< Første Krønikebog 7 >

1 Issakas Sønner var: Tola, Pua, Jasjub og Sjimron, fire.
Isaka ƒe viŋutsuwoe nye: Tola, Pua, Yasub kple Simrɔn; wo katã le ame ene.
2 Tolas Sønner: Uzzi, Refaja, Jeriel, Jamaj, Jibsam og Sjemuel, Overhoveder for Tolas Fædrenehuse, dygtige Krigere. Efter deres Slægtebøger udgjorde deres Tal på Davids Tid 22600.
Tola ƒe viwoe nye: Uzi, Refaya, Yeriel, Yahmai, Ibsam kple Samuel eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ƒome ƒe tatɔ. Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla siwo tso ƒome siawo me la de ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa ade.
3 Uzzis Sønner: Jizraja, Jizrajas Sønner Mikael, Obadja, Joel og Jissjija, fem, alle sammen Overhoveder.
Izrahia nye Uzi ƒe vi. Izrahia ƒe viŋutsuwoe nye: Mikael, Obadia, Yoel kple Isia; wo ame atɔ̃ la katã nye dumegãwo.
4 Til dem hørte efter deres Slægtebøger, efter deres Fædrenehuse, krigsrustede Skarer, 36000; de havde nemlig mange kvinder og Børn.
Le David ŋɔli la, aʋawɔla siwo nɔ woƒe dzidzimeviwo dome la de ame akpe blaetɔ̃ vɔ ade. Srɔ̃wo kple viwo sɔ gbɔ le wo ame atɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe si.
5 Deres Brødre, alle Issakars Slægter, var dygtige Krigere; de, som var indført i deres Slægtebog, udgjorde i alt 87 000.
Aʋawɔla siwo nɔ Isaka ƒe viwo dome la nye ame akpe blaenyi-vɔ-adre, wode dzesi wo ɖe dzidzimegbalẽ la me.
6 Benjamins Sønner: Bela, Beker og Jediael, tre.
Benyamin ƒe viŋutsu etɔ̃awoe nye: Bela, Beker kple Yediael.
7 Belas Sønner: Ezbon, Uzzi, Uzziel Jerimot og Iri, fem, Overhoveder for Fædrenehuse, dygtige Krigere; de, som var indført i deres Slægtebog, udgjorde 22034.
Bela ƒe viŋutsuwoe nye: Ezbon, Uzi, Uziel, Yerimot kple Iri. Ame atɔ̃ siawo katã nye ƒomewo ƒe tatɔwo. Aʋawɔla siwo le woƒe dzidzimeawo me la nye ame akpe blaeve-vɔ-eve kple blaetɔ̃-vɔ-ene. Wode dzesi wo katã ɖe dzidzimegblalẽwo me.
8 Bekers Sønner: Zemira, Joasj, Eliezer, Eljoenaj, Omri, Jeremot, Abija, Anatot og Alemet; alle disse var Bekers Sønner;
Beker ƒe viwoe nye: Zemira, Yoas, Eliezer, Elioenai, Omri, Yeremot, Abiya, Anatɔt kple Alemet.
9 de, som var indført i deres Slægtebog efter deres Slægter, Overhovederne for Fædrenehusene, dygtige Krigere, udgjorde 20 200.
Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla sesẽ akpe blaeve-vɔ-eve alafa eve nɔ woƒe dzidzimeviwo dome eye woƒe kplɔlawo nye woƒe ƒometatɔwo.
10 Jediaels Sønner: Bilhan; Bilhans Sønner: Je'usj, Binjamin, Ehud, Kena'ana, Zetan, Tarsjisj og Ahisjahar;
Yediael ƒe vie nye: Bilhan, eye Bilhan ƒe viwoe nye: Yeus, Benyamin, Ehud, Kenaana, Zetan, Tarsis kple Ahisahar.
11 alle disse var Jediaels Sønner, Overhoveder for deres Fædrenehuse, dygtige Krigere, 17200 øvede Krigere.
