< پیدایش 25 >

و ابراهیم، دیگر بار، زنی گرفت که قطوره نام داشت. ۱ 1
Abraham gaɖe srɔ̃ bubu, ame si ŋkɔe nye Ketura.
و او زمران و یقشان و مدان و مدیان و یشباق و شوحا را برای او زایید. ۲ 2
Edzi Zimram, Yoksan, Medan, Midian, Isbak kple Sua na Abraham.
و یقشان، شبا و ددان را آورد. و بنی ددان، اشوریم و لطوشیم و لامیم بودند. ۳ 3
Yoksan dzi Seba kple Dedan. Dedan ƒe viŋutsuwoe nye: Asurim, Letusim kple Leunim.
و پسران مدیان، عیفا و عیفر و حنوک و ابیداع و الداعه بودند. جمله اینها، اولاد قطوره بودند. ۴ 4
Midian ƒe viŋutsuwoe nye: Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda. Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo.
و ابراهیم تمام مایملک خود را به اسحاق بخشید. ۵ 5
Abraham tsɔ eƒe nuwo katã na Isak;
اما به پسران کنیزانی که ابراهیم داشت، ابراهیم عطایاداد، و ایشان را در حین حیات خود، از نزد پسرخویش اسحاق، به‌جانب مشرق، به زمین شرقی فرستاد. ۶ 6
ke ena nu vi siwo eƒe ahiãviwo dzi nɛ la hã, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒe lɔƒo, ale be womanɔ teƒe ɖeka kple Isak o.
این است ایام سالهای عمر ابراهیم، که زندگانی نمود: صد و هفتاد وپنج سال. ۷ 7
Abraham ƒe agbenɔƒewo katã nɔ ƒe alafa ɖeka blaadre-vɔ-atɔ̃.
و ابراهیم جان بداد، و در کمال شیخوخیت، پیر و سیر شده، بمرد. و به قوم خود ملحق شد. ۸ 8
Abraham mia nu, eye eƒe agbe nu tso le ƒe geɖe xɔxɔ megbe. Enɔ agbe wòde edeƒe, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.
و پسرانش، اسحاق و اسماعیل، او را در مغاره مکفیله، درصحرای عفرون بن صوحارحتی، در مقابل ممری دفن کردند. ۹ 9
Via ŋutsuwo, Isak kple Ismael, ɖii ɖe kpeto la me le Makpela si te ɖe Mamre ŋu, le Hititɔ Efron, Zoha ƒe vi ƒe anyigba dzi.
آن صحرایی که ابراهیم، ازبنی حت، خریده بود. در آنجا ابراهیم و زوجه‌اش ساره مدفون شدند. ۱۰ 10
Teƒe siae Abraham ƒle le Hititɔ la si; afi mae woɖi Abraham kple srɔ̃a ɖo.
و واقع شد بعد از وفات ابراهیم، که خدا پسرش اسحاق را برکت داد، واسحاق نزد بئرلحی رئی ساکن بود. ۱۱ 11
Le Abraham ƒe ku megbe la, Mawu kɔ yayra geɖewo ɖe Isak dzi. Fifia Isak ʋu yi ɖanɔ Beer Lahoi Roi.
این است پیدایش اسماعیل بن ابراهیم، که هاجر مصری، کنیز ساره، برای ابراهیم زایید. ۱۲ 12
Esia nye Ismael, Abraham ƒe viŋutsu, ame si Hagar, Egiptetɔ si nye Sara ƒe dɔlanyɔnu dzi na Abraham la ƒe ŋutinya.
واین است نامهای پسران اسماعیل، موافق اسمهای ایشان به حسب پیدایش ایشان. نخست زاده اسماعیل، نبایوت، و قیدار و ادبیل ومبسام. ۱۳ 13
Ismael ƒe viwoe nye: Nebayɔt, ame si nye via tsitsitɔ, Kedar, Adbel, Mibsam,
و مشماع و دومه و مسا ۱۴ 14
Misma, Duma, Masa,
و حدار وتیما و یطور و نافیش و قدمه. ۱۵ 15
Hadad, Tema, Yetur, Nafis kple Kedema.
اینانند پسران اسماعیل، و این است نامهای ایشان در بلدان وحله های ایشان، دوازده امیر، حسب قبایل ایشان. ۱۶ 16
Viŋutsu wuieve siawo nye Ismael vi siwo va zu fia na to wuieveawo, eye wotsɔ woƒe ŋkɔwo na toawo.
و مدت زندگانی اسماعیل، صد و سی و هفت سال بود، که جان را سپرده، بمرد. و به قوم خودملحق گشت. ۱۷ 17
Mlɔeba la, Ismael va ku le esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre, eye woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ.
و ایشان از حویله تا شور، که مقابل مصر، به سمت آشور واقع است، ساکن بودند. و نصیب او در مقابل همه برادران او افتاد. ۱۸ 18
Ismael ƒe dzidzimevi siawo kaka ɖe anyigba dzi tso Havila va se ɖe Sur si te ɖe Egipte ƒe liƒowo ŋu le Asiria gome. Wowɔa aʋa edziedzi kple wo nɔewo.
و این است پیدایش اسحاق بن ابراهیم. ابراهیم، اسحاق را آورد. ۱۹ 19
Abraham ƒe vi Isak ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋutinya yi ale. Abraham ye dzi Isak.
