< پیدایش 14 >

و واقع شد در ایام امرافل، ملک شنعار، و اریوک، ملک الاسار، و کدرلاعمر، ملک عیلام، و تدعال، ملک امت‌ها، ۱ 1
Azɔ la, aʋa dzɔ le anyigba la dzi. Amrafel, Sinar fia, Ariok, Elasar fia, Kedolaoma, Elam fia kple Tidal, Goyim fia,
که ایشان بابارع، ملک سدوم، و برشاع ملک عموره، وشناب، ملک ادمه، و شمئیبر، ملک صبوئیم، وملک بالع که صوغر باشد، جنگ کردند. ۲ 2
ho aʋa ɖe Bera, Sodom fia, Birsa, Gomora fia, Sinab, Adma fia, Semeber, Zeboyim fia kple Bela fia (si woyɔna be Zoar la) ŋu.
این همه در وادی سدیم که بحرالملح باشد، با هم پیوستند. ۳ 3
Fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Seboyim kple Bela la na woƒe aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sidom balime si nye (Dzeƒu la ƒe balime.)
دوازده سال، کدرلاعمر را بندگی کردند، و در سال سیزدهم، بر وی شوریدند. ۴ 4
Wonye Fia Kedolaoma teviwo ƒe wuieve sɔŋ, ke wotso ɖe fia sia ŋu le ƒe wuietɔ̃lia me.
ودر سال چهاردهم، کدرلاعمر با ملوکی که با وی بودند، آمده، رفائیان را در عشتروت قرنین، وزوزیان را در هام، و ایمیان را در شاوه قریتین، شکست دادند. ۵ 5
Le ƒe wuienelia me la, Kedolaoma kple fia siwo kpe ɖe eŋu la yi ɖasi Refaimtɔwo le Asterot, Karnaimtɔwo kple Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Save Kiriataim
و حوریان را در کوه ایشان، سعیر، تا ایل فاران که متصل به صحراست. ۶ 6
kple Horitɔwo le Seir ƒe tonyigba dzi heyi keke El Paran, afi si te ɖe gbegbe la ŋu.
پس برگشته، به عین مشفاط که قادش باشد، آمدند، وتمام مرز و بوم عمالقه و اموریان را نیز که درحصون تامار ساکن بودند، شکست دادند. ۷ 7
Wotrɔ azɔ yi En Misfat (afi si woyɔna egbegbe be Kades la), eye woɖu Amalekitɔwo kple Amoritɔwo, ame siwo nɔ Hazazon Tamar la dzi.
آنگاه ملک سدوم و ملک عموره و ملک ادمه و ملک صبوئیم و ملک بالع که صوغر باشد، بیرون آمده، با ایشان در وادی سدیم، صف آرایی نمودند. ۸ 8
Tete fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Zeboyim kple Bela (si nye Zoar) la yi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Sidim Balime,
باکدرلاعمر ملک عیلام و تدعال، ملک امت‌ها وامرافل، ملک شنعار و اریوک ملک الاسار، چهارملک با پنج. ۹ 9
ɖe Kedolaoma, Elam fia, Tidal, Goyim fia, Amrafel, Sinar fia kple Ariok, Elasar fia ŋu. Fia ene kpe aʋa kple fia atɔ̃.
و وادی سدیم پر از چاههای قیربود. پس ملوک سدوم و عموره گریخته، در آنجاافتادند و باقیان به کوه فرار کردند. ۱۰ 10
Ke aŋɔʋe geɖewo nɔ teƒe ma, eye esi Sodom kple Gomora fiawo si yina la, wo dometɔ aɖewo ge dze aŋɔʋeawo me. Ame mamlɛawo si yi toawo dzi.
و جمیع اموال سدوم و عموره را با تمامی ماکولات آنهاگرفته، برفتند. ۱۱ 11
Dziɖulawo ha Sodom kple Gomora ƒe kesinɔnuwo kple nuɖuɖuwo katã heɖo ta aƒe kpli wo.
و لوط، برادرزاده ابرام را که درسدوم ساکن بود، با آنچه داشت برداشته، رفتند. ۱۲ 12
Wolé Lot, ame si nye Abram ƒe tɔgãyɔvi si nɔ Sodom la, eye wokplɔe dzoe kple eƒe kesinɔnuwo katã.
