< غزل غزلها 4 >

اینک تو زیبا هستی‌ای محبوبه من، اینک تو زیبا هستی و چشمانت از پشت برقع تومثل چشمان کبوتر است و موهایت مثل گله بزهااست که بر جانب کوه جلعاد خوابیده‌اند. ۱ 1
Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo! O, èdze tugbe ŋutɔ! Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛ ƒe ŋkuwo ene le wò moxevɔ la me. Wò taɖa le abe gbɔ̃ha siwo le ɖiɖim tso Gilead to dzi la ene.
دندانهایت مثل گله گوسفندان پشم بریده که ازشستن برآمده باشند و همگی آنها توام زاییده ودر آنها یکی هم نازاد نباشد. ۲ 2
Wò aɖuwo fu tititi abe alẽha siwo woko fu na teti, eye wole tsi na wo la ene. Ɖe sia ɖe le zɔzɔm eveve, eye ɖeke metsi akogo o.
لبهایت مثل رشته قرمز و دهانت جمیل است و شقیقه هایت درعقب برقع تو مانند پاره انار است. ۳ 3
Wò nuyiwo le abe ɖablanu dzĩ ene, eye wò nu nya kpɔna ŋutɔ. Wò tonuƒuiwo le dzedzem le wò moxevɔ me abe atɔtɔ si me woma ɖe eve la ene.
گردنت مثل برج داود است که به جهت سلاح خانه بنا شده است و در آن هزار سپر یعنی همه سپرهای شجاعان آویزان است. ۴ 4
Wò kɔ le abe David ƒe xɔ tsrala si le dzedze tɔxɛ me, eye wotsɔ kalẽtɔ akpe nanewo ƒe akpoxɔnu ku ɖe eŋuti la ene.
دو پستانت مثل دو بچه توام آهو می‌باشد که در میان سوسنها می‌چرند، ۵ 5
Wò nowo le abe sãdevi eve ene alo abe sãde ƒe evenɔvi siwo le gbe ɖum le dzogbenyawo me ene.
تا نسیم روز بوزد و سایه‌ها بگریزد. به کوه مر وبه تل کندر خواهم رفت. ۶ 6
Mayi lifitowo kple dzudzɔdonu ʋeʋĩ togbɛwo dzi va se ɖe esime ŋu nake, eye viviti nasi adzo.
‌ای محبوبه من، تمامی تو زیبا می‌باشد. در توعیبی نیست. ۷ 7
Nye dzi lɔlɔ̃a, nu sia nu de le ŋuwò, eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele ŋuwò o.
بیا با من از لبنان‌ای عروس، با من ازلبنان بیا. از قله امانه از قله شنیر و حرمون ازمغاره های شیرها و از کوههای پلنگها بنگر. ۸ 8
Nye ŋugbetɔ, va mídzo le Lebanon, kplɔm ɖo ne míado go le Lebanon. Ɖiɖi tso Amana tame, tso Senir kple Hermon tame, tso dzatawo ƒe do me kple lãkletowo dzi.
‌ای خواهر و عروس من دلم را به یکی از چشمانت وبه یکی از گردن بندهای گردنت ربودی. ۹ 9
Wò nu lé dzi nam, nɔvinye nyɔnu kple nye ŋugbetɔ; wò nu lé dzi nam esi nètsɔ wò ŋkuwo kpɔm zi ɖeka pɛ ko, eye nye ŋkuwo lɔ kɔga si nède la.
‌ای خواهر و عروس من، محبتهایت چه بسیار لذیذ است. محبتهایت از شراب چه بسیار نیکوتر است و بوی عطرهایت از جمیع عطرها. ۱۰ 10
Nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ, wò lɔlɔ̃ vivina loo! Wò lɔlɔ̃ vivina wu wain, eye ami ʋeʋĩ si nèsi la ƒe ʋeʋẽ ƒo atike ʋeʋĩwo katã ta!
‌ای عروس من، لبهای تو عسل را می‌چکاند زیر زبان تو عسل و شیر است و بوی لباست مثل بوی لبنان است. ۱۱ 11
Nye ŋugbetɔ, wò nuyiwo le vivim abe anyitsito ene, eye notsi kple anyitsi le wò aɖe te. Awu siwo nèdo la le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ abe Lebanon ƒe ʋeʋẽ ene.
خواهر و عروس من، باغی بسته شده است. چشمه مقفل و منبع مختوم است. ۱۲ 12
Nye ŋugbetɔ, nɔvinye nyɔnu, èle abe abɔ si ƒe ʋɔ wotu la ene. Eye nèle abe vudo si nu wotu nu ɖo kple tsitsetse si nu wotre la ene.
نهالهایت بستان انارها با میوه های نفیسه و بان و سنبل است. ۱۳ 13
Wò nuku siwo nèƒã ɖe agble me la woe nye: atɔtɔ, sikɔni, adrike,
سنبل و زعفران و نی و دارچینی با انواع درختان کندر، مر و عود با جمیع عطرهای نفیسه. ۱۴ 14
gbe ʋeʋĩwo, agumetaku, sabala, sinamon kple atike ʋeʋĩ vovovowo kpe ɖe lifi, aloe kple nu ʋeʋĩ nyuitɔwo ŋu.
چشمه باغها و برکه آب زنده و نهرهایی که ازلبنان جاری است. ۱۵ 15
Èle abe tsi dzidzi si le abɔ me, kple vudo si yɔ gbã go hele sisim tso Lebanon ene.
‌ای باد شمال، برخیز و‌ای باد جنوب، بیا. برباغ من بوز تا عطرهایش منتشر شود. محبوب من به باغ خود بیاید و میوه نفیسه خود را بخورد. ۱۶ 16
Nyɔ, anyieheya, ne nàva; dzieheya, wò hã va! Ƒo to nye abɔ me, be eƒe ʋeʋẽ nakaka ɖe yame. Na be nye lɔlɔ̃tɔ nava eƒe abɔ me, eye wòaɖɔ eƒe kutsetse nyuitɔwo kpɔ.

< غزل غزلها 4 >