< 耶利米书 48 >

1 论摩押。万军之耶和华—以色列的 神如此说: 尼波有祸了!因变为荒场。 基列亭蒙羞被攻取; 米斯迦蒙羞被毁坏;
Tso Moab ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Baba na Nebo elabena azu aƒedo. Woado ŋukpe Kiriataim eye woaxɔe; woagbã mɔ sesẽ la eye wòazu ŋukpe.
2 摩押不再被称赞。 有人在希实本设计谋害她,说: 来吧!我们将她剪除,不再成国。 玛得缅哪,你也必默默无声; 刀剑必追赶你。
Womagakafu Moab azɔ o, ŋutsu siwo le Hesbon la ɖo ta me vɔ̃ ɖe eŋu be, ‘Miva, mina míatsrɔ̃ dukɔ ma.’ O, Madmen, woatsrɔ̃ wò hã eye yi ati yowòme.
3 从何罗念有喊荒凉大毁灭的哀声:
Se ɣli si le ɖiɖim tso Horonaim ɖa, enye tsɔtsrɔ̃ gã kple gbegblẽ ƒe ɣli.
4 摩押毁灭了! 她的孩童发哀声,使人听见。
Woamu Moab aƒu anyi eye via suewo afa avi.
5 人上鲁希坡随走随哭, 因为在何罗念的下坡听见毁灭的哀声。
Wodze Luhit mɔ dzi le avi fam hehehe. Wose konyifaɣli le Horonaim mɔ dzi le gbegblẽ la ta.
6 你们要奔逃,自救性命, 独自居住,好像旷野的杜松。
Misi! Miɖe miaƒe agbe eye mianɔ abe gbe le gbegbe ene.
7 你因倚靠自己所做的和自己的财宝必被攻取。 基抹和属他的祭司、首领也要一同被掳去。
Esi nèɖo dzi ɖe wò dɔwɔwɔwo kple wò kesinɔnuwo ŋuti ta la, woaɖe aboyo wò hã eye woakplɔ Kemos ayi aboyo mee, kpe ɖe eƒe nunɔlawo kple dumegãwo ŋu.
8 行毁灭的必来到各城, 并无一城得免。 山谷必致败落, 平原必被毁坏; 正如耶和华所说的。
Nugblẽla ava du sia du me eye du aɖeke masi o. Woagblẽ balimewo eye woakaka towo elabena Yehowae gblɔe.
9 要将翅膀给摩押, 使她可以飞去。 她的城邑必致荒凉, 无人居住。 (
Mide dze Moab elabena aƒaƒã eye eƒe duwo azu aƒedo, ame aɖeke maganɔ wo me o.
10 懒惰为耶和华行事的,必受咒诅;禁止刀剑不经血的,必受咒诅。)
“Aɖi ame si le asi blem le Yehowa ƒe dɔ ŋu! Aɖi ame si he eƒe yi ɖe megbe be magakɔ ʋu ɖi o la ŋu!
11 摩押自幼年以来常享安逸, 如酒在渣滓上澄清, 没有从这器皿倒在那器皿里, 也未曾被掳去。 因此,它的原味尚存, 香气未变。
“Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene; esia nye be meyi aboyo me kpɔ o. Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o.
12 耶和华说:“日子将到,我必打发倒酒的往她那里去,将她倒出来,倒空她的器皿,打碎她的坛子。
Yehowa be, ‘Gake ŋkekewo li gbɔna esi maɖo ŋutsu siwo trɔa nu le gowo me la ɖa eye woatrɔe aƒu gbe, woana eƒe gowo naɖi gbɔlo eye woagbã eƒe kpluwo.
13 摩押必因基抹羞愧,像以色列家从前倚靠伯特利的神羞愧一样。
Ekema Kemos akpe ŋu na Moab, abe ale si ŋu kpe Israel ƒe aƒe la esi wòtsɔ eƒe susu da ɖe Betel dzi ene.’
14 你们怎么说: 我们是勇士,是有勇力打仗的呢?
“Aleke miate ŋu agblɔ be, ‘Míenye kalẽtɔwo, kple ŋutsu siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me?’
15 摩押变为荒场, 敌人上去进了她的城邑。 她所特选的少年人下去遭了杀戮; 这是君王—名为万军之耶和华说的。
Woagbã Moab kple eƒe duwo eye woakplɔ eƒe ɖekakpui vavãwo ayi ɖe amewuƒee.” Fia si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.
16 摩押的灾殃临近; 她的苦难速速来到。
“Moab ƒe anyidzedze tu aƒe, eƒe dzɔgbevɔ̃e ava kaba.
17 凡在她四围的和认识她名的, 你们都要为她悲伤,说: 那结实的杖和那美好的棍, 何竟折断了呢?
