< عوبدیا 1 >

رویای عوبدیا. ۱ 1
Ŋutega si Obadia kpɔ. 1 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso Edom ŋutie nye esi: Míese gbe tso Yehowa gbɔ be, wodɔ dɔla aɖe be wòagblɔ na dukɔwo be, “Mitso, mina míaho aʋa ɖe Edom ŋu!”
هان من تو راکوچکترین امت‌ها گردانیدم و تو بسیار خوارهستی. ۲ 2
“Edom, kpɔ ɖa, mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome eye maɖi gbɔ̃ wò vevie.
‌ای که در شکافهای صخره ساکن هستی و مسکن تو بلند می‌باشد و در دل خود می‌گویی کیست که مرا به زمین فرود بیاورد، تکبر دلت، تورا فریب داده است. ۳ 3
Wò dzi ble wò, eye nèdana elabena èle agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Ègblɔ le wò dzi me be: ‘Ame kae ate ŋu atutum aƒu agame?’
خداوند می‌گوید: اگرچه خویشتن را مثل عقاب بلند سازی و آشیانه خودرا در میان ستارگان بگذاری من تو را از آنجا فرودخواهم آورد. ۴ 4
Ne èdzo yi dzi ʋĩi abe hɔ̃ ene eye nèwɔ atɔ ɖe ɣletiviwo dome hã la, matutu wò aƒu anyi tso afi ma.” Yehowae gblɔe.
اگر دزدان یا غارت کنندگان شب نزد تو آیند، (چگونه هلاک شدی )؟ آیا بقدرکفایت غارت نمی کنند؟ و اگر انگورچینان نزد توآیند آیا بعضی خوشه‌ها را نمی گذارند؟ ۵ 5
“Ne fiafitɔwo va fi wò, eye adzodalawo va dze dziwò le zã me hefi wò nuwo ɖe, womagblẽ nanewo ɖi na wò oa? O, gbegblẽ gã ka wòanye anɔ lalawòm! Ne waintsetsefilawo hã va wò waingble me ɖe, ɖe womagblẽ ʋɛ aɖewo ɖi na wò o mahã?
چیزهای عیسو چگونه تفتیش شده و چیزهای مخفی او چگونه تفحص گردیده است؟ ۶ 6
Ke woalɔ Esau ya ƒiaƒiaƒia, woagblẽ eƒe kesinɔnu siwo wòdzra ɖo la katã dome.
همه آنانی که با تو همعهد بودند تو را بسرحدفرستادند و صلح اندیشان تو، تو را فریب داده، برتو غالب آمدند و خورندگان نان تو دامی زیر توگستردند. در ایشان فطانتی نیست. ۷ 7
Ame siwo le dziwò la, anya wò ɖe nu va se ɖe wò liƒowo dzi ke, xɔ̃wòwo able wò eye woaɖu dziwò. Ame siwo ɖua wò abolo la, atre mɔ na wò, ke mànyae be mɔ le afi ma o.
خداوند می‌گوید: آیا در آن روز حکیمان ادوم را و فطانت را از کوه عیسو نابود نخواهم گردانید؟ ۸ 8
“Le ŋkeke ma dzi la, matsrɔ̃ nunyala siwo katã le Edom eye maɖe ame siwo si gɔmesese le la ɖa le Esau ƒe towo dzi.” Yehowae gblɔe.
و جباران تو‌ای تیمان هراسان خواهندشد تا هر کس از کوه عیسو به قتل منقطع شود. ۹ 9
Asrafo kalẽtɔ gãtɔ kekeake le Teman hã azu vɔvɔ̃nɔtɔ eye ame sia ame si le Esau ƒe towo dzi la, atsi yi nu.
به‌سبب ظلمی که بر برادرت یعقوب نمودی، خجالت تو را خواهد پوشانید و تا به ابد منقطع خواهی شد. ۱۰ 10
Le esi nèsẽ ŋuta le nɔviwò Yakob ŋuti ta la, ŋukpe alé wò eye woatsrɔ̃ wò gbidii.
در روزی که به مقابل وی ایستاده بودی، هنگامی که غریبان اموال او را غارت نمودند وبیگانگان به دروازه هایش داخل شدند و براورشلیم قرعه انداختند، تو نیز مثل یکی از آنهابودی. ۱۱ 11
Ènɔ tsitre nɔ nu kpɔm esi amedzrowo va lɔ eƒe kesinɔnuwo eye dzronyigbadzitɔwo ge ɖe eƒe agbowo me hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi. Wò hã èle abe wo dometɔ ɖeka ene.
