< 阿摩司書 4 >

1 你們住撒馬利亞山如巴珊母牛的啊, 當聽我的話- 你們欺負貧寒的,壓碎窮乏的, 對家主說:拿酒來,我們喝吧!
“Miɖo tom, mi Basan nyinɔ dami siwo le Samaria towo dzi, mi nyɔnu siwo baa hiãtɔwo, eye mietea ame dahewo ɖe to hegblɔna na mia srɔ̃wo be, midi aha vɛ míano!
2 主耶和華指着自己的聖潔起誓說: 日子快到,人必用鉤子將你們鉤去, 用魚鉤將你們餘剩的鉤去。
Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ta eƒe kɔkɔenyenye, be ɣeyiɣi li gbɔna esime yeaɖe mi kple miaƒe dzidzimeviwo kple ƒu.
3 你們各人必從破口直往前行, 投入哈門。 這是耶和華說的。
Woakplɔ mi ato gliwo ƒe gbagbãƒee, miakpɔ ŋgɔ tẽe, eye woatsɔ mi aƒu gbe ɖo ɖe Harmon.” Yehowae gblɔe.
4 以色列人哪,任你們往伯特利去犯罪, 到吉甲加增罪過; 每日早晨獻上你們的祭物, 每三日奉上你們的十分之一。
“Miva Betel ne miawɔ nu vɔ̃. Miyi Gilgal ne miadzi miaƒe nu vɔ̃wo ɖe edzi, mitsɔ vɔsawo vɛ ŋdi sia ŋdi; mitsɔ nu ewoliawo vɛ ŋkeke etɔ̃ sia ŋkeke etɔ̃.
5 任你們獻有酵的感謝祭, 把甘心祭宣傳報告給眾人, 因為是你們所喜愛的。 這是主耶和華說的。
Mitsɔ amɔʋaʋãbolo wɔ akpedavɔsae. Miɖe gbeƒã lɔlɔ̃nununana. Migblɔe dadatɔe, elabena nenema mielɔ̃a wɔwɔ. O, Israel!” Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.
6 我使你們在一切城中牙齒乾淨, 在你們各處糧食缺乏, 你們仍不歸向我。 這是耶和華說的。
“Medɔ dɔwuame ɖe miaƒe duwo me, gake mewɔ naneke le mia ŋuti o, eye miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.
7 在收割的前三月,我使雨停止, 不降在你們那裏; 我降雨在這城, 不降雨在那城; 這塊地有雨, 那塊地無雨; 無雨的就枯乾了。
“Ɣleti etɔ̃ hafi miadze miaƒe nukuwo ŋeŋe gɔme la, mena tsidzadza tɔ kplo zi ɖeka, eye miaƒe nukuwo gblẽ. Medɔa tsi wòdzana ɖe du ɖeka dzi, medzana ɖe bubuwo dzi o. Ale ne tsi le dzadzam ɖe agble aɖe dzi la, bubuawo me ƒuna kplakplakpla, eye woƒe nukuawo fiana.
8 這樣,兩三城的人湊到一城去找水, 卻喝不足; 你們仍不歸向我。 這是耶和華說的。
Amewo tsoa du siwo me ku le ɖiɖim le, eye wozɔa mɔ didi yia tsidiƒe le du bubu me afi si tsi le dzadzam le, gake womekpɔnɛ kuna o. Ele alea, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.
9 我以旱風、霉爛攻擊你們, 你們園中許多菜蔬、葡萄樹、 無花果樹、橄欖樹都被剪蟲所吃; 你們仍不歸向我。 這是耶和華說的。
“Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃; mena ʋetsuviwo ɖu miaƒe wainkawo kple amitiwo, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.
10 我降瘟疫在你們中間, 像在埃及一樣; 用刀殺戮你們的少年人, 使你們的馬匹被擄掠, 營中屍首的臭氣撲鼻; 你們仍不歸向我。 這是耶和華說的。
“Mena dɔvɔ̃wo va dze mia dzi abe esiwo mehe va Egiptetɔwo dzi le blema ene. Mena mia viwo tsi aʋa, eye menya miaƒe sɔwo de gbe. Ame kukuwo na miaƒe asaɖa me le ʋeʋẽm kũu, gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.
11 我傾覆你們中間的城邑, 如同我從前傾覆所多瑪、蛾摩拉一樣, 使你們好像從火中抽出來的一根柴; 你們仍不歸向我。 這是耶和華說的。
“Metsrɔ̃ miaƒe du aɖewo abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomorae ene; ame siwo susɔ la le abe atikpo si woɖe tso dzo me la ene, gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.
12 以色列啊,我必向你如此行; 以色列啊,我既這樣行, 你當預備迎見你的上帝。
“Eya ta ale mawɔ na wò, O Israel! Esi wònye aleae mawɔ na wò ta la, dzra ɖo nàdo go wò Mawu, O Israel!”
13 那創山、造風、將心意指示人、 使晨光變為幽暗、腳踏在地之高處的, 他的名是耶和華-萬軍之上帝。
Ame si wɔ towo kple ya, eye wòɖea eƒe susuwo fiaa amegbetɔ, eyae trɔa ŋdi wòzua viviti, eye wògbãa towo ɖe eƒe afɔ te gudugudu. Eŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la.

< 阿摩司書 4 >