Mi ame siwo katã ƒo xlãe, mifa nɛ eye ame siwo katã nya ale si wòxɔ ŋkɔe la negblɔ be, ‘Aleke fiatikplɔ sesẽ la kple atizɔti dzeani la ŋe ale!’
18 住在底本的民哪, 要从你荣耀的位上下来, 坐受干渴; 因毁灭摩押的上来攻击你, 毁坏了你的保障。
“Ɖi le wò ŋutikɔkɔe me eye nànɔ anyi ɖe anyigba si ƒu kplakplakpla la dzi, O mi ame siwo le Dibon vinyɔnu ƒe du me elabena ame si gbã Moab la aƒo ɖe dziwò eye wòagbã wò mɔ sesẽwo.
19 住亚罗珥的啊, 要站在道旁观望, 问逃避的男人和逃脱的女人说: 是什么事呢?
Mi ame siwo le Aroer, mitsi tsitre ɖe mɔto ne miakpɔ nu. Bia ŋutsu si le du dzi kple nyɔnu si le sisim la be, ‘Nya kae dzɔ?’
20 摩押因毁坏蒙羞; 你们要哀号呼喊, 要在亚嫩旁报告说: 摩押变为荒场!
Wodo ŋukpe Moab elabena wogbãe gudugudu. Do ɣli, nàfa avi sesĩe! Ɖe gbeƒãe le Arnon be wogbã Moab.
21 “刑罚临到平原之地的何伦、雅杂、米法押、
Ʋɔnudɔdrɔ̃ va du siwo le to tame la dzi. Eva Holon, Yaza kple Mefaat dzi.
22 底本、尼波、伯·低比拉太音、
Eva Dibon, Nebo kple Bet Diblataim dzi.
23 基列亭、伯·迦末、伯·米恩、
Eva Kiriataim, Bet Gamul kple Bet Meon dzi,
24 加略、波斯拉,和摩押地远近所有的城邑。
Eva Keriyɔt, Bozra kple Moab duwo katã dzi, esiwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa dzi.
25 摩押的角砍断了,摩押的膀臂折断了。这是耶和华说的。”
Wolã Moab ƒe dzo ɖa, woŋe eƒe abɔ.” Yehowae gblɔe.
26 “你们要使摩押沉醉,因她向耶和华夸大。她要在自己所吐之中打滚,又要被人嗤笑。
“Mina aha Moab wòano amu, aƒo dablibɛ le xe si wòɖe la me, eye wòazu alɔmeɖenu, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe.
27 摩押啊,你不曾嗤笑以色列吗?她岂是在贼中查出来的呢?你每逢提到她便摇头。
Ɖe menye Israel ye nye wò alɔmeɖenu oa? Ɖe wolée le fiafitɔwo dome kpɔ hafi ne èle nu ƒom tso eŋu la, nèʋuʋua ta fewuɖutɔea?
28 摩押的居民哪, 要离开城邑,住在山崖里, 像鸽子在深渊口上搭窝。
Mi Moabtɔwo, misi le miaƒe duwo me, miayi aɖanɔ agakpewo tome. Minɔ abe akpakpa si wɔ atɔ ɖe agado nu ene.”
29 我们听说摩押人骄傲, 是极其骄傲; 听说他自高自傲, 并且狂妄,居心自大。
Yehowa be, “Míese Moab ƒe dada, ɖokuiŋudzedze, adegbeƒoƒo, ɖokuidzadzra kple amemabumabu kple eƒe dzi ƒe kɔkɔ ɖe dzi.
30 耶和华说: 我知道他的忿怒是虚空的; 他夸大的话一无所成。
Menya eƒe tonumasemase gake toflokoe, elabena eƒe dada vivivo mahe naneke vɛ nɛ o.
31 因此,我要为摩押哀号, 为摩押全地呼喊; 人必为吉珥·哈列设人叹息。
Eya ta mado ɣli ɖe Moab ŋu eye mafa avi ɖe Moab blibo ŋu. Mefa na Kir Hareset ŋutsuwo.
32 西比玛的葡萄树啊,我为你哀哭, 甚于雅谢人哀哭。 你的枝子蔓延过海, 直长到雅谢海。 那行毁灭的已经临到你夏天的果子 和你所摘的葡萄。
O, mi Sibma wainkawo, mefa na mi abe ale si Yazer fa avi ene. Wò alɔwo keke yi ɖe atsiaƒu to ʋĩi eye wodidi ɖase keke Yazer ƒuta ke. Nugblẽla va ƒo ɖe wò atikutsetse ɖiɖiwo kple wò wainkpowo dzi.
