< Mudre Izreke 24 >

1 Ne zavidi opakim ljudima niti želi da budeš s njima.
Mègabiã ŋu ame vɔ̃ɖiwo o, mègadi woƒe hamenɔnɔ o
2 Jer im srce smišlja nasilje i usne govore o nedjelu.
elabena woƒe dzi ɖoa nu tovo eye woƒe nuyiwo ƒoa nu tso nu gbegblẽ wɔwɔ ŋuti.
3 Mudrošću se zida kuća i razborom utvrđuje,
Nunya wotsɔna tua xɔe eye gɔmesese wotsɔna ɖoa egɔme anyie,
4 i po znanju se pune klijeti svakim blagom dragocjenim i ljupkim.
to sidzedze me wotsɔa nu nyui tɔxɛ siwo mebɔ o kple kesinɔnu nyuiwo yɔa woƒe xɔwo mee.
5 Bolji je mudar od jakoga i čovjek razuman od silne ljudine.
Ŋusẽ gã aɖe le nunyala si eye ame si si gɔmesese le la dzia eƒe ŋusẽ ɖe edzi.
6 Jer s promišljanjem se ide u boj i pobjeda je u mnoštvu savjetnika.
Èhiã nufiame hafi adze aʋa eye hafi dziɖuɖu nava la, èhiã aɖaŋuɖola geɖewo.
7 Previsoka je bezumnomu mudrost: zato na sudu ne otvara usta svojih!
Nunya kɔ boo na bometsila akpa; le amehawo dome, le agbo nu la, nya aɖeke mele esi wòagblɔ o.
8 Tko smišlja zlo zove se učitelj podmukli.
Ame si ɖo vɔ̃ be yeawɔ lae woyɔna be ame vɔ̃ɖi.
9 Ludost samo grijeh snuje, i podrugljivac je mrzak ljudima.
Bometsinuwo ɖoɖo nye nu vɔ̃ eye amewo tsria fewuɖula.
10 Kloneš li u dan bijede, bijedna je tvoja snaga.
Ne èʋuʋu le xaxaɣi la, aleke wò ŋusẽ mehele sue o?
11 Izbavi one koje vode u smrt; i spasavaj one koji posrćući idu na stratište.
Ɖe ame siwo wokplɔ yina wuwu ge eye xɔ na ame siwo le yiyim sɔgɔsɔgɔ yina ɖe ku me.
12 Ako kažeš: “Nismo za to znali”, ne razumije li onaj koji ispituje srca? I ne znade li onaj koji ti čuva dušu? I ne plaća li on svakomu po njegovim djelima?
Ne ègblɔ be, “Míenya naneke tso nu sia ŋuti o” la, ɖe ame si daa dziwo kpɔ la menyae oa? Ɖe wòle nyanya na ame si kpɔa wò agbe ta? Ɖe maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu oa?
13 Jedi med, sine moj, jer je dobar, i saće je slatko nepcu tvome.
Vinye, no anyitsi elabena enyo; anyitsi tso anyito me avivi le wò nu me.
14 Takva je, znaj, i mudrost tvojoj duši: ako je nađeš, našao si budućnost i nada tvoja neće propasti.
Nyae hã be, nunya avivi wò luʋɔ nu; ne èke ɖe eŋu la, mɔkpɔkpɔ li na wò hena etsɔ si gbɔna eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
15 Ne postavljaj, opaki, zasjede stanu pravednikovu, ne čini nasilja boravištu njegovu;
Mègade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe aƒe ŋu o, mègava ha enɔƒe o
16 jer padne li pravednik i sedam puta, on ustaje, a opaki propadaju u nesreći.
elabena togbɔ be ame dzɔdzɔe adze anyi zi adre hã la, agafɔ gake ame vɔ̃ɖiwo ya la, dzɔgbevɔ̃e ahe wo aƒu anyi.