Yediael ƒe hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple aʋawɔla nye akpe wuiadre, alafa eve le Fia David ŋɔli.
12 Og Sjuppim og Huppim var Irs Sønner, og Husjim var Ahers Sønner
Ir ƒe viwoe nye Supitɔwo kple Hupitɔwo. Husim nye Aher ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka.
13 Naftalis Sønner var: Jabaziel, Guni, Jezer og Sjallum. Bilhas Sønner:
Naftali ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yakob ƒe vi siwo Yakob srɔ̃ Bilha dzi me la woe nye: Yahziel, Guni, Yezer kple Salum.
14 Manasses Sønner, som hans aramaiske Medhustru fødte: Hun fødte Makir, Gileads Fader.
Manase ƒe vi siwo srɔ̃a si nye Arameatɔ dzi nɛ la, woe nye Asriel kple Makir, ame si va zu Gilead fofo.
15 Gilead ægtede en Kvinde ved Navn Ma'aka; hans Søster hed Hammoleket, og hans Broder hed Zelobad; Zelofbad havde kun Døtre.
Makir nye ame si di srɔ̃wo na Hupim kple Supim. Makir nɔvinyɔnu nye Maaka. Makir ƒe vi bubue nye Zelofehad, ame si si vinyɔnuwo ɖeɖe ko nɔ.
16 Gileads Hustru Ma'aka fødte en Søn, som hun kaldte Peresj, medens hans Broder hed Sjeresj; hans Sønnervar Ulam og Rekem.
Makir srɔ̃ hã ŋkɔe nye Maaka; edzi ŋutsuvi ɖeka eye wòna ŋkɔe be Peres; nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Seres, ame si dzi ŋutsuvi eve, Ulam kple Rakem.
17 Ulams Sønner: Bedan. Det var Sønner af Gilead, en Søn af Makir, en Søn af Manasse.
Ulam dzi Bedan. Ale ame siawoe nye Gilead ƒe viwo kple tɔgbuiyɔviwo na Makir, ame si fofoe nye Manase.
18 Hans Søster Hammoleket fødte Isjhod, Abiezer og Mala.
Hamoleket, Makir nɔvinyɔnu dzi Ishod, Abiezer kple Mahla.
19 Sjemidas Sønner: Ajan, Sjekm, Likhi og Ani'am.
Semida ƒe viwoe nye: Ahian, Sekem, Likhi kple Aniam.
20 Efraims Sønner: Sjutela hans Søn Bered, hans Søn Tahat, hans Søn El'ada, hans Sønahat,
Efraim ƒe vidzimeviwoe nye: Sutela, Via ŋutsu, Bered, ame si dzi Tahat, ame si dzi Eleada, ame si dzi Tahat,
21 hans Søn Zabad, hans Søn Sjutela - og Ezer og El'ad. Dem dræbte Mændene fra Gat, de indfødfe i Landet, fordi de var draget ned for at tage deres Hjorde.
ame si dzi Zabad ame si dzi Sutela. Amewo tso Gat wu Ezer kple Elead esi ame eve siawo yi Gat be yewoafi woƒe lãwo.
22 Deres Fader Efraim sørgede i lang Tid over dem, og hans Brødre kom for at trøste ham.
Wo fofo Efraim fa wo ɣeyiɣi didi aɖe eye nɔviawo dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ.
23 Så gik han ind til sin Hustru, og hun blev frugtsommelig og fødte en Søn, som han kaldte Beri'a, fordi hans Hus var i Ulykke, da det skete.
Le esia megbe la, srɔ̃a fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi. Efraim na ŋkɔe be Beria, si gɔmee nye “Dzɔgbevɔ̃e,” le nya si dzɔ la ta.
24 Hans Datter var Sje'era, som byggede Nedre- og Øvre-Bet-Horon og Uzzen-Sje'era.
Efraim ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Seera, eyae tu Bet Horon Anyigbetɔ kple Bet Horon Dzigbetɔ siaa kple Uzen Seera.
