< Første Krønikebog 27 >

1 Israeliterne efter deres Tal: Fædrenehusenes Overhoveder, Tusind- og Hundredførerne og deres Fogeder, som tjente Kongen i alle Sager vedrørende Skifterne, de, der skiftevis trådte til og fra hver Måned hele Året rundt, hvert Skifte på 24000 Mand:
Esiae nye Israelviwo ƒe hatsotsowo le ƒometatɔwo, ame akpewo ƒe tatɔwo, ame alafawo ƒe tatɔwo kple woƒe dɔnunɔlawo nu, ame siwo wɔ dɔ na fia la le aʋakɔ la ƒo hatsotsowo me, ame siwo nɔa dɔme dzinu ɖeka ɖe wo nɔewo yome le ƒea me. Ŋutsu akpe blaeve-vɔ-ene nɔ hatsotso ɖe sia ɖe me.
2 Over det første Skifte, den første Måneds Skifte stod Isjba'al, Zabdiels Søn - til hans Skifte hørte 24000 Mand
Yasobeam, Zabdiel ƒe viŋutsu, nɔ hatsotso gbãtɔ nu le ɣleti gbãtɔ me. Ame akpe blaeve-vɔ-enee nɔ eƒe hatsotso la me.
3 af Perez's Efterkommere, Overhoved for alle Hærførerne; det var den første Måned.
Enye Perez ƒe dzidzimevi eye wònye amegã nɔ asrafomegãwo nu le ɣleti gbãtɔ me.
4 Over den anden Måneds Skifte stod Ahohiten El'azar, Dodajs Søn; til hans Skifte hørte 24000 Mand.
Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Dodai, Ahohitɔ ƒe dzidzimevi. Ekpɔ ame akpe blaeve-vɔ-ene dzi eye eƒe amewo wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti evelia me. Eƒe kpeɖeŋutɔe nye Miklɔt.
5 Den tredje Hærfører, ham i den tredje Måned, var Benaja, Ypperstepræsten Jojadas Søn; til hans Skifte hørte 24000 Mand.
Aʋakɔ etɔ̃lia na ɣleti etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Benaya, Yehoiada, Nunɔla la ƒe viŋutsu. Ame akpe blaeve-vɔ-enee nɔ ete.
6 Denne Benaja var Helten blandt de tredive og stod i Spidsen for de tredive, og ved hans Skifte var hans Søn Ammizabad.
Benaya sia nye ame sesẽ si nɔ Ame Blaetɔ̃awo dome kple woƒe tatɔ. Via ŋutsu Amizabad nye hatsotso la ƒe tatɔ.
7 Den fjerde, ham i den fjerde Måned, var Joabs Broder Asa'el og efter ham hans Søn Zebadja; til hans Skifte hørte 24000 Mand.
Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Asahel, Yaob nɔvi, ame si teƒe via Zebadia va xɔ ɖo emegbe. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo wɔa dɔ le ɣleti enelia me.
8 Den femte, ham i den femte Måned, var Hærføreren Zeraiten Sjamhut; til hans Skifte hørte 24000 Mand.
Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Samut tso Izra. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti atɔ̃lia me.
9 Den sjette, ham i den sjette Måned, var Ira, Ikkesjs Søn, fra Tekoa; til hans Skifte hørte 24000 Mand.
Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Ira, ame si nye Ikes tso Tekoa ƒe vi. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo wɔa dɔ le ɣleti adelia me.
10 Den syvende, ham i den syvende Måned, var Peloniten Helez af Efraimiterne; til hans Skifte hørte 24000 Mand.
Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Helez tso Pelɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo wɔa dɔ le ɣleti adrelia me.
11 Den ottende, ham i den ottende Måned, var Husjatiten Sibbekaj af Zeras Slægt; til hans Skifte hørte 24000 Mand.
Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Sibekai tso Husasi ƒe hlɔ̃ me tso Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo wɔa dɔ le ɣleti enyilia me.
12 Den niende, ham i den niende Måned, var Abiezer fra Anatot at Benjaminiterne; til hans Skifte hørte 24000 Mand.
Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Abiezer, tso Anatɔt tso Benyamin ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo wɔa dɔ le ɣleti asiekelia me.
13 Den tiende, ham i den tiende Måned, var Maharaj fra Netofa af Zeras Slægt, til hans Skifte hørte 24000 Mand.
Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Maharai tso Netofa le Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo wɔa dɔ le ɣleti ewolia me.
14 Den ellevte, ham i den ellevte Måned, var Benaja fra Pir'aton af Efraimiterne; til hans Skifte hørte 24000 Mand.
Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe tatɔe nye Benaya tso Piratɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo wɔa dɔ le ɣleti wuiɖekɛlia me.
15 Den tolvte, ham i den tolvte Måned, var Heldaj fra Netofa af Otniels Slægt; til hans Skifte hørte 24000 Mand.
Hatsotso wuievelia ƒe tatɔe nye Heldai tso Netofa, tso Otniel ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo wɔa dɔ le ɣleti wuievelia me.
