< تثنیه 34 >

و موسی از عربات موآب، به کوه نبو، برقله فسجه که در مقابل اریحاست برآمد، و خداوند تمامی زمین را، از جلعاد تا دان، به او نشان داد. ۱ 1
Mose lia Nebo to la tso Moab tagba la le Yeriko kasa, eye wòyi Pisga to la tame. Yehowa na wòkpɔ Ŋugbedodonyigba la tso afi ma, tso Gilead va se ɖe Dan.
و تمامی نفتالی و زمین افرایم ومنسی و تمامی زمین یهودا را تا دریای مغربی. ۲ 2
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ Naftali, Efraim kple Manase ɖa le afii; kpɔ Yuda ɖa, ekeke tso afi mɛ yi ɖatɔ Domeƒu la.
وجنوب را و میدان دره اریحا را که شهر نخلستان است تا صوغر. ۳ 3
Kpɔ Negeb kple Yɔdan ƒe balime kple Yeriko, du si me detiwo bɔ ɖo kple Zoar ɖa.
و خداوند وی را گفت: «این است زمینی که برای ابراهیم و اسحاق و یعقوب قسم خورده، گفتم که این را به ذریت تو خواهم داد، تو را اجازت دادم که به چشم خود آن راببینی لیکن به آنجا عبور نخواهی کرد.» ۴ 4
“Esiae nye ŋugbedodonyigba la. Medo ŋugbe na Abraham, Isak kple Yakob be matsɔe ana woƒe dzidzimeviwo. Azɔ la, èkpɔe, gake maɖo afɔ edzi o.”
پس موسی بنده خداوند در آنجا به زمین موآب برحسب قول خداوند مرد. ۵ 5
Ale Mose, Yehowa ƒe dɔla la ku le Moabnyigba dzi abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.
و او را در زمین موآب در مقابل بیت فعور، در دره دفن کرد، واحدی قبر او را تا امروز ندانسته است. ۶ 6
Yehowa ɖii ɖe Moabnyigba dzi, le balime si dze ŋgɔ Bet Peor, gake va se ɖe egbe la, ame aɖeke menya afi si yɔdo la le o.
و موسی چون وفات یافت، صد و بیست سال داشت، و نه چشمش تار، و نه قوتش کم شده بود. ۷ 7
Mose xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve hafi ku, gake eƒe ŋkuwo gakpɔa nu nyuie, eye ŋusẽ nɔ eŋu.
وبنی‌اسرائیل برای موسی در عربات موآب سی روز ماتم گرفتند. پس روزهای ماتم و نوحه گری برای موسی سپری گشت. ۸ 8
Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃ le Moab tagba la va se ɖe esime funyiŋkekeawo wu nu.
و یوشع بن نون از روح حکمت مملو بود، چونکه موسی دستهای خود را بر او نهاده بود، وبنی‌اسرائیل او را اطاعت نمودند، و برحسب آنچه خداوند به موسی‌امر فرموده بود، عمل کردند. ۹ 9
Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu me, elabena Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eya ta Israelviwo ɖo toe, eye wowɔ ɖe se siwo katã Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi.
و نبی‌ای مثل موسی تا بحال در اسرائیل برنخاسته است که خداوند او را روبرو شناخته باشد. ۱۰ 10
Ke tso ɣe ma ɣi la, nyagblɔɖila aɖeke meganɔ anyi kpɔ le Israel abe Mose ene o, elabena Yehowa ƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume,
در جمیع آیات و معجزاتی که خداونداو را فرستاد تا آنها را در زمین مصر به فرعون و جمیع بندگانش و تمامی زمینش بنماید. ۱۱ 11
eye wòwɔ dzesi kple nukunu siwo katã Yehowa ɖoe ɖa be wòawɔ le Egiptenyigba dzi na Farao, na eƒe subɔlawo katã kple dukɔ blibo la,
و درتمامی دست قوی، و جمیع آن هیبت عظیم که موسی در نظر همه اسرائیل نمود. ۱۲ 12
elabena ame aɖeke meɖe ŋusẽ triakɔ sia fia alo wɔ nu dziŋɔ siwo Mose wɔ le Israel blibo la ŋkume kpɔ o.

< تثنیه 34 >