و چون اسحاق چهل ساله شد، رفقه دختر بتوئیل ارامی و خواهر لابان ارامی را، از فدان ارام به زنی گرفت. ۲۰ 20
Isak xɔ ƒe blaene esi wòɖe Rebeka, ame si nye Betuel, Arameatɔ tso Padan Aram, Laban nɔvinyɔnu ƒe vi.
و اسحاق برای زوجه خود، چون که نازاد بود، نزد خداونددعا کرد. و خداوند او را مستجاب فرمود. وزوجه‌اش رفقه حامله شد. ۲۱ 21
Isak ɖe kuku na Yehowa be wòana vi ye kple Rebeka, elabena le ƒe geɖewo ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me la, womedzi vi o. Mlɔeba la, Rebeka va fɔ fu.
و دو طفل در رحم او منازعت می‌کردند. او گفت: «اگر چنین باشد، من چرا چنین هستم؟» پس رفت تا از خداوندبپرسد. ۲۲ 22
Edze na Rebeka abe ɖevi evee nɔ avu wɔm le eƒe dɔ me ene! Egblɔ be, “Nyemate ŋu ado dzi anɔ te ɖe nu sia nu o.” Ale wòbia gbe Yehowa tso eŋu.
خداوند به وی گفت: «دو امت در بطن تو هستند، و دو قوم از رحم تو جدا شوند. وقومی بر قومی تسلط خواهد یافت، و بزرگ، کوچک را بندگی خواهد نمود.» ۲۳ 23
Yehowa gblɔ nɛ be, “Viŋutsu eve siwo le dɔ me na wò la azu dukɔ eve siwo aʋli ho kple wo nɔewo. Ɖeka asesẽ wu evelia, eye tsitsitɔ azu subɔla na ɖevitɔ.”
و چون وقت وضع حملش رسید، اینک توامان در رحم اوبودند. ۲۴ 24
Le nyateƒe me la, edzi evenɔviwo.
و نخستین، سرخ‌فام بیرون آمد، وتمامی بدنش مانند پوستین، پشمین بود. و او راعیسو نام نهادند. ۲۵ 25
Ɖa dzĩ nɔ gbãtɔ ŋu abe lãfuwue wòdo ene! Ale woyɔe be “Esau.”
و بعد از آن، برادرش بیرون آمد، و پاشنه عیسو را به‌دست خود گرفته بود. واو را یعقوب نام نهادند. و درحین ولادت ایشان، اسحاق، شصت ساله بود. ۲۶ 26
Wodzi ɖevi evelia wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi. Nu sia tae wona ŋkɔe be Yakob si gɔmee nye, “Nuhala” ɖo. Isak xɔ ƒe blaade esi wòdzi evenɔviawo.
و آن دو پسر، نموکردند، و عیسو صیادی ماهر، و مرد صحرایی بود. و اما یعقوب، مرد ساده دل و چادرنشین. ۲۷ 27
Esi ɖeviawo tsi la, Esau zu adela xɔŋkɔ aɖe, ke Yakob ya zu ame fafa aɖe si lɔ̃a aƒemenɔnɔ.
واسحاق، عیسو را دوست داشتی، زیرا که صید اورا می‌خورد. اما رفقه، یعقوب را محبت نمودی. ۲۸ 28
Ɖeviawo dometɔ si Isak lɔ̃ wu lae nye Esau, le adelã si wòtsɔna vaa aƒe mee ta; ke esi Rebeka lɔ̃ wu lae nye Yakob.
روزی یعقوب، آش می‌پخت و عیسو وا مانده، از صحرا آمد. ۲۹ 29
Gbe ɖeka la, Yakob nɔ detsi ƒom esime Esau gbɔ tso adegbe.
و عیسو به یعقوب گفت: «از این آش ادوم (یعنی سرخ ) مرا بخوران، زیرا که وامانده‌ام.» از این سبب او را ادوم نامیدند. ۳۰ 30
Esau bia Yakob be, “Nɔvinye, dɔ le wuyem vevie. Na wò akplẽdzĩ aɖem maɖu.” Esia ta wona megbeŋkɔe be “Edom” si gɔmee nye “Akplẽdzĩ.”
یعقوب گفت: «امروز نخست زادگی خود را به من بفروش.» ۳۱ 31
Yakob ɖo eŋu be, “Enyo, ekema tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye nam, eye nàxɔ akplẽdzĩ la.”
عیسو گفت: «اینک من به حالت موت رسیده‌ام، پس مرا از نخست زادگی چه فایده؟» ۳۲ 32
Esau gblɔ be, “Ne dɔ le ame aɖe wum wòɖo kudo nu ɖe, viɖe kae gale eƒe ŋgɔgbevinyenye ŋu nɛ?”
یعقوب گفت: «امروز برای من قسم بخور.» پس برای او قسم خورد، و نخست زادگی خود را به یعقوب فروخت. ۳۳ 33
Yakob xɔ edzi gblɔ be, “Enyo, ekema ka atam na Mawu be ŋgɔgbevinyenye la zu tɔnye.” Esau ka atam, eye wòto esia me dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye la na nɔvia suetɔ,
و یعقوب نان وآش عدس را به عیسو داد، که خورد و نوشید وبرخاسته، برفت. پس عیسو نخست زادگی خود راخوار نمود. ۳۴ 34
eye Yakob tsɔ abolo, ayi kple dedetsi na Esau wòɖu, no tsi ɖe edzi, eye wòyi eƒe wɔnawo dzi. Ke Esau metsɔ ɖeke le eme be yeɖe asi le yeƒe ŋgɔgbevinyenye ŋuti nenema o.

< پیدایش 25 >