بر روز برادر خود هنگام مصیبتش نگاه مکن و بر بنی یهودا در روز هلاکت ایشان شادی منما و در روز تنگی ایشان لاف مزن. ۱۲ 12
Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe nɔviwòa dzi la, mele be wòazu ŋunyɔnu na wò o alo nàkpɔ dzidzɔ gbe si gbe wogbã Yuda gudugudu alo aƒo adegbe le gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e va wo dzi ŋu o.
و به دروازه های قوم من در روز بلای ایشان داخل مشو و تو نیز بر بدی ایشان در روز بلای ایشان منگر و دست خود را بر اموال ایشان در روز بلای ایشان دراز مکن. ۱۳ 13
Migage ɖe nye amewo ƒe agbowo me le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o, migado vlo wo le woƒe gbegblẽ me, le woƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la dzi o eye migaxɔ woƒe kesinɔnuwo le wo si le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o.
و بر سر دو راه مایست تافراریان ایشان را منقطع سازی و باقی ماندگان ایشان را در روز تنگی تسلیم منما. ۱۴ 14
Migatsi tsitre ɖe mɔdzevewo nu be miawu woƒe aʋasilawo alo miatsɔ woƒe ame siwo susɔ la de asi le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o.
زیرا که روزخداوند بر جمیع امت‌ها نزدیک است و چنانکه عمل نمودی همچنان به تو عمل کرده خواهدشد و اعمالت بر سرت خواهد برگشت. ۱۵ 15
“Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã. Ale si miewɔ Israel la, nenema kee woawɔ miawo hãe. Miaƒe nu vɔ̃ siwo miewɔ la atrɔ ava miaƒe tawo dzi.
زیراچنانکه بر کوه مقدس من نوشیدید، همچنان جمیع امت‌ها خواهند نوشید و آشامیده، خواهندبلعید و چنان خواهند شد که گویا نبوده‌اند. ۱۶ 16
Abe ale si mienoe le nye to kɔkɔe la dzi ene la, nenema ke dukɔ bubuwo hã anoe tegbee; woanoe, aganoe eye wòanɔ abe ɖe dukɔ mawo menɔ anyi kpɔ o ene.
اما بر کوه صهیون نجات خواهد بود ومقدس خواهد شد و خاندان یعقوب میراث خودرا به تصرف خواهند‌آورد. ۱۷ 17
Ka ɖeɖe anɔ Zion to dzi eye wòanye kɔkɔeƒe. Yakob ƒe aƒe agaxɔ eƒe domenyinu.
و خاندان یعقوب آتش و خاندان یوسف شعله و خاندان عیسو کاه عوبدیا خواهند بود و در میان ایشان مشتعل شده، ایشان را خواهد سوزانید و برای خاندان عیسو بقیتی نخواهد ماند زیرا خداوند تکلم نموده است. ۱۸ 18
Yakob ƒe aƒe anye dzo, Yosef ƒe aƒe anye dzo ƒe aɖe eye Esau anye gbe ƒuƒu. Woatɔ dzoe eye wòabi keŋkeŋ. Ame aɖeke matsi agbe le Esau ƒe aƒe me o.” Yehowae gblɔe.
واهل جنوب کوه عیسو را و اهل هامون فلسطینیان را به تصرف خواهند‌آورد و صحرای افرایم وصحرای سامره را به تصرف خواهند‌آورد وبنیامین جلعاد را (متصرف خواهد شد). ۱۹ 19
Azɔ dziehetɔwo atrɔ ava nɔ Esau ƒe towo dzi, ame siwo le Yuda ƒe balimenyigba dzi la axɔ Filistitɔwo ƒe anyigba le wo si eye Efraim kple Samaria azu wo tɔ. Ke Benyamin axɔ Gilead wòazu etɔ.
و اسیران این لشکر بنی‌اسرائیل ملک کنعانیان راتا صرفه به تصرف خواهند‌آورد و اسیران اورشلیم که در صفارد هستند شهرهای جنوب را به تصرف خواهند‌آورد. ۲۰ 20
Israelvi siwo le aboyo me le Kanaan la axɔ anyigba va se ɖe Zarefat ke; Yerusalemtɔ siwo le aboyo me le Sefarat la ava xɔ du siwo le Negeb.
و نجات دهندگان به کوه صهیون برآمده، بر کوه عیسو داوری خواهند کرد و ملکوت از آن خداوند خواهدشد. ۲۱ 21
Xɔnametɔwo ava Zion to la dzi eye woaɖu Esau ƒe todziduwo dzi tso afi ma. Fiaɖuƒe sia anye Yehowa tɔ!

< عوبدیا 1 >