< تثنیه 21 >

اگر در زمینی که یهوه، خدایت، برای تصرفش به تو می‌دهد مقتولی درصحرا افتاده، پیدا شود و معلوم نباشد که قاتل اوکیست، ۱ 1
“Ne mieva ɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye wofɔ ame aɖe si wowu da ɖe gbe me la ƒe kukua, eye ame aɖeke mekpɔ ame si wui o la,
آنگاه مشایخ و داوران تو بیرون آمده، مسافت شهرهایی را که در اطراف مقتول است، بپیمایند. ۲ 2
ekema ele be miaƒe ametsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo nadzidze didime si le teƒea kple du siwo te ɖe teƒea ŋu la dome.
و اما شهری که نزدیک تر به مقتول است، مشایخ آن شهر گوساله رمه را که با آن خیش نزده، و یوغ به آن نبسته‌اند، بگیرند. ۳ 3
Mina du si te ɖe eŋu wu la ƒe ametsitsiwo natsɔ nyinɔe ɖeka si womede kɔkuti kɔ na kpɔ o la,
ومشایخ آن شهر آن گوساله را در وادی‌ای که آب در آن همیشه جاری باشد و در آن خیش نزده، وشخم نکرده باشند، فرود آورند، و آنجا در وادی، گردن گوساله را بشکنند. ۴ 4
ayi balime si tɔsisi aɖe to, eye womede agble ɖi kpɔ o. Woaŋe kɔ nyinɔe la le afi ma.
و بنی لاوی کهنه نزدیک بیایند، چونکه یهوه خدایت ایشان رابرگزیده است تا او را خدمت نمایند، و به نام خداوند برکت دهند، و برحسب قول ایشان هرمنازعه و هر آزاری فیصل پذیرد. ۵ 5
“Nunɔlawo, ame siwo Yehowa, wò Mawu la tia be woawɔ dɔ le yeƒe ŋkume, ayra amewo, adrɔ̃ ʋɔnu, eