< 詩篇 66 >

1 一篇詩歌,交與伶長。 全地都當向上帝歡呼!
Ha na hɛnɔ la. Mi anyigbawo katã mido ɣli, mitso aseye ɖe Mawu ŋu!
2 歌頌他名的榮耀! 用讚美的言語將他的榮耀發明!
Midzi eƒe ŋkɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ha; mikafu Mawu ƒe gãnyenye!
3 當對上帝說:你的作為何等可畏! 因你的大能,仇敵要投降你。
Migblɔ na Mawu be, “Wò dɔwɔwɔwo dziŋɔ loo! Wò ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be, wò futɔwo de ta agu na wò.
4 全地要敬拜你,歌頌你, 要歌頌你的名。 (細拉)
Anyigba la katã de ta agu na wò, wole kafukafuha dzim na wò, wole kafukafuha dzim na wò ŋkɔ.” (Sela)
5 你們來看上帝所行的, 他向世人所做之事是可畏的。
Va, nàkpɔ nu si Mawu wɔ, ale si le amegbetɔwo ta wòwɔ ŋɔdzidɔ geɖewo!
6 他將海變成乾地,眾民步行過河; 我們在那裏因他歡喜。
Etrɔ atsiaƒu wòzu anyigba ƒuƒui, wozɔ afɔ to tsi la titina; miva míatso aseye le eya amea me.
7 他用權能治理萬民,直到永遠。 他的眼睛鑒察列邦; 悖逆的人不可自高。 (細拉)
Ele fia ɖum kple eƒe ŋusẽ tegbee, eƒe ŋku le dukɔwo ta kpɔm, aglãdzela aɖeke megatso ɖe eŋuti o. (Sela)
8 萬民哪,你們當稱頌我們的上帝, 使人得聽讚美他的聲音。
O! Mi dukɔwo, mikafu míaƒe Mawu la; mina eƒe kafukafu nade dzi woase.
9 他使我們的性命存活, 也不叫我們的腳搖動。
Eyae kpɔ míaƒe agbe ta, eye mena míaƒe afɔ ɖiɖi o.
10 上帝啊,你曾試驗我們, 熬煉我們,如熬煉銀子一樣。
Elabena O Mawu, wòe do mí kpɔ, wòe lolõ mí abe klosalo ene.
11 你使我們進入網羅, 把重擔放在我們的身上。
Wòe de mí gaxɔ me, eye nèdo agba ɖe megbe na mí.
12 你使人坐車軋我們的頭; 我們經過水火, 你卻使我們到豐富之地。
Èna amewo zɔ míaƒe ta dzi, eye míeto dzo me kple tɔ me, gake èkplɔ mí va anyigba si dzi nuwo do agbogbo ɖo fũu.
13 我要用燔祭進你的殿, 向你還我的願,
Mava wò gbedoxɔ me kple numevɔsa, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo na wò,
14 就是在急難時我嘴唇所發的、 口中所許的。
adzɔgbe siwo nye nuyi ɖe, eye nye nu ɖe gbeƒã wo, esi meɖo xaxa me.
15 我要把肥牛作燔祭, 將公羊的香祭獻給你, 又把公牛和山羊獻上。 (細拉)
Matsɔ lã damiwo kple agbowo asa numevɔe na wò, hekpe ɖe nyitsuwo kple gbɔ̃wo ŋuti. (Sela)
16 凡敬畏上帝的人,你們都來聽! 我要述說他為我所行的事。
Miva se, mí ame siwo katã vɔ̃a Mawu; mina magblɔ nu siwo wòwɔ nam la na mi.
17 我曾用口求告他; 我的舌頭也稱他為高。
Metsɔ nye nu do ɣli nɛ, eƒe kafukafu le nye aɖe dzi.
18 我若心裏注重罪孽, 主必不聽。
Ɖe mena nɔƒe nu vɔ̃ le nye dzi me la, ne Aƒetɔ la meɖo tom o,
19 但上帝實在聽見了; 他側耳聽了我禱告的聲音。
gake Mawu ɖo tom vavã, eye wòse nye gbe le gbedodoɖa me.
20 上帝是應當稱頌的! 他並沒有推卻我的禱告, 也沒有叫他的慈愛離開我。
Woakafu Mawu, ame si medo toku nye gbedodoɖa, alo te eƒe lɔlɔ̃ ɖa le gbɔnye o!

< 詩篇 66 >