< مزامیر 98 >

مزمور برای خداوند سرود تازه بسرایید زیراکارهای عجیب کرده است. دست راست و بازوی قدوس او، او را مظفر ساخته است. ۱ 1
Hadzidzi. Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo; eƒe nuɖusi kple eƒe abɔ kɔkɔe la wɔ ɖeɖedɔ nɛ.
خداوند نجات خود را اعلام نموده، وعدالتش را به نظر امت‌ها مکشوف کرده است. ۲ 2
Yehowa na wonya eƒe ɖeɖe, eye wòklo nu le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi na dukɔwo.
رحمت و امانت خود را با خاندان اسرائیل به یادآورد. همه اقصای زمین نجات خدای ما رادیده‌اند. ۳ 3
Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ dzi na Israel ƒe aƒe la, eye anyigba ƒe mlɔenu ke hã kpɔ míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe.
‌ای تمامی زمین، خداوند را آواز شادمانی دهید. بانگ زنید و ترنم نمایید و بسرایید. ۴ 4
Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli na Yehowa, migli kple hadzidzi kple saŋkuƒoƒo.
خداوند را با بربط بسرایید! با بربط و با آوازنغمات! ۵ 5
Midzi ha na Yehowa kple kasaŋku, mitsɔ kasaŋku, hadzidzi,
با کرناها و آواز سرنا! به حضور یهوه پادشاه آواز شادمانی دهید! ۶ 6
kpẽkuku kple lãdzokuku kpakple dzidzɔɣli do ɖe Yehowa, fia la ŋkume.
دریا و پری آن بخروشد! ربع مسکون و ساکنان آن! ۷ 7
Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la nado ɣli, anyigba kple edzinɔlawo katã hã.
نهرهادستک بزنند! و کوهها با هم ترنم نمایند. ۸ 8
Mina tɔsisiwo naƒo asikpe, eye towo katã nadzi ha ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ ta.
به حضور خداوند زیرا به داوری جهان می‌آید. ربع مسکون را به انصاف داوری خواهد کرد و قومهارا به راستی. ۹ 9
Wonedzi ha le Yehowa ŋkume, elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la. Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.

< مزامیر 98 >