25 Hans Søn var Refa, hans Søn Resjef, hans Søn Tela, hans Søn Tahan,
Efraim ƒe dzidzimeviwo yi ale: Efraim dzi Refa, ame si dzi Resef, ame si dzi Tela ame si dzi Tahan,
26 hans Søn Ladan, hans Søn Ammihud, hans Søn Elisjama,
ame si dzi Ladan, ame si dzi Amihud, ame si dzi Elisama,
27 hans Søn Nun, hans Søn Josua.
ame si dzi Nun, ame si dzi Yosua.
28 Deres Besiddelser og Boliger var Betel med Småbyer, mod Øst Na'aran, mod Vest Gezer med Småbyer, fremdeles Sikem med Småbyer indtil Ajja med Småbyer;
Anyigba si dzi wonɔ la do liƒo kple Betel kple du siwo ƒo xlãe; edo liƒo kple Naran le ɣedzeƒe kple Gezer kple eƒe duwo le ɣetoɖoƒe eye wògado liƒo kple Sekem kple du siwo ƒo xlãe heyi Aya kple du siwo ƒo xlãe.
29 langs Manassiternes Grænse Bet-Sjean med Småbyer, Ta'anak med Småbyer, Megiddo med Småbyer og Dor med Småbyer. I dem boede Israels Søn Josefs Sønner.
Du siwo nɔ Manase ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yosef, Israel ƒe vi, me ƒe dzikpɔkpɔ te la, woe nye Bet Sean, Taanak, Megido kple Dor kple du siwo ƒo xlã wo.
30 A Sønner: Jimna, Jisjva, Jisjvi og Beri'a og deres Søster Sera.
Aser ƒe viŋutsuwoe nye: Imna, Isva, Isvi, Beria kple wo nɔvinyɔnu Sera.
31 Beri'as Sønner: Heber og Malkiel, som var Birzajits Fader.
Beria ƒe viwoe nye: Heber kple Malziel, ame si dzi Birzait.
32 Heber avlede Jaflet, Sjomer, Hotam og deres Søster Sjua.
Heber ƒe viwoe nye: Yaflet, Somer, Hotam kple wo nɔvinyɔnu, Sua.
33 Jaflets Sønner: Pasak, Bimhal og Asjvat; det var Jaflets Sønner.
Yaflet ƒe viwoe nye: Pasak, Bimhal kple Asvat,
34 Sjemers Sønner: Ahi, Roga, Hubba og Aram.
Nɔvia, Semer ƒe viŋutsuviwoe nye: Ahi, Rohga, Huba kple Aram.
35 Hans Broder Hotams Sønner: Zofa, Jimna, Sjelesj og Amal.
Helem ƒe viwoe nye: Zofa, Imna, Seles kple Amal.
36 Zofas Sønner: Sua, Harnefer, Sjual, Beri, Jimra,
Zofa ƒe viwoe nye: Sua, Harnefer, Sual, Beri, Imra,
37 Bezer, Hod, Sjamma, Sjilsja, Jitran og Be'era.
Bezer, Hod, Sama, Sila, Itran kple Beera.
38 Jeters Sønner: Jefunne, Pispa og Ara.
Yeter ƒe viwoe nye: Yefune, Pispa kple Ara.
39 Ullas Sønner: Ara, Hanniel og Rizja.
Ula ƒe viwoe nye: Ara, Haniel kple Rizia.
40 Alle disse var Asers Sønner. Overhoveder for Fædrenehusene, udsøgte dygtige Krigere, Overhoveder for Øversterne. De, der var indført i Slægtebogen som brugelige til Krigstjeneste, talte 26000.
Aser ƒe dzidzimeviwo katã nye ƒometatɔwo kple aʋawɔla nyuiwo. Wode aʋawɔla akpe blaeve-vɔ-ade.

< Første Krønikebog 7 >