< 耶利米書 44 >

1 有臨到耶利米的話,論及一切住在埃及地的猶大人,就是住在密奪、答比匿、挪弗、巴忒羅境內的猶大人,說:
Nya sia va na Yeremia tso Yudatɔ siwo katã le Egipte ƒe anyigbe, le Migdol, Tapanhes, Memfis kple Egipte ƒe dzigbe be,
2 「萬軍之耶和華-以色列的上帝如此說:我所降與耶路撒冷和猶大各城的一切災禍你們都看見了。那些城邑今日荒涼,無人居住;
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miekpɔ gbegblẽ gã si mehe va Yerusalem kple Yuda duwo katã dzi. Egbe la, wozu aƒedo siwo me ame aɖeke mele o,
3 這是因居民所行的惡,去燒香事奉別神,就是他們和你們,並你們列祖所不認識的神,惹我發怒。
ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ la ta. Wodo dziku nam vevie elabena wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na gbetsiwo eye wode ta agu na mawu tutɔ siwo woawo ŋutɔwo loo, alo miawo alo wo fofowo menya kpɔ o.
4 我從早起來差遣我的僕人眾先知去說,你們切不要行我所厭惡這可憎之事。
Zi geɖe meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe wo, ame siwo gblɔ na wo be, ‘Migawɔ ŋunyɔnu si metsri vevie la o!’
5 他們卻不聽從,不側耳而聽,不轉離惡事,仍向別神燒香。
Ke womeɖo to alo tsɔ ɖeke le eme o; Womeɖe asi le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ŋu alo dzudzɔ dzudzɔʋeʋĩdodo na mawu tutɔwo o,
6 因此,我的怒氣和忿怒都倒出來,在猶大城邑中和耶路撒冷的街市上,如火着起,以致都荒廢淒涼,正如今日一樣。
eya ta metrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖi eye wòbi le Yuda ƒe duwo kple Yerusalem kpɔdomewo, hewɔ wo wozu aƒedo abe ale si miele ekpɔm egbea ene.
7 現在耶和華-萬軍之上帝、以色列的上帝如此說:你們為何作這大惡自害己命,使你們的男人、婦女、嬰孩,和吃奶的都從猶大中剪除、不留一人呢?
“Azɔ la, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Nu ka ta miehe gbegblẽ gã sia va mia ɖokuiwo dzi, be mieɖe ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo ɖa le Yuda eye miegble ɖeke ɖi na mia ɖokuiwo o?
8 就是因你們手所做的,在所去寄居的埃及地向別神燒香惹我發怒,使你們被剪除,在天下萬國中令人咒詛羞辱。
Nu ka wɔ mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam, eye miedo dzudzɔʋeʋĩ na Egipte mawu tutɔwo, afi si mieva be mianɔ? Miele mia ɖokuiwo dome gblẽ ge, ahawɔe be miazu ɖiŋudonu kple ŋunyɔnu le anyigbadzidukɔwo katã dome.
9 你們列祖的惡行,猶大列王和他們后妃的惡行,你們自己和你們妻子的惡行,就是在猶大地、耶路撒冷街上所行的,你們都忘了嗎?
Ɖe mieŋlɔ nu vɔ̃ɖi si mia fofowo, Yuda fiawo kple fiasrɔ̃wo wɔ kple nu vɔ̃ɖi siwo miawo kple mia srɔ̃wo miewɔ le Yudanyigba dzi kple Yerusalem kpɔdomewo bea?
10 到如今還沒有懊悔,沒有懼怕,沒有遵行我在你們和你們列祖面前所設立的法度律例。
Va se ɖe egbe sia womebɔbɔ wo ɖokuiwo, de bubu ŋunye loo, alo wɔ nye sewo kple ɖoɖo siwo metsɔ ɖo mi kple mia fofowo ŋkume la dzi o.
11 「所以萬軍之耶和華-以色列的上帝如此說:我必向你們變臉降災,以致剪除猶大眾人。
“Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Meɖoe kplikpaa be, mahe dzɔgbevɔ̃e va mia dzi, eye matsrɔ̃ Yuda katã.
