< 列王紀上 12 >

1 [分裂近因]勒哈貝罕去了舍根,因為全以色列集合在舍根,要立他為王。
Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae.
2 乃巴特的兒子雅洛貝罕,為躲避撒羅滿王,曾逃往埃及,現在聽說撒羅滿已死,便從挨家埃及回來了。
Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu yi ɖabe ɖo.
3 有人派人請了他回來,他便和以色列全會眾前來,對勒哈貝罕說:「
Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel blibo la yi Rehoboam gbɔ ɖagblɔ nɛ be,
4 你的父親使我們的負擔繁重,現在,你得減輕你父親加給我們的苦役和重軛,我們纔肯服事你。」
“Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.”
5 他回答他們說:「你們暫時回去,三天以後再來見我。」人民就都走了。
Rehoboam ɖo eŋu na wo be, “Miyi ne miatrɔ gbɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale ameawo trɔ dzo.
6 勒哈貝罕便同那些在他父親撒羅滿生時,作臣僕的老年人商議說:「依你們的意見,我該怎樣答覆這些民眾﹖」
Tete Fia Rehoboam de aɖaŋu kple ametsitsi siwo nɔ fofoa Solomo ŋu le eƒe agbemeŋkekewo me. Ebia wo be, “Ŋuɖoɖo kae miesusu be mana ame siawo?”
7 他們回答說:「如果你今天願意作這民眾的僕人,服事他們,答應他們,對他們說好話,他們必會常常服事你。」
Woɖo eŋu nɛ be, “Ne egbe ànye dɔla na ame siawo, asubɔ wo eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.”
8 但是,君王竟拒絕了老年人給他出的主意,反去同那些與他一起長大,侍立在他面前的少年商議,
Ke Rehoboam gbe mexɔ aɖaŋu si dumemetsitsiawo ɖo nɛ la o ke boŋ eyi ɖade aɖaŋu kple ehati siwo nɔ esubɔm
9 問他們說:「這些人民對我說:請你將你父親加於我們的重軛減輕些。依你們的意見我該怎樣答覆他們﹖」
Ebia wo be, “Nu ka miesusu? Aleke míagblɔ na ame siawo esi wova biam be, ‘Ɖe kɔkuti si fofowò tsɔ da ɖe mía dzi la dzi kpɔtɔ na mí’ mahã?”
10 這些與他一起長大的少年人答說:「這些人民對你說:你父親使我們負擔繁重,請你給我們減輕些! 你要回答他們,對他們這樣說:我的小指比我父親的腰還粗!
Ɖekakpuiawo, ame siwo nye ehatiwo la gblɔ nɛ be, “Gblɔ na ame siawo, esi wogblɔ na wò be, ‘Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi eya ta wɔ wò kɔkuti la wodzoe’ la be, ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ lolo wu fofonye ƒe alime.
11 我父親曾加重了你們的重擔,我更要加重你們的重擔;我父親用皮鞭責打你們,我卻要用鐵刺鞭責打你們! 」
Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’”
12 雅洛貝罕和全體人民照君王所說:「你們第三天再來見我」的話,第三天就來見勒哈貝罕。
Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yeroboam kple ameawo katã trɔ va Rehoboam gbɔ abe ale si fia la gblɔ ene be, “Mitrɔ gbɔ va gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe la ene.”
13 君王嚴厲答覆了人民,拋棄了老年人給他出的主意,
Fia la ɖo nya la ŋu na wo kple adã eye mewɔ ɖe ametsitsiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o.
14 卻依照少年人的主張,對民眾說:「我的父親加重了你們的重擔,我更要加重,我父親用皮鞭責打你們,我反要用鐵刺鞭責打你們。」
Ewɔ ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ dzi eye wògblɔ be, “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe; nye ya mana kɔkuti la nagakpe wu. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti; nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.”
15 君王始終不肯聽從民眾。這一轉變原是出於上主,為實現他自己的話,就是上主藉史羅人阿希雅對乃巴特的兒子雅洛貝罕所說的話。政治分裂
Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu.
16 全以色列人見君王不肯依他們,便回覆君王說﹕「我們與達味有什麼分子﹖我們與葉瑟的兒子毫無關係! 以色列! 回到你的帳幕去啊! 達味啊! 現在你只顧你的本家罷! 」以色列人於是都回了自己的帳幕,
Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo yewo la, woɖo eŋu na fia la be, “Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ? Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me! Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!” Ale Israelviwo dzo yi aƒe me.
17 只有那些住在猶大城市的以色列子民,仍屬勒哈貝罕統治。
Ke hena Israelvi siwo nɔ Yuda ƒe duwo me la, Rehoboam gaɖu fia ɖe wo dzi ko.
18 勒哈貝罕王派遣監管勞役的阿多蘭,去見以色列,以色列人卻用石頭將它砸死,勒哈貝罕急忙上車,逃回了耶路撒冷。
Fia Rehoboam dɔ Adoram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israel katã ƒu kpee wòku. Ke hã la, Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem.