33 肥田和摩押地的欢喜快乐都被夺去; 我使酒榨的酒绝流, 无人踹酒欢呼; 那欢呼却变为仇敌的呐喊。
Dzidzɔ kple aseyetsotso nu tso le Moab ƒe agblewo me. Metsi wain nu le wainfiamɔwo me, ame aɖeke magafiae kple dzidzɔ o. Togbɔ be ɣli le ɖiɖim hã la, menye dzidzɔɣlie o.
34 “希实本人发的哀声达到以利亚利,直达到雅杂;从琐珥达到何罗念,直到伊基拉·施利施亚,因为宁林的水必然干涸。”
“Woƒe aviɣli ɖi tso Hesbon, yi Eleale kple Yahaz ke. Eɖi tso Zoar, eye wosee le Horonaim, Eglat Selisia gɔ̃ hã, elabena Nimrim tɔsisi me tsiwo ke hã mie.
35 耶和华说:“我必在摩押地使那在邱坛献祭的,和那向他的神烧香的都断绝了。
Maɖo asi ame siwo sa vɔ le nuxeƒewo eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na woƒe mawuwo la dzi le Moab.” Yehowae gblɔe.
36 我心腹为摩押哀鸣如箫,我心肠为吉珥·哈列设人也是如此,因摩押人所得的财物都灭没了。
Yehowa be, “Eya ta nye dzi le nu xam le Moab ŋu abe dzekuku ene, eye nye dzi xa nu abe kpẽ ene na Kir Hareset ŋutsuwo, elabena kesinɔnu siwo woli kɔe la dzo.
37 “各人头上光秃,胡须剪短,手有划伤,腰束麻布。
Wolũ ta ɖe sia ɖe eye woƒlɔ ge ɖe sia ɖe, wode abi asi ɖe sia ɖe ŋu eye akpanya le ali ɖe sia ɖe dzi.
38 在摩押的各房顶上和街市上处处有人哀哭;因我打碎摩押,好像打碎无人喜悦的器皿。这是耶和华说的。
Le Moab ƒe xɔwo katã tame kple ablɔwo me la, naneke meli wu konyifafa o, elabena megbã Moab abe kplu si ame aɖeke mele didim o la ene.” Yehowae gblɔe.
39 摩押何等毁坏!何等哀号!何等羞愧转背!这样,摩押必令四围的人嗤笑惊骇。”
“Wogbãe gudugudu loo! Wole ɣli dom ale gbegbe! Aleke Moab trɔ megbe kple ŋukpee nye esi! Moab zu alɔmeɖenu kple bibi na ame siwo katã ƒo xlãe.”
40 耶和华如此说: 仇敌必如大鹰飞起, 展开翅膀,攻击摩押。
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, hɔ̃ aɖe dzo gbɔna, eɖo asagba, keke eƒe aʋalawo me ɖe Moab dzi.
41 加略被攻取,保障也被占据。 到那日,摩押的勇士心中疼痛如临产的妇人。
Woaxɔ Keriyɔt kple eƒe mɔ sesẽwo. Gbe ma gbe la, Moab ƒe Kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
42 摩押必被毁灭,不再成国, 因她向耶和华夸大。
Woatsrɔ̃ Moab, be maganye dukɔ azɔ o, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe.
43 耶和华说:摩押的居民哪, 恐惧、陷坑、网罗都临近你。
O, Moabtɔwo, ŋɔdzi, ʋe globo kple mɔka le mia lalam.” Yehowae gblɔe.
44 躲避恐惧的必坠入陷坑; 从陷坑上来的必被网罗缠住; 因我必使追讨之年临到摩押。 这是耶和华说的。
“Ame si si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me, mɔka aɖe ame si te ŋu do le ʋe globoa me, elabena mahe toheɣi va Moab dzi.” Yehowae gblɔe.
45 躲避的人无力站在希实本的影下; 因为有火从希实本发出, 有火焰出于西宏的城, 烧尽摩押的角和哄嚷人的头顶。
“Sitsoƒedilawo tɔ ɖe Hesbon ƒe vɔvɔli te xɔnamemanɔsitɔe, elabena dzo tso Hesbon eye dzo ƒe aɖe do tso Sixɔn titina, efia Moabtɔwo ƒe ŋgonu, dada ƒuƒlu dalawo ƒe tagowo.
46 摩押啊,你有祸了! 属基抹的民灭亡了! 因你的众子都被掳去, 你的众女也被掳去。
Baba na wò, O Moab! Wotsrɔ̃ Kemostɔwo, wokplɔ mia viŋutsuwo yi aboyo mee eye woɖe aboyo mia vinyɔnuwo.
47 耶和华说: 到末后,我还要使被掳的摩押人归回。 摩押受审判的话到此为止。
“Ke hã la, magaɖo Moab ƒe nunyonamewo te le ŋkeke siwo ava la me.” Yehowae gblɔe. Moab ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ se ɖe afi sia.

< 耶利米书 48 >