12 那定意進入埃及地、在那裏寄居的,就是所剩下的猶大人,我必使他們盡都滅絕,必在埃及地仆倒,必因刀劍饑荒滅絕;從最小的到至大的都必遭刀劍饑荒而死,以致令人辱罵、驚駭、咒詛、羞辱。
Makplɔ Yuda ƒe ame mamlɛ siwo ɖoe be yewoayi aɖanɔ Egipte godoo la adzoe. Wo katã woatsrɔ̃ ɖe Egipte; woatsi yi nu loo, alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi la, woatsi yi nu alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Woazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, fiƒodenu kple fewuɖunu.
13 我怎樣用刀劍、饑荒、瘟疫刑罰耶路撒冷,也必照樣刑罰那些住在埃及地的猶大人;
Matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe toe na ame siwo le Egipte abe ale si mehe toe na Yerusalem nɔlawo ene.
14 甚至那進入埃及地寄居的,就是所剩下的猶大人,都不得逃脫,也不得存留歸回猶大地。他們心中甚想歸回居住之地;除了逃脫的以外,一個都不能歸回。」
Yuda ƒe ame mamlɛ siwo si yi ɖe Egipte la dometɔ aɖeke masi alo atsi agbe be wòatrɔ ayi ɖe Yudanyigba dzi, afi si ŋu woƒe dzi ku ɖo vevie be woaɖanɔ o; ame aɖeke matrɔ agbɔ o, negbe aʋasila aɖewo ko.”
15 那些住在埃及地巴忒羅知道自己妻子向別神燒香的,與旁邊站立的眾婦女,聚集成群,回答耶利米說:
Tete ŋutsu siwo katã nya be yewo srɔ̃wo le dzudzɔ ʋeʋĩ dom na mawu tutɔwo, kpe ɖe nyɔnuawo katã ŋuti, wonye ameha gã aɖe ŋutɔ eye ame siwo katã le Egipte ƒe anyigbe kple dzigbe kpe ɖe wo ŋuti wova gblɔ na Yeremia bena,
16 「論到你奉耶和華的名向我們所說的話,我們必不聽從。
“Míaɖo to nya si nègblɔ na mí le Yehowa ŋkɔ me la o!
17 我們定要成就我們口中所出的一切話,向天后燒香、澆奠祭,按着我們與我們列祖、君王、首領在猶大的城邑中和耶路撒冷的街市上素常所行的一樣;因為那時我們吃飽飯、享福樂,並不見災禍。
Ke boŋ míawɔ nu sia nu si míegblɔ be míawɔ, míado dzudzɔʋeʋĩ na Dziƒofianyɔnu, eye míaƒo aha ɖi nɛ abe ale si ko mía fofowo, míaƒe fiawo kple dumegãwo wɔe le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ene. Le ɣe ma ɣi la, nuɖuɖu geɖe nɔ mía si, agbe hã dze dzi na mí nyuie eye míekpe hiã aɖeke o.
18 自從我們停止向天后燒香、澆奠祭,我們倒缺乏一切,又因刀劍饑荒滅絕。」
Gake tso esime míedzudzɔ dzudzɔdodo na Dziƒofianyɔnu la kple ahaƒoƒo ɖe anyi nɛ la, naneke megadzea edzi na mí o, eye míele tsɔtsrɔ̃m ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me boŋ.”
19 婦女說:「我們向天后燒香、澆奠祭,做天后像的餅供奉她,向她澆奠祭,是外乎我們的丈夫嗎?」
Nyɔnuawo gblɔ kpe ɖe ŋu be, “Esi míedoa dzudzɔ na Dziƒofianyɔnu la eye míeƒoa aha ɖi nɛ la, mía srɔ̃ŋutsuwo menya hã be míemea akpɔnɔ vivi si míewɔ ɖe eƒe nɔnɔme me la heƒoa aha ɖi nɛ oa?”
20 耶利米對一切那樣回答他的男人婦女說:
Tete Yeremia gblɔ na ameawo katã, ŋutsu kple nyɔnu siwo le nya ŋu ɖom nɛ la be,
21 「你們與你們列祖、君王、首領,並國內的百姓,在猶大城邑中和耶路撒冷街市上所燒的香,耶和華豈不記念,心中豈不思想嗎?