17 Ne veseli se kad padne neprijatelj tvoj i ne kliči srcem kada on posrće,
Mègakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ne wò futɔ dze anyi o, eye ne ekli nu la, dzi megadzɔ wò o,
18 da ne bi vidio Jahve i za zlo uzeo i obratio srdžbu svoju od njega.
elabena Yehowa akpɔe, eye madze eŋu o, eye wòaɖe eƒe dziku ɖa le edzi.
19 Nemoj se srditi zbog zločinaca, nemoj zavidjeti opakima,
Mègadzo nyanyanya le ame vɔ̃ɖiwo ta alo aʋã ŋu ŋutasẽla o,
20 jer zao čovjek nema budućnosti, svjetiljka opakih gasi se.
elabena mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na ame vɔ̃ɖi ɖe etsɔ si gbɔna ŋuti o eye woatsi ŋutasẽlawo ƒe akaɖi.
21 Boj se Jahve, sine moj, i kralja: i ne buni se ni protiv jednoga ni protiv drugoga.
Vinye, vɔ̃ Yehowa kple fia la eye mègade aglãdzelawo dzi o
22 Jer iznenada provaljuje nesreća njihova i tko zna kad će doći propast njihova.
elabena ame eve mawo ana gbegblẽ naƒo ɖe wo dzi kpoyi eye ame kae nya dzɔgbevɔ̃e si woate ŋu ahe vɛ?
23 I ovo je od mudraca: Ne valja biti pristran na sudu.
Esiawo hã nye nunyalawo ƒe nyagbɔgblɔwo: Akpa ɖeka dzi dede le ʋɔnudɔdrɔ̃ me menyo o.
24 Tko opakomu veli: “Pravedan si”, proklinju ga narodi i kunu puci;
Ame si agblɔ na fɔɖila be, “Mèdze agɔ o” la, amewo ado ɖiŋu nɛ eye dukɔwo anyɔ ŋui.
25 a oni koji ga ukore nalaze zadovoljstvo, i na njih dolazi blagoslov sreće.
Ke eme anyo na ame siwo abu fɔ agɔdzela eye yayra gãwo ava wo ameawo dzi.
26 U usta ljubi tko odgovara pošteno.
Nyaŋuɖoɖo ɖe ɖoɖo nu le abe nugbugbɔ ene.
27 Svrši svoj posao vani i uredi svoje polje, potom i kuću svoju zidaj.
Wu wò gotadɔwo nu eye nàdzra wò agble me ɖo, ema megbe la, tu wò xɔ.
28 Ne svjedoči lažno na bližnjega svoga: zar ćeš varati usnama svojim?
Mègaɖu ɖasefo ɖe hawòvi ŋu dzodzro alo atsɔ wò nuyiwo aka aʋatsoe o.
29 Ne reci: “Kako je on meni učinio, tako ću i ja njemu; platit ću tom čovjeku po djelu njegovu!”
Mègagblɔ be, “Mele ewɔ ge nɛ abe ale si wòwɔe ɖe ŋutinye ene, mele eteƒe ɖo ge na ŋutsu sia ɖe nu si wòwɔ la ta” o.
30 Prolazio sam mimo polje nekog lijenčine i mimo vinograd nekog luđaka,
Meto kuviatɔ kple ame manyanu ƒe waingble ŋu yi;
31 i gle, sve bijaše zaraslo u koprive, i sve pokrio čkalj, i kamena ograda porušena.
ŋu vu tsyɔ afi sia afi, gbe to ɖe eme katã eye kpekpɔ la kaka le eŋu.
32 Vidjeh to i pohranih u srcu, promotrih i uzeh pouku:
Metsɔ nye dzi ɖo nu si mekpɔ la ŋu eye mesrɔ̃ nu tso nu si mekpɔ la me.
33 “Još malo odspavaj, još malo odrijemaj, još malo podvij ruke za počinak,
Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe, ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie,
34 i doći će tvoje siromaštvo kao skitač i oskudica kao oružanik!”
tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene, eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene.

< Mudre Izreke 24 >