< 撒母耳记上 10 >

1 撒母耳拿瓶膏油倒在扫罗的头上,与他亲嘴,说:“这不是耶和华膏你作他产业的君吗?
Tete Samuel tsɔ amigoe eye wòkɔ amia ɖe Saul ƒe tame, hegbugbɔ nu nɛ eye wògblɔ be, “Ɖe Yehowa mesi ami na wò be nàɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?
2 你今日与我离别之后,在便雅悯境内的泄撒,靠近拉结的坟墓,要遇见两个人。他们必对你说:‘你去找的那几头驴已经找着了。现在你父亲不为驴挂心,反为你担忧,说:我为儿子怎么才好呢?’
Ne èdzo le gbɔnye egbea la, àkpɔ ŋutsu eve aɖewo le Rahel ƒe yɔdo gbɔ le Zelza le Benyamin ƒe to la ƒe liƒo dzi. Woagblɔ na wò be, ‘Wofɔ tedzi siwo nèle didim. Fofowò megatsi dzi ɖe tedziawo ŋuti o ke boŋ etsi dzi ɖe ŋutiwò. Ele biabiam be, “Nu ka mawɔ tso vinye ŋuti?”’
3 你从那里往前行,到了他泊的橡树那里,必遇见三个往伯特利去拜 神的人:一个带着三只山羊羔,一个带着三个饼,一个带着一皮袋酒。
“Hafi nàdo ɖe Tabɔr ƒe logoti gbɔ la, ŋutsu etɔ̃ ava do go wò, ame siwo yina Mawu subɔ ge le Betel. Gbɔ̃vi etɔ̃ anɔ ɖeka si, abolo etɔ̃ anɔ evelia si eye wain go ɖeka anɔ etɔ̃lia si.
4 他们必问你安,给你两个饼,你就从他们手中接过来。
Woado gbe na wò eye woana abolo eve wò. Xɔ aboloawo.
5 此后你到 神的山,在那里有非利士人的防兵。你到了城的时候,必遇见一班先知从邱坛下来,前面有鼓瑟的、击鼓的、吹笛的、弹琴的,他们都受感说话。
“Le esia megbe la, àva ɖo Mawu ƒe Gibea, afi si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le. Ne èɖo ta dua me la, àdo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha siwo ɖiɖi tso kɔkɔƒe la gbɔna eye kasaŋkuwo, asiʋuiwo, kpẽwo kple gakasaŋkuwo anɔ ɖiɖim le wo ŋgɔ eye wole nya gblɔm ɖi.
6 耶和华的灵必大大感动你,你就与他们一同受感说话;你要变为新人。
Yehowa ƒe gbɔgbɔ adze dziwò kple ŋusẽ, àgblɔ nya ɖi kpli wo, eye woatrɔ wò nàzu ame bubu sãa.
7 这兆头临到你,你就可以趁时而做,因为 神与你同在。
Zi ale si dzesi siawo va eme la, wɔ nu sia nu si tsɔ asi gbɔ na wò elabena Mawu li kpli wò.
8 你当在我以先下到吉甲,我也必下到那里献燔祭和平安祭。你要等候七日,等我到了那里,指示你当行的事。”
Dze ŋgɔ nam nàyi Gilgal. Mava gbɔwò le afi ma ava sa numevɔ kple akpedavɔ. Gake ele be nàlalam ŋkeke adre va se ɖe esime mava be magblɔ nu si nàwɔ la na wò.”
9 扫罗转身离别撒母耳, 神就赐他一个新心。当日这一切兆头都应验了。
Esi Saul trɔ be yeadzo le Samuel gbɔ la, Mawu trɔ Saul ƒe dzi eye dzesi siawo katã va eme gbe ma gbe.
10 扫罗到了那山,有一班先知遇见他, 神的灵大大感动他,他就在先知中受感说话。
Esi Saul kple subɔla la ɖo Gibea la, wodo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha wogbɔna go do ge wo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ dze Saul dzi kple ŋusẽ eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me kpli wo.
11 素来认识扫罗的,看见他和先知一同受感说话,就彼此说:“基士的儿子遇见什么了?扫罗也列在先知中吗?”
Esi ame siwo nya Saul tsã kpɔe wònɔ nya gblɔm ɖi kple nyagblɔɖilawo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kae nye esi dzɔ ɖe Kis ƒe vi la dzĩ? Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?”
12 那地方有一个人说:“这些人的父亲是谁呢?”此后有句俗语说:“扫罗也列在先知中吗?”
Ŋutsu aɖe si nɔ ameawo dome la ɖo eŋu be, “Eye ame kae nye wo fofo?” Ale nya sia zu lodonya be, “Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?”
13 扫罗受感说话已毕,就上邱坛去了。
Esi Saul wu nyagblɔɖi la nu la, eyi ɖe to la dzi.
