< 4-я Царств 17 >

1 В двенадцатый год Ахаза, царя Иудейского, воцарился Осия, сын Илы, в Самарии над Израилем и царствовал девять лет.
Le Ahaz, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me la, Hosea, Ela ƒe viŋutsu zu Israel fia le Samaria; eɖu fia ƒe asiekɛ.
2 И делал он неугодное в очах Господних, но не так, как цари Израильские, которые были прежде него.
Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ke menye abe ale si Israel fia siwo do ŋgɔ nɛ la wɔ ene o.
3 Против него выступил Салманассар, царь Ассирийский, и сделался Осия подвластным ему и давал ему дань.
Asiria fia Salmaneser ho aʋa ɖe Fia Hosea ŋu eye wòɖu edzi. Ale wònɔ na Israel be wòanɔ ga home gã aɖe xem na Asiria ƒe sia ƒe.
4 И заметил царь Ассирийский в Осии измену, так как он посылал послов к Сигору, царю Египетскому, и не доставлял дани царю Ассирийскому каждый год; и взял его царь Ассирийский под стражу, и заключил его в дом темничный.
Fia Hosea wɔ babla kple Egipte fia So, be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖe ye ɖokui ɖa le Asiria fia ƒe ŋusẽ te. Ke Asiria fia va nya nu tso babla sia ŋu. Gawu la, Hosea gbe megaxea ga la na Asiria fia o. Ale Asiria fia lé Hosea de gaxɔ me eye wòde kɔsɔkɔsɔe ɖe eƒe aglãdzedze ta.
5 И пошел царь Ассирийский на всю землю, и приступил к Самарии, и держал ее в осаде три года.
Azɔ la, Asiria ƒe asrafowo va yɔ Israelnyigba dzi, woɖe to ɖe Samaria, Israel ƒe fiadu la ƒe etɔ̃.
6 В девятый год Осии взял царь Ассирийский Самарию, и переселил Израильтян в Ассирию, и поселил их в Халахе и в Хаворе, при реке Гозан, и в городах Мидийских.
Mlɔeba la, le Hosea ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, Asiriatɔwo xɔ Samaria. Woɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye woɖo wo dometɔ aɖewo ɖe Hala du la me, bubuwo nɔ duwo me le Habor tɔsisi la ŋu le Gozan eye mamlɛawo nɔ Mediatɔwo ƒe du me.
7 Когда стали грешить сыны Израилевы пред Господом Богом своим, Который вывел их из земли Египетской, из-под руки фараона, царя Египетского, и стали чтить богов иных,
Esiawo katã va eme elabena Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egipte eye wòɖe wo le Farao, Egipte fia ƒe ŋusẽ te la ŋu. Wosubɔ mawu bubuwo.
8 и стали поступать по обычаям народов, которых прогнал Господь от лица сынов Израилевых, и по обычаям царей Израильских, как поступали они;
Wodze dukɔ siwo Yehowa nya le wo ŋgɔ la ƒe subɔsubɔwo yome hekpe ɖe subɔsubɔ siwo Israel fiawo he vɛ la ŋu.
9 и стали делать сыны Израилевы дела неугодные Господу Богу своему, и построили себе высоты во всех городах своих, начиная от сторожевой башни до укрепленного города,
Israelviwo wɔ nu siwo mele eteƒe o la le bebeme ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu. Tso gbetakpɔxɔ dzi yi ɖe du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe la me la, woawo ŋutɔ tu nuxeƒewo ɖe woƒe duwo katã me.
10 и поставили у себя статуи и изображения Астарт на всяком высоком холме и под всяким тенистым деревом,
Woli aƒeliwo heli aƒeliwo ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te.
11 и стали там совершать курения на всех высотах, подобно народам, которых изгнал от них Господь, и делали худые дела, прогневляющие Господа,
Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒe ɖe sia ɖe abe ale si dukɔ siwo Yehowa nya le wo ŋgɔ la wɔna ene. Wowɔ nu vɔ̃ɖi siwo na Yehowa do dziku.
12 и служили идолам, о которых говорил им Господь: “не делайте сего”;
Wosubɔ legbawo, evɔ Yehowa gblɔ na wo be, “Migawɔ esia o.”
13 тогда Господь чрез всех пророков Своих, чрез всякого прозорливца предостерегал Израиля и Иуду, говоря: возвратитесь со злых путей ваших и соблюдайте заповеди Мои, уставы Мои, по всему учению, которое Я заповедал отцам вашим и которое Я преподал вам чрез рабов Моих, пророков.
Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to nyagblɔɖilawo katã kple gbɔgbɔmenukpɔlawo dzi be, “Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, miwɔ ɖe nye sededewo kple ɖoɖowo dzi le se siwo katã mede na mia fofowo be woawɔ ɖe wo dzi la nu kple esiwo mede na mi to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi la dzi.”
14 Но они не слушали и ожесточили выю свою, как была выя отцов их, которые не веровали в Господа, Бога своего;
Ke Israel meɖo to o. Wonye kɔlialiatɔwo abe wo fofowo ene eye womeka ɖe Yehowa, woƒe Mawu la dzi o.
