< Yahuda 1 >

1 Yahuda kucin Yesu Kristi nin gwana Yakubu udu ale na iyicila linwana nanya Kutelle ucif nin ciyu Yesu Kreisti.
Nye, Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔviŋutsu gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame siwo woyɔ, ame siwo Mawu Fofo la lɔ̃, eye wòlé wo ɖe te le Yesu Kristo me:
2 Na ayi akunekune udu kitimine nin sheu nibinai nin suu tigbardan
Amenuveve, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.
3 Linwana in wadin shuu liti kang inyerti minu mbelen nlirunse nla, imile na nyertin minu in zazin minu ikpiyin ushu natin nyinu sa uyenu ule na iwa nakpa anit alau.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ agbalẽ na mi tso ɖeɖe si ƒe gomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔe na mi, ado ŋusẽ mi be miaʋli xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta.
4 Bara naamong anit wadak likire ale na uchankuulobmine iyertine uwoeru anan sali fiu Kutelle ale na ina saka alheri Kutelle bit udu nuzu nanm nawani ahhe, nin nale na ita amusu nchikilari nin nan bunbite Yesu Kristi.
Mele esia gblɔm, elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ, eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ɔ kple Aƒetɔ la gbɔ.
5 Nene ndin wuru inlizin minu kodashike iyiru vat niming au cikilari wa nutun anit nanya unuzu myin Mmasar bara nani amolu ale na iyina ba.
Togbɔ be mienya esiawo katã xoxo hã la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be Aƒetɔ la ɖe eƒe dukɔ tso Egiptenyigba dzi, gake emegbe la, etsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi se o.
6 Nin nnono kadura Kutelle ale na iwa cin katwa mine, i suna kiti lisosin mine kicine Kutelle na ce nani nanya nisarka nsirtin sa ligan udu udiya lirulole. (aïdios g126)
Ke mawudɔla siwo melé woƒe bubuteƒe me ɖe asi o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔ ƒe aƒe ɖi la, esiawoe wòde gae ɖe viviti me, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ mavɔ de wo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ le Ŋkekegã la dzi. (aïdios g126)
7 I masin nafo Usodom nin Gomora nin nigbiri naa na niea di nkiline, ale na iwa libaw lirume na awa ni atimine ni mon inanzang ndurtu kuna nizi kuhem. I wa suu anan gbaduzu na iwa neu un nnla unsa ligang. (aiōnios g166)
Nenema ke Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzomavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu. (aiōnios g166)
8 Nin nani libau lirume alele nanza nidowo mine nanya namoro, inarsi anan natet tigo, nani ibele inun inanzan kusari nanan natt udia.
Nenema ke drɔ̃ekula siawo ƒo ɖi woawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo, tsi tsitre ɖe dziɖulawo ŋu, eye woƒoa nu vɔ̃ le dziƒodɔlawo ŋu.
9 Bara ame Makailu unan kadura Kutelle udiya na awadi ugon nsirti mayardan kitene liben Musa, na awa yinin ada ni mabucubucu sa ti gbulan tizogo ba inworonani aworo, ''Na ucife kpada fi.''
Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã, esi wònɔ nya hem kple Abosam tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!”
10 Bara nani anit alena vat zoguzo imonle na iyino ba vat ni lemong na iyino makeke Kutelle nafo makeke insali nibinai nile imuwne inanza mminu.
Gake ame siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti, eye nu sia nu si gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua ta me o ene la, nu siawo kee nye nu siwo gblẽa wo dome.
11 Kash mine! bara na ina cina nanya libau kainu, inanin pira ndina ntanu Balam nsu nikurfun, inani diku zemzamlibau Kora unan mayardan.
Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balaam ƒe vodada me, eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me.
12 Alelere ale na i yeshin nagilitin nsufe na ina lii ninfi, sancin idin pillu ma atiminere mung iso a wut sa wuru ale na ufunu asu uyira aca akune sa kumat, ukul tiba, tijiye martiza.
Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe lilikpo siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o, eye woho wo da ɖi eye woku zi eve la ene.