“Ɖe Yehowa meɖo ŋku edzi eye wòbu dzudzɔ ʋeʋĩ si miawo ŋutɔ, mia fofowo, miaƒe fiawo, miaƒe dumegãwo kple anyigbadzitɔwo dona le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ŋuti oa?
22 耶和華因你們所作的惡、所行可憎的事,不能再容忍,所以你們的地荒涼,令人驚駭咒詛,無人居住,正如今日一樣。
Esi Yehowa magate ŋu atsɔ miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu siwo miewɔ o ta la, miaƒe anyigba zu ɖiŋudonu, aƒedo kple gbegbe eye amewo meganɔ dzi o, abe ale si wòle egbea ene.
23 你們燒香,得罪耶和華,沒有聽從他的話,沒有遵行他的律法、條例、法度,所以你們遭遇這災禍,正如今日一樣。」
Esi miedo dzudzɔ ʋeʋĩ, hewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe alo wɔ eƒe sewo, ɖoɖowo kple dɔdeasiwo dzi o tae dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe ale si miele ekpɔm egbea ene.”
24 耶利米又對眾民和眾婦女說:「你們在埃及地的一切猶大人當聽耶和華的話。
Emegbe Yeremia gblɔ na ameha la katã kple nyɔnuwo siaa be, “Mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi, mise Yehowa ƒe nya.
25 萬軍之耶和華-以色列的上帝如此說:你們和你們的妻都口中說、手裏做,說:『我們定要償還所許的願,向天后燒香、澆奠祭。』現在你們只管堅定所許的願而償還吧!
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miawo ŋutɔ kple mia srɔ̃nyɔnuwo, to miaƒe nuwɔnawo me, ɖe ŋugbe si miedo la fia, esi miegblɔ be, míawɔ adzɔgbe si míeɖe be míado dzudzɔ ʋeʋĩ, aƒo aha ɖi na Dziƒofianyɔnu la dzi godoo.’ “Eya ta, miyi edzi, miwɔ ɖe miaƒe ŋugbedodowo dzi! Milé miaƒe adzɔgbeɖeɖewo me ɖe asi!
26 所以你們住在埃及地的一切猶大人當聽耶和華的話。耶和華說:我指着我的大名起誓,在埃及全地,我的名不再被猶大一個人的口稱呼說:『我指着主-永生的耶和華起誓。』
Gake mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi: ‘Yehowa be, meta nye ŋkɔ gã la be, Yudatɔ siwo kaka ɖe Egiptenyigba dzi ƒe ɖeke magayɔ nye ŋkɔ alo aka atam be, “Meta Aƒetɔ Yehowa ƒe agbe” o,
27 我向他們留意降禍不降福;在埃及地的一切猶大人必因刀劍、饑荒所滅,直到滅盡。
elabena nye ŋku le wo ŋuti hena vɔ̃, menye nyui o. Yudatɔ siwo le Egipte la atsrɔ̃ ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me va se ɖe esime wo katã woavɔ.
28 脫離刀劍、從埃及地歸回猶大地的人數很少;那進入埃及地要在那裏寄居的,就是所剩下的猶大人,必知道是誰的話立得住,是我的話呢?是他們的話呢?
Ame siwo asi le yi nu le Egipte atrɔ ayi Yudanyigba dzi la anɔ ʋɛe ko, ekema Yuda ƒe ame mamlɛawo katã, ame siwo va Egipte nɔ ge la, anya ame si ƒe nya le eteƒe, tɔnye loo, alo wo tɔ.’
29 耶和華說:我在這地方刑罰你們,必有預兆,使你們知道我降禍與你們的話必要立得住。
“Yehowa be, ‘Esia anye dzesi na mi be mele to he ge na mi le teƒe sia, ale be mianya be nye atam si meka be mawɔ vɔ̃ mi la anɔ edzi godoo.’
30 耶和華如此說:我必將埃及王法老合弗拉交在他仇敵和尋索其命的人手中,像我將猶大王西底家交在他仇敵和尋索其命的巴比倫王尼布甲尼撒手中一樣。」
Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ Farao Hofra, Egipte fia ade asi na eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim, abe ale si metsɔ Yuda fia Zedekia de asi na Babilonia fia Nebukadnezar si nye eƒe futɔ si le eƒe agbe yome tim la ene.’”

< 耶利米書 44 >