15 и презирали уставы Его, и завет Его, который Он заключил с отцами их, и откровения Его, какими Он предостерегал их, и пошли вслед суеты и осуетились, и вслед народов окрестных, о которых Господь заповедал им, чтобы не поступали так, как они,
Wogbe eƒe sewo kple nubabla si wòwɔ kple wo fofowo la eye wodo vlo eƒe nuxlɔ̃amenyawo. Wosubɔ ati kple kpewo ale be wova zu abunɛtɔwo. Wosrɔ̃ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ, evɔ Yehowa de se na wo be, “Migawɔ abe ale si wowɔna ene la o.” Ke wogbe hewɔ nu siwo Yehowa be womegawɔ o.
16 и оставили все заповеди Господа Бога своего, и сделали себе литые изображения двух тельцов, и устроили дубраву, и поклонялись всему воинству небесному, и служили Ваалу,
Wogbe Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã dzi wɔwɔ eye wololõ sika tsɔ wɔ nyivi eve. Woli aƒeli siwo nye ŋukpenanuwo eye wosubɔ Baal, ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo.
17 и проводили сыновей своих и дочерей своих чрез огонь, и гадали, и волшебствовали, и предались тому, чтобы делать неугодное в очах Господа и прогневлять Его.
Wotsɔ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo gɔ̃ hã wɔ numevɔsae le Molek ƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Wodea afakalawo gbɔ, saa dzowo eye wotsɔ wo ɖokuiwo de asi na nu vɔ̃. Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie.
18 И прогневался Господь сильно на Израильтян, и отверг их от лица Своего. Не осталось никого, кроме одного колена Иудина.
Eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta va se ɖe esime Yuda ƒe viwo koe susɔ ɖe anyigba la dzi.
19 И Иуда также не соблюдал заповедей Господа Бога своего, и поступал по обычаям Израильтян, как поступали они.
Ke Yuda gɔ̃ hã gbe Yehowa, woƒe Mawu la ƒe sewo dzi wɔwɔ. Woawo hã to Israel ƒe mɔ vlowo dzi.
20 И отвратился Господь от всех потомков Израиля, и смирил их, и отдавал их в руки грабителям, и наконец отверг их от лица Своего.
Ale Yehowa gbe Israel ƒe dzidzimeviwo katã. Ehe to na wo esi wòtsɔ wo de asi na woƒe futɔwo va se ɖe esime wotsrɔ̃ wo.
21 Израильтяне отторглись от дома Давидова и воцарили Иеровоама, сына Наватова; и отклонил Иеровоам Израильтян от Господа, и вовлек их в великий грех.
Elabena Israel ɖe eɖokui ɖa tso David ƒe fiaɖuƒe la me eye wòtia Yeroboam, Nebat ƒe vi abe eƒe fia ene. Yeroboam he Israel ɖa tso Yehowa subɔsubɔ gbɔ. Ena Israelviwo wɔ nu vɔ̃
22 И поступали сыны Израилевы по всем грехам Иеровоама, какие он делал, не отставали от них,
eye womeɖe asi le nu vɔ̃ si me Yeroboam kplɔ wo dee la wɔwɔ ŋu o,
23 доколе Господь не отверг Израиля от лица Своего, как говорил чрез всех рабов Своих, пророков. И переселен Израиль из земли своей в Ассирию, где он и до сего дня.
va se ɖe esime Yehowa kplɔ wo dzoe abe ale si eƒe Nyagblɔɖilawo be woawɔ woe ene. Ale wokplɔ Israel yi Asirianyigba dzi afi si wole va se ɖe egbe.
24 И перевел царь Ассирийский людей из Вавилона, и из Куты, и из Аввы, и из Емафа, и из Сепарваима, и поселил их в городах Самарийских вместо сынов Израилевых. И они овладели Самариею, и стали жить в городах ее.
Asiria fia kplɔ amewo tso Babilonia, Kuta, Ava, Hamat kple Sefarvaim ɖada ɖe Samaria ƒe duwo me ɖe Israelviwo teƒe. Ale Asiriatɔwo xɔ Samaria kple Israel du bubuwo.
25 И как в начале жительства своего там они не чтили Господа, то Господь посылал на них львов, которые умерщвляли их.
Ke esi Asiriatɔ siawo mesubɔa Yehowa esi wova ɖo anyigba la dzi enumake o ta la, Yehowa ɖo dzatawo ɖa wowu wo dometɔ aɖewo.
26 И донесли царю Ассирийскому, и сказали: народы, которых ты переселил и поселил в городах Самарийских, не знают закона Бога той земли, и за то Он посылает на них львов, и вот они умерщвляют их, потому что они не знают закона Бога той земли.
Ale woɖo du ɖe Asiria fia be, “Mí ame siwo nèna míetso mía de va le Israel la, míenya anyigba la ƒe Mawu ƒe sewo o, ale woƒe Mawu la ɖo dzatawo ɖa be woawu mí elabena míesubɔe o.”