13 Ufunu nanya kurawa, anutuzuno kupunjetnceen mine, iyinin galu bara inunye usiriu nanya insirti na na yashe nani se saligan. (aiōn g165)
Wole abe ƒutsotsoe siwo dze agbo hele woawo ŋutɔ ƒe ŋukpefutukpɔwo ɖem ɖe go la ene. Wole abe ɣletivi siwo le tsatsam, esiwo woɖo viviti tsiɖitsiɖi da ɖi na tegbetegbe la ene. (aiōn g165)
14 Nin bara anit alele nan Enok unan zur unuzu Adamu iwa beling aworo, ' Yene! Ucif bit nda nin namiu m likure nanit alau,
Enɔk, ame si nye dzidzime adrelia tso Adam dzi la gblɔ nya ɖi ɖe ame siawo ŋu be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la gbɔna kple eƒe dɔla kɔkɔe akpeakpewo,
15 inin suu ma wucuwucu udu kin kogha, anin tecu anan sali ncin dert nin nitwa ninanzan mine nanya na isu nanya nibinai ni nanzan nin nimun ididya ile na ann kulapi na malu belinghe.
ne wòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame, ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea ŋuti la ta.”
16 Alelere anan tibula na idin su mun ile na nibinai mere taa usuwe, anan foo figiri ruu namong inan se ulin bun.
Ame siawo nye liʋĩliʋĩlĩlawo kple ame siwo kpɔa vodada le nu sia nu ŋu. Wodzea woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, woƒoa adegbe le woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu, eye wokafua amewo alakpatɔe hena woawo ŋutɔ ƒe nyui.
17 Bara nani anum linwa na lizinong tigbulan too na iwa belu nin burne na nann lirinu ncif bite Yesu Kristi.
Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miɖo ŋku nya siwo míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ da ɖi la dzi.
18 Iwa woro minu nayiri nimalinghe anan sissuu ma dak, ima dofunu kata kanazan ka nibinai mine.
Wogblɔ na mi be, “Le ɣeyiɣi mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, ame siwo adze woawo ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo yome.”
19 Ale anite di nin suu nanti, na idinin nfip milauwa ba.
Ame siawoe nye ame siwo dea mama mia dome, ame siwo dzea ŋutilã ƒe nukpɔkpɔwo yome, eye Gbɔgbɔ la mele wo me o.
20 Bara nani anu n linwana, bara na ina kee atimine ketene u yinu sa u yenu udya nin nlira muu na idin tizu nanya infep milau.
Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ kekeake me, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me.
21 Ceu atimine nanya nsu Kutelle, Iyerje ikunekunwe ncef bite Yesu Kristi unan lai sa ligang. (aiōnios g166)
Mitsɔ mia ɖokuiwo de Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be wòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la mee. (aiōnios g166)
22 Nin yerju nkunekune nati na mong anit ale na idi nin nibinai nibaba
Mikpɔ nublanui na ame siwo le ɖi kem le wo ɖokuiwo me.
23 Nin tucu na mo, ikpalizin nani nanya nla nin namong lanzan nkunekune nin fiu nafo na inari kultuk koo na indinong kidowo nnanza.
Miɖe ame bubuwo tso dzo me, eye mixɔ na wo. Mikpɔ nublanui na wo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu si ƒo ɖi to ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo me gɔ̃ hã.
24 Nene udu ule na ama kesu fi utirzu a ceu fi nbun nle na ama yantifi sa kulapi nanya mmang sa ligan,
Azɔ, eya ame si tea ŋu léa mí ɖe asi be míagadze anyi o, be wòakɔ mi aɖo eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋgɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui le dzidzɔ gã me lae mede mi asi na;
25 udu iti Kutelle cas unan tucubite nanya Yesu Kristi Ucif bite, liru, tigo nin likara uburnu nin nene, nin salingang. Usonani. (aiōn g165)
Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nye míaƒe Ɖela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe, fianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la me le dzidzimewo katã me, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen. (aiōn g165)

< Yahuda 1 >