16 I Spidsen for Israels Stammer stod: Som Fyrste for Rubeniterne Eliezer, Zikris Søn; for Simeoniterne Sjefatja, Ma'akas Søn;
Israel ƒe toawo nunɔlawo le ale: Ruben ƒe viwo Nunɔlae nye Eliezer, Zikri ƒe vi; Simeon ƒe viwo Nunɔlae nye Sefatia, Maaka ƒe vi;
17 for Levi Hasjabja, Hemuels Søn, for Aron Zadok;
Levi ƒe viwo Nunɔlae nye Hasabia, Kemuel ƒe vi; Aron ƒe viwo Nunɔlae nye Zadok;
18 for Juda Eliab, en af Davids Brødre; for Issakar Omri, Mikaels Søn;
Yuda ƒe viwo Nunɔlae nye Elihu, Fia David nɔvi; Isaka ƒe viwo Nunɔlae nye Omri, Mikael ƒe vi;
19 for Zebulon Jisjmaja, Obadjas Søn; for Naftali Jerimot, Azriels Søn;
Zebulon ƒe viwo Nunɔlae nye Ismaya, Obadia ƒe vi; Naftali ƒe viwo Nunɔlae nye Yeremot, Azriel ƒe vi;
20 for Efraimiterne Hosea, Azazjas Søn; for Manasses halve Stamme Joel, Pedajas Søn;
Efraim ƒe viwo Nunɔlae nye Hosea, Azazia ƒe vi; Manase ƒe viwo ƒe afã ɖeka Nunɔlae nye Yoel, Pedaya ƒe vi;
21 for Manasses anden Halvdel i Gilead Jiddo, Zekarjas Søn; for Benjamin Ja'asiel, Abners Søn;
Manase ƒe viwo ƒe afã evelia nɔ Gilead, wo Nunɔlae nye Ido, Zekaria ƒe vi. Benyamin ƒe viwo Nunɔlae nye Yaasiel, Abner ƒe vi;
22 for Dan Azar'el, Jerobams Søn. Det var Israels Stammers Øverster.
Dan ƒe viwo Nunɔlae nye Azarel, Yeroham ƒe vi. Ame siawoe nye Israel toawo ƒe amegãwo.
23 David tog ikke Tal på dem, dervar under tyve År, thi HERREN havde forjættet at ville gøre Israel talrigt som Himmelens Stjerner.
David mexlẽ ame siwo mexɔ wu ƒe blaeve la o elabena Yehowa do ŋugbe be yeana Israelviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.
24 Joab, Zerujas Søn, begyndte at tælle dem, men fuldførfe det ikke; thi for den Sags Skyld ramtes Israel af Vrede, og Tallet indførtes ikke i Kong Davids Krønike.
Ame si dze amexexlẽ la gɔmee nye Yoab, Zeruya ƒe vi gake mete ŋu wu enu o elabena Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israel ŋu eya ta womede amexexlẽ sia ƒe nukpɔkpɔ Fia David ƒe ŋutinya me o.
25 Over Kongens Skatte havde Azmavet, Adiels Søn, Opsynet, og over Forrådene ude på Landet, i Byerne, Landsbyerne og Fæstningerne Jonatan, Uzzijas Søn;
Azmavet, Adiel ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa fia la ƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe dzi eye Yonatan, Uzia ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa kesinɔnuwo dzraɖoƒe la dzi le duwo kple kɔƒewo kple mɔwo me.
26 over Markarbejderne ved Jordens Dyrkning Ezri, Kelubs Søn;
Ezri, Kelub ƒe vi kpɔa ame siwo wɔa dɔ le agblewo me la dzi.
27 over Vingårdene Sjim'i fra Rama; over Vinforrådene i Vingårdene Sjifmiten Zabdi;
Simei, tso Ramat kpɔ fia la ƒe waingblewo dzi eye Zabdi, Sifmitɔ kpɔa eƒe wainfiafia kple edzadzraɖo dzi.
28 over Oliventræerne og Morbærfigentræerne i Lavlandet Ba'al-Hanan fra Geder; over Olieforrådene Joasj;
Baal Hanan tso Gedera kpɔa fia la ƒe amiti kple gboti siwo le gbadzaƒe si do liƒo kple Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Yoas kpɔa ami si ŋu dɔ wowɔna la dzi.
29 over Hornkvæget, der græssede på Saron, Saroniten Sjitraj; over Hornkvæget i Dalene Sjafat, Adlajs Søn;
Sitrai, tso Saron kpɔa nyi siwo le Saron ƒe gbeɖuƒe la dzi eye Safat, Adlai ƒe vi, kpɔa nyi siwo nɔ balimewo la dzi.
30 over Kamelerne Ismaelitem Obil; over Æslerne Jedeja fra Meronot;
Obil, Ismaeltɔ la, kpɔ kposɔwo dzi eye Yehdeia, Meronotitɔ la kpɔa tedziwo dzi.
31 over Småkvæget Hagriten Jaziz. Alle disse var Overopsynsmænd over Kong Davids Ejendele.
Alẽwo nɔ Yaziz, Hagritɔ la ƒe dzikpɔkpɔ te. Ame siawoe nye Fia David ƒe kesinɔnuwo dzikpɔlawo. Ame siawo katãe nɔ fia David ƒe kesinɔnuwo nu.
32 Davids Farbroder Jonatan, en indsigtsfuld og skriffkyndig Mand, var Rådgiver. Jehiel, Hakmonis Søn, opdrog Kongens Sønner.
Yonatan, Fia David tɔɖia, nye aɖaŋuɖola nyui aɖe; gɔmesese le esi eye wònye agbalẽŋlɔ la hã. Yehiel, Hakmoni ƒe vi fia nu fia la ƒe viwo.
33 Akitofel var Kongens Rådgiver og Arkiten Husjaj Kongens Ven.
Ahitofel nye fia la ƒe aɖaŋuɖola eye Husai, Arkitɔ la, nye fia xɔlɔ̃.
34 Akitofels Eftermand var Jojada, Benajas Søn, og Ebjatar. Joab var Kongens Hærfører.
Esi Ahitofel ku la, Abiata kple Yehoiada, Benaya ƒe vi, zu aɖaŋuɖolawo, eye Yoab nye fia la ƒe aʋafia.

< Første Krønikebog 27 >