19 這樣,以色列便與達味家分離了,直到現在。
Ale Israel dze aglã ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe.
20 那時,全以色列人聽說雅洛貝罕已經回來,便派人邀請它前來赴會,立他為王,統治全以色列;從此跟隨達味家的,只有猷大支派。
Esi Israel ƒe to bubu me tɔwo se be Yeroboam gbɔ tso Egipte la, woyɔe be wòava do go ameawo katã. Woɖoe fiae ɖe Israel dzi le afi ma. Yuda kple Benyamin ƒe towo koe nɔ fia siwo nye David ƒe dzidzimeviwo la te.
21 勒哈貝罕一回到耶路撒冷,即刻召集猶大全家和本雅明支派所有十八萬善戰的精兵,要去攻打以色列家,想把王國奪回,再歸屬撒羅滿的兒子勒哈貝罕;
Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene.
22 但是,天主有話傳於天主的人舍瑪雅說﹕「
Ke Mawu gblɔ nya siawo na Nyagblɔɖila Semaya be,
23 你去告訴撒羅滿的兒子,猶大王勒哈貝罕,猶大全家和本雅明以及其餘的人民說﹕
“Gblɔ na Rehoboam, Yuda fia Solomo ƒe vi kple Yuda kple Benyamin kple ame bubuawo katã be,
24 上主這樣說﹕你們不要前去,攻打你們的兄弟以色列人,你們各自回家去罷! 因為這事原出於我。」他們便聽從了上主的話,依照上主的話回去了。宗教分裂
‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: Migawɔ aʋa kple mia nɔviwo, Israelviwo o. Ame sia ame nayi eƒe aƒe me elabena nyee wɔ esia.’” Ale woɖo to Yehowa ƒe gbe eye wotrɔ yi woƒe aƒewo me abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.
25 雅洛貝罕在厄弗辣因山地修築了舍根,住在那裏;又從那裏出來,修築了培奴耳。
Azɔ la, Yeroboam tu Sekem du la ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi eye wòna wòzu eƒe fiadu. Etu Penuel du la emegbe.
26 雅洛貝罕心中思量﹕「這王國遲早要歸於達味王室;
Yeroboam bu be, “Ne nyemekpɔ nyuie o la, ameawo adi David ƒe dzidzimeviwo dometɔ aɖe abe woƒe fia ene.
27 如果這人民上耶路撒冷,在上主殿內獻祭,他們的心難免不歸向他們的主上猶大勒哈貝罕,把我打死,再歸屬於猶大王勒哈貝罕。」
Ne woyi Yerusalem be woasa vɔ le gbedoxɔ la me la, woadze xɔ̃ fia Rehoboam, ekema woawum eye woana wòazu woƒe fia ɖe tenyeƒe.”
28 因此,雅洛貝罕王拿定了主意,製造了兩隻金牛犢,對人民說﹕,「你們不需要再上耶路撒冷去了;以色列! 看,這就是領你們由埃及地上來的天主! 」
Ale Yeroboam wɔ eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe dzi, wowɔ sikanyivi eve eye wògblɔ na eƒe amewo be, “Enye fukpekpe na mi akpa be miayi Yerusalem aɖasubɔ Mawu. Israel, kpɔ ɖa, sikanyivi siawoe anye miaƒe mawuwo; woawoe ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte!”
29 他將一隻供在貝特耳,一隻供在丹。
Wotsɔ sikanyiviawo dometɔ ɖeka da ɖe Betel eye woda evelia ɖe Dan.
30 這使以色列陷於罪惡,因為民眾竟遠至丹去敬拜另一隻。
Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe elabena ameawo subɔ wo.
31 雅貝洛罕又在高丘建立了神殿,將不屬於肋末子孫的平民立為司祭;
Etu trɔ̃xɔwo hã ɖe toawo dzi eye wòtsɔ ame siwo metso Levi ƒe ƒomea me gɔ̃ hã o la ɖo nunɔlawo.
32 規定八月十五日舉行慶節,像在猶大所舉行的慶節一樣,親自上壇獻祭。他也如此在貝特耳向他所製造的牛犢獻了祭,並在貝特耳為他建造的高丘神壇,委派了司祭。
Eɖo ŋkekenyui aɖe anyi da ɖe ɣleti enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi abe ŋkekenyui siwo woɖuna le Yuda ene eye wòsaa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Ewɔ esia le Betel eye wosaa vɔ na nyivi siwo wòwɔ le Betel. Eɖo nunɔlawo na nuxeƒe siwo wòtu.
33 在他隨意選定的八月十五日,他親自上了他在貝特耳所築的祭壇,為以色列子民舉行慶節,上壇焚香獻祭。
Le ɣleti enyilia, ɣleti si eya ŋutɔ tia la ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, esaa vɔwo le vɔsamlekpui si wòtu ɖe Betel la dzi. Ale wòɖo ŋkekenyui la anyi na Israelviwo eye wòyina ɖasaa vɔwo le vɔsamlekpui la dzi.

< 列王紀上 12 >