27 И повелел царь Ассирийский, и сказал: отправьте туда одного из священников, которых вы выселили оттуда; пусть пойдет и живет там, и он научит их закону Бога той земли.
Ale Asiria fia ɖe gbe be, “Mina nunɔla siwo mieɖe aboyoe tso Samaria la dometɔ ɖeka nagbugbɔ ayi afi ma eye wòafia nu si anyigba la ƒe Mawu di be ameawo nawɔ la mi.”
28 И пришел один из священников, которых выселили из Самарии, и жил в Вефиле, и учил их, как чтить Господа.
Ale nunɔla siwo woɖe aboyoe tso Samaria la dometɔ ɖeka va nɔ Betel eye wòfia ale si woasubɔ Yehowae wo.
29 Притом сделал каждый народ и своих богов и поставил в капищах высот, какие устроили Самаряне, - каждый народ в своих городах, где живут они.
Ke hã la, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gasubɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwo le du siwo me wole. Wosubɔa mawu siawo le nuxeƒe siwo Samariatɔwo wɔ da ɖi.
30 Вавилоняне сделали Суккот-Беноф, Кутийцы сделали Нергала, Емафяне сделали Ашиму,
Ame siwo tso Babilonia la subɔa woƒe mawu Sukot Benot. Ame siwo tso Kuta la subɔa woƒe mawu Nergal eye ame siwo tso Hamat la subɔa Asima.
31 Аввийцы сделали Нивхаза и Тартака, а Сепарваимцы сожигали сыновей своих в огне Адрамелеху и Анамелеху, богам Сепарваимским.
Avitɔwo subɔa woƒe mawu siwo nye Nibhaz kple Tartak eye Sefartɔwo tsɔa wo viwo gɔ̃ hã saa numevɔe le woƒe mawu siwo nye Adramelek kple Anamelek la ƒe vɔsamlekpuiwo dzi.
32 Между тем чтили и Господа, и сделали у себя священников высот из среды своей, и они служили у них в капищах высот.
Wosubɔa Yehowa hã. Woɖo nunɔlawo tso woawo ŋutɔ dome be woasa vɔ na Yehowa le vɔsamlekpui siwo nɔ toawo dzi la dzi.
33 Господа они чтили, и богам своим они служили по обычаю народов, из которых выселили их.
Ke wogalé dukɔ siwo me wotso la ƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi kokoko.
34 До сего дня поступают они по прежним своим обычаям: не боятся Господа и не поступают по уставам и по обрядам, и по закону и по заповедям, которые заповедал Господь сынам Иакова, которому дал Он имя Израиля.
Nu sia gale edzi yim le wo dome kokoko va se ɖe egbe. Wogale woƒe mawusubɔsubɔ ƒe wɔna tsãtɔwo wɔm le esime woasubɔ Yehowa nyateƒetɔe alo awɔ se siwo Yehowa na Yakob, ame si ŋkɔ wòtrɔ zu Israel dzi la teƒe.
35 Заключил Господь с ними завет и заповедал им, говоря: не чтите богов иных, и не поклоняйтесь им, и не служите им, и не приносите жертв им,
Esi Yehowa wɔ nubabla kple Israelviwo la, eɖoe na wo be, “Migasubɔ mawu bubu aɖeke o, miade ta agu na wo loo alo miasa vɔ na wo o.
36 но Господа, Который вывел вас из земли Египетской силою великою и мышцею простертою, - Его чтите и Ему поклоняйтесь, и Ему приносите жертвы,
Ke Yehowa, ame si ɖe mi tso Egipte kple ŋusẽ triakɔ kple abɔ, si wòdo ɖe dzi lae nye ame si wòle be miasubɔ. Eyae migade ta agu na eye eyae miasa vɔwo na.
37 и уставы, и учреждения, и закон, и заповеди, которые Он написал вам, старайтесь исполнять во все дни, и не чтите богов иных;
Ele be Yakob ƒe dzidzimeviwo nawɔ Yehowa ƒe sewo katã dzi eye womasubɔ mawu bubuwo gbeɖegbeɖe o.”
38 и завета, который Я заключил с вами, не забывайте, и не чтите богов иных,
Elabena Yehowa gblɔ be, “Migaŋlɔ nubabla si mewɔ kpli mi la be o. Migasubɔ mawu bubuwo gbeɖegbeɖe o.
39 только Господа Бога вашего чтите, и Он избавит вас от руки всех врагов ваших.
Ele be miasubɔ Yehowa ɖeɖe ko; eyae aɖe mi tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me.”
40 Но они не послушали, а поступали по прежним своим обычаям.
Ke wogbe toɖoɖo eye wogayi woƒe agbenɔnɔ tsãtɔ dzi ko.
41 Народы сии чтили Господа, но и истуканам своим служили. Да и дети их и дети детей их до сего дня поступают так же, как поступали отцы их.
Esi wole Yehowa subɔm hã la, wogale woƒe legbawo subɔm. Va se ɖe egbe la, wo viwo kple woƒe tɔgbuiyɔviwo gale nu siwo wo fofowo wɔ la wɔm kokoko.

< 4-я Царств 17 >