< 撒迦利亞書 4 >

1 那與我說話的天使又來叫醒我,好像人睡覺被喚醒一樣。
Mawudɔla si ƒo nu kplim la, trɔ gbɔ va nyɔm abe ɖe menɔ alɔ̃ dɔm ene.
2 他問我說:「你看見了甚麼?」我說:「我看見了一個純金的燈臺,頂上有燈盞,燈臺上有七盞燈,每盞有七個管子。
Ebiam be, “Azɔ la, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be, “Mele sikakaɖiti si dzi wotsɔ agba da ɖo, eye akaɖi adre le agba sia tame, alɔ adre siwo me do le la to akaɖiti ɖe sia ɖe me ge ɖe agba la me.
3 旁邊有兩棵橄欖樹,一棵在燈盞的右邊,一棵在燈盞的左邊。」
Amiti eve le axawo dzi nɛ; ɖeka le ɖusime, evelia le miame.”
4 我問與我說話的天使說:「主啊,這是甚麼意思?」
Mebia mawudɔla si ƒo nu kplim la be, “Nu kawoe nye esiawo, nye aƒetɔ?”
5 與我說話的天使回答我說:「你不知道這是甚麼意思嗎?」我說:「主啊,我不知道。」
Mawudɔla la trɔ biam be, “Vavã, mènya nu si nu siawo nye oa?” Meɖo eŋu be, “Ao, nye Aƒetɔ.”
6 他對我說:「這是耶和華指示所羅巴伯的。萬軍之耶和華說:不是倚靠勢力,不是倚靠才能,乃是倚靠我的靈方能成事。
Egblɔ nam be, “Esia nye Yehowa ƒe gbedeasi na Zerubabel: ‘Menye ŋusẽ alo kalẽ o, ke boŋ Mawu ƒe Gbɔgbɔe.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
7 大山哪,你算甚麼呢?在所羅巴伯面前,你必成為平地。他必搬出一塊石頭,安在殿頂上。人且大聲歡呼說:『願恩惠恩惠歸與這殿!』」
“Nu ka nènye, O, to si ŋu ŋusẽ le? Àzu anyigba sɔsɔe le Zerubabel ŋkume, ahe tamekpe la ado goe ne ɣli le ɖiɖim be, ‘Mawu neyrae! Mawu neyrae!’”
8 耶和華的話又臨到我說:
Tete Yehowa ƒe gbe va nam be,
9 「所羅巴伯的手立了這殿的根基,他的手也必完成這工,你就知道萬軍之耶和華差遣我到你們這裏來了。
“Zerubabel ƒe asie ɖo gbedoxɔ sia ƒe gɔmeɖokpe anyi, eya ta eƒe asie awu enu. Ekema mianya be Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.
10 誰藐視這日的事為小呢?這七眼乃是耶和華的眼睛,遍察全地,見所羅巴伯手拿線鉈就歡喜。」
“Ame ka ado vlo ŋkeke si nuwo dze egɔme sue? Dzi adzɔ amewo, ne wokpɔ dzidzeka le Zerubabel ƒe asi me. Akaɖi adre siawoe nye Yehowa ƒe ŋku siwo wòtsɔna tsana le anyigba katã dzii.”
11 我又問天使說:「這燈臺左右的兩棵橄欖樹是甚麼意思?」
Mebia mawudɔla la be, “Nu kae nye amiti eve siwo le ɖusime kple miame na akaɖiti la?”
12 我二次問他說:「這兩根橄欖枝在兩個流出金色油的金嘴旁邊是甚麼意思?」
Megabia be, “Nu kawoe nye amiti ƒe alɔdze eve siwo le sika ƒe alɔ siwo me sikami dona tsona?”
13 他對我說:「你不知道這是甚麼意思嗎?」我說:「主啊,我不知道。」
Eɖo eŋu be, “Mènya nu si wonye oa?” Megblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ.”
14 他說:「這是兩個受膏者站在普天下主的旁邊。」
Ale wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame eve siwo wosi ami na be woasubɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ.”

< 撒迦利亞書 4 >