14 扫罗的叔叔问扫罗和他仆人说:“你们往哪里去了?”回答说:“找驴去了。我们见没有驴,就到了撒母耳那里。”
Azɔ la, Saul fofoa nɔvi ɖeka bia eya kple dɔla la be “Afi ka tututu mietso?” Saul ɖo eŋu be, “Míetso tedziawo di ge; míete ŋu kpɔ wo o, eya ta míeyi Nyagblɔɖila Samuel gbɔ be míabia afi si wole.”
15 扫罗的叔叔说:“请将撒母耳向你们所说的话告诉我。”
Gblɔ nu si Samuel gblɔ na wò la nam.
16 扫罗对他叔叔说:“他明明地告诉我们驴已经找着了。”至于撒母耳所说的国事,扫罗却没有告诉叔叔。
Saul ɖo eŋu be, “Eka ɖe edzi nam be, wokpɔ tedziawo.” Gake megblɔ nu si Samuel gblɔ tso fiaɖuɖu la ŋuti ya na fofoa nɔvia o.
17 撒母耳将百姓招聚到米斯巴耶和华那里,
Azɔ la, Samuel na Israelviwo katã va kpe ta ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa,
18 对他们说:“耶和华—以色列的 神如此说:‘我领你们以色列人出埃及,救你们脱离埃及人的手,又救你们脱离欺压你们各国之人的手。’
eye wògblɔ na wo be ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi eye meɖe mi tso Egiptetɔwo kple dukɔ siwo katã nɔ fu wɔm mi la ƒe ŋusẽ me.
19 你们今日却厌弃了救你们脱离一切灾难的 神,说:‘求你立一个王治理我们。’现在你们应当按着支派、宗族都站在耶和华面前。”
Ke, azɔ la, miegbe nu le miaƒe Mawu si ɖe mi tso dzɔgbevɔ̃ewo kple xaxawo katã me gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖo fia na mí!’ Eya ta mido ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe towo kple hlɔ̃wo me.”
20 于是,撒母耳使以色列众支派近前来掣签,就掣出便雅悯支派来;
Ale Samuel ƒo ƒu Israel ƒe toawo ƒe kplɔlawo ɖe Yehowa ŋkume eye wotia Benyamin ƒe to la.
21 又使便雅悯支派按着宗族近前来,就掣出玛特利族,从其中又掣出基士的儿子扫罗。众人寻找他却寻不着,
Samuel yɔ Benyamin ƒe to la ƒe ƒomewo va Yehowa ŋkume eye nudzidze la dze Matri ƒe ƒome la dzi. Mlɔeba la, nudzidze la dze Saul, Kis ƒe vi la dzi. Ke esi wotsa ŋku la, wokpɔ be Saul bu le ameawo dome.
22 就问耶和华说:“那人到这里来了没有?”耶和华说:“他藏在器具中了。”
Ale wogabia Yehowa be, “Amea le mía dome fifia?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eɣla eɖokui ɖe agbawo dome.”
23 众人就跑去从那里领出他来。他站在百姓中间,身体比众民高过一头。
Woƒu du yi ɖakplɔe vɛ tso afi ma eye esi wòtsi tsitre ɖe ameawo dome la, ekɔ eye ameawo se eƒe abɔta.
24 撒母耳对众民说:“你们看耶和华所拣选的人,众民中有可比他的吗?”众民就大声欢呼说:“愿王万岁!”
Azɔ Samuel gblɔ na ameawo katã be, “Miele ame si Yehowa tia na mí la kpɔma? Ame aɖeke mesɔ kplii le Israel blibo la o!” Eye ameha la do ɣli be, “Fia la nenɔ agbe tegbee!”
25 撒母耳将国法对百姓说明,又记在书上,放在耶和华面前,然后遣散众民,各回各家去了。
Le esia megbe la, Samuel tɔ asi nu siwo anye fia la ƒe gome kple eƒe dɔdeasiwo la dzi na ameha la. Eŋlɔ nu siawo ɖe lãgbalẽ dzi eye wòtsɔe ɖo Yehowa ŋkume. Samuel ɖe asi le dukɔ la ŋu eye ame sia ame yi eƒe du me.
26 扫罗往基比亚回家去,有 神感动的一群人跟随他。
Esi Saul trɔ va eƒe aƒe me le Gibea la, kalẽtɔ siwo ƒe dzi Mawu ʋã la yi kplii.
27 但有些匪徒说:“这人怎能救我们呢?”就藐视他,没有送他礼物;扫罗却不理会。
Gake ame vlo aɖewo gblɔ be, “Aleke ame sia tɔgbi ate ŋu aɖe mí?” Ale wodo vloe eye wometsɔ nunana ɖeke vɛ nɛ o, gake Saul megblɔ nya aɖeke o.

< 撒母耳记上 10 >