و یکی که نجات یافته بود آمده، ابرام عبرانی را خبر داد. و او در بلوطستان ممری آموری که برادر اشکول و عانر بود، ساکن بود. وایشان با ابرام هم عهد بودند. ۱۳ 13
Ame siwo si la dometɔ ɖeka va ka nya la ta na Abram, Hebritɔ la, esime wònɔ asaɖa me le Mamre si nye Amoritɔ la ƒe ati gãwo te. Mamre nye Eskol kple Aner, ame siwo nɔ Abram dzi la nɔvi.
چون ابرام ازاسیری برادر خود آگاهی یافت، سیصد و هجده تن از خانه زادان کارآزموده خود را بیرون آورده، در عقب ایشان تا دان بتاخت. ۱۴ 14
Esi Abram se be woɖe aboyo Lot la, eƒo ƒu ame alafa etɔ̃ kple wuienyi siwo nye aʋawɔlawo la tso eƒe aƒe me, eye wòkplɔ aʋakɔ la ɖo va se ɖe Dan.
شبانگاه، او وملازمانش، بر ایشان فرقه فرقه شده، ایشان راشکست داده، تا به حوبه که به شمال دمشق واقع است، تعاقب نمودند. ۱۵ 15
Wodze aʋakɔ la dzi le zã ma me, eye wonya wo va se ɖe Hoba le Damasko ƒe anyiehe lɔƒo.
و همه اموال را بازگرفت، و برادر خود، لوط و اموال او را نیز با زنان و مردان باز آورد. ۱۶ 16
Abram xɔ futɔwo ƒe kesinɔnuwo, Lot kple eƒe kesinɔnuwo hekpe ɖe Lot ƒe nyɔnuwo kple ame bubu siwo katã wolé le aʋa la me la ŋu le futɔwo si.
و بعد از مراجعت وی از شکست دادن کدرلاعمر و ملوکی که با وی بودند، ملک سدوم تابه وادی شاوه، که وادی الملک باشد، به استقبال وی بیرون آمد. ۱۷ 17
Esi Abram trɔ gbɔna tso aʋa si wòho ɖe Kedolaoma kple fia bubuawo ŋu le Save balime (si wogayɔna be Fia ƒe Balime) la, Sodom fia va kpee,
و ملکیصدق، ملک سالیم، نان و شراب بیرون آورد. و او کاهن خدای تعالی بود، ۱۸ 18
eye Salem fia Melkizedek, ame si nye Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla la tsɔ abolo kple wain vɛ nɛ,
و او را مبارک خوانده، گفت: «مبارک باد ابرام ازجانب خدای تعالی، مالک آسمان و زمین. ۱۹ 19
eye wòyra Abram gblɔ be, “Mawu Dziƒoʋĩtɔ, dziƒo kple anyigba wɔla nayra Abram,
و متبارک باد خدای تعالی، که دشمنانت را به‌دستت تسلیم کرد.» و او را از هر چیز، ده‌یک داد. ۲۰ 20
eye woakafu Mawu Dziƒoʋĩtɔ la, ame si tsɔ wò futɔwo de asi na wò la.” Tete Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia nɛ.
و ملک سدوم به ابرام گفت: «مردم را به من واگذار و اموال را برای خود نگاه دار.» ۲۱ 21
Sodom fia gblɔ na Abram be, “Ɖe asi le nye ame siwo nèlé la ko ŋu nam, eye nàtsɔ kesinɔnu siwo nèha tso nye du me la faa.”
ابرام به ملک سدوم گفت: «دست خود را به یهوه خدای تعالی، مالک آسمان و زمین، برافراشتم، ۲۲ 22
Abram ɖo eŋu nɛ be, “Mele adzɔgbe ɖem na Yehowa, Mawu Dziƒoʋĩtɔ, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la
که ازاموال تو رشته‌ای یا دوال نعلینی بر نگیرم، مباداگویی “من ابرام را دولتمند ساختم”. ۲۳ 23
be nyemaxɔ ɖetika ɖeka gɔ̃ hã le asiwò o, ne menye nenema o la, àva gblɔ be, ‘Abram zu kesinɔtɔ le nu si menae la ta.’
مگر فقطآنچه جوانان خوردند و بهره عانر و اشکول وممری که همراه من رفتند، ایشان بهره خود رابردارند.» ۲۴ 24
Nu si maxɔ koe anye nu si ɖekakpui siawo ɖu. Ke tsɔ kesinɔnuawo ƒe akpa aɖe na Aner, Eskol kple Mamre, ame siwo kpe ɖe ŋunye le aʋa la wɔwɔ me.”

< پیدایش 14 >