sia ame si nɔ Yerusalem kple Benyamin si be, woanɔ nubabla sia me kple Mawu eye wo katã wolɔ̃ ɖe edzi.
33 Derpå fjernede Josias alle Vederstyggelighederne fra alle de Landsdele, der tilhørte Iraeliterne, og sørgede for, at enhver i Israel dyrkede HERREN deres Gud. Så længe han levede, veg de ikke fra HERREN, deres Fædres Gud.
Ale Yosia ɖe legbawo katã ɖa le teƒe siwo Israelnyigba katã dzi eye wòbia tso wo katã si be woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la, le eƒe agbenɔɣi mamlɛa katã me; ameawo yi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la subɔsubɔ dzi.

< Anden Krønikebog 34 >