< 箴言 1 >

1 以色列王大衛兒子所羅門的箴言:
Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo:
2 要使人曉得智慧和訓誨, 分辨通達的言語,
na nunya kple amehehe, na nya goglowo gɔmesese,
3 使人處事領受智慧、 仁義、公平、正直的訓誨,
hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ, be woawɔ nu si dzɔ, nu si le eteƒe kple nu si nyo,
4 使愚人靈明, 使少年人有知識和謀略,
be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya kple sidzedze sɔhɛwo,
5 使智慧人聽見,增長學問, 使聰明人得着智謀,
nunyalawo neɖo to, ne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋu eye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu,
6 使人明白箴言和譬喻, 懂得智慧人的言詞和謎語。
be woase nunyalawo ƒe lododowo abebubuwo kple adzowo gɔme.
7 敬畏耶和華是知識的開端; 愚妄人藐視智慧和訓誨。
Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.
8 我兒,要聽你父親的訓誨, 不可離棄你母親的法則;
Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃ eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.
9 因為這要作你頭上的華冠, 你項上的金鍊。
Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta kple kɔga anɔ kɔwò.
10 我兒,惡人若引誘你, 你不可隨從。
Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la, mègalɔ̃ na wo o.
11 他們若說:你與我們同去, 我們要埋伏流人之血, 要蹲伏害無罪之人;
Ne wogblɔ na wò be, “Va kplɔ mí ɖo, na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti, na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe,
12 我們好像陰間,把他們活活吞下; 他們如同下坑的人, 被我們囫圇吞了; (Sheol h7585)
ne míamii agbagbee abe tsiẽƒe ene, eye míamii blibo abe ame siwo ge dze ʋe globo me ene (Sheol h7585)
13 我們必得各樣寶物, 將所擄來的,裝滿房屋;
ekema nu xɔasi vovovowo asu mía si eye míatsɔ afunyinuwo ayɔ míaƒe xɔwo mee
14 你與我們大家同分, 我們共用一個囊袋;
eya ta de mía dzi ale be míana gakotoku ɖeka wò” la,
15 我兒,不要與他們同行一道, 禁止你腳走他們的路。
vinye, mègakplɔ wo ɖo o, mègaka afɔ woƒe toƒewo o
16 因為,他們的腳奔跑行惡; 他們急速流人的血,
elabena woƒe afɔ ɖea abla ɖe nu vɔ̃ ŋu eye wogona ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu.
17 好像飛鳥, 網羅設在眼前仍不躲避。
Enye movidzɔdzɔ be woaɖo ɖɔ ɖi na xeviwo le wo katã ƒe ŋkume!
18 這些人埋伏,是為自流己血; 蹲伏,是為自害己命。
Ame siawo de xa ɖi na woawo ŋutɔ ƒe ʋu eye wole adeklo dzi ɖe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu!
19 凡貪戀財利的,所行之路都是如此; 這貪戀之心乃奪去得財者之命。
Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ, elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa.
20 智慧在街市上呼喊, 在寬闊處發聲,
Nunya le ɣli dom le mɔtata dzi eye wòkɔ gbe dzi le ƒuƒoƒewo.
21 在熱鬧街頭喊叫, 在城門口,在城中發出言語,
Ele ɣli dom le mɔtata siwo dzi zinyenye le la ƒe dzogoewo dzi eye wòle eƒe nyawo gblɔm le dua ƒe agbowo me be,
22 說:你們愚昧人喜愛愚昧, 褻慢人喜歡褻慢, 愚頑人恨惡知識,要到幾時呢?
“Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ? Va se ɖe ɣe ka yi fewuɖulawo akpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu, bometsilawo alé fu sidzedze?
23 你們當因我的責備回轉; 我要將我的靈澆灌你們, 將我的話指示你們。
Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la, anye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mi eye mena mienya nye susuwo.
24 我呼喚,你們不肯聽從; 我伸手,無人理會;
Ke esi miegbe tɔtɔ nam esi meyɔ mi, esi meke nye abɔwo me, mietsɔ ɖeke le eme o
25 反輕棄我一切的勸戒, 不肯受我的責備。
eye miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo, hegbe nye mokaname ta la,
26 你們遭災難,我就發笑; 驚恐臨到你們,我必嗤笑。
nye hã mako mi le miaƒe gbegblẽ ta eye maɖe alɔme le mia ŋu ne dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe mia dzi,
27 驚恐臨到你們,好像狂風; 災難來到,如同暴風; 急難痛苦臨到你們身上。
ɛ̃, ne eƒo ɖe mia dzi abe ahom sesẽ ene, gbegblẽ hã zɔ to mia dzi abe yali ene, eye xaxa kple hiã va mia dzi kpoyi!
28 那時,你們必呼求我,我卻不答應, 懇切地尋找我,卻尋不見。
“Ekema woayɔm gake nyematɔ o, woadim gake womakpɔm o.
29 因為,你們恨惡知識, 不喜愛敬畏耶和華,
Le esi wolé fu sidzedze eye wometia Yehowavɔvɔ̃ o,
30 不聽我的勸戒, 藐視我一切的責備,
le esi wogbe nye aɖaŋuɖoɖo hedo vlo nye mokaname ta.
31 所以必吃自結的果子, 充滿自設的計謀。
Azɔ la woaɖu woƒe mɔwo ƒe kutsetse eye woƒe ɖoɖowo ƒe kutsetse aɖi ƒo na wo
32 愚昧人背道,必殺己身; 愚頑人安逸,必害己命。
elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo eye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo.
33 惟有聽從我的,必安然居住, 得享安靜,不怕災禍。
Ke ame sia ame si ɖoa tom la, anɔ agbe le dedinɔnɔ me eye aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mavɔ̃ na dzɔgbevɔ̃e o.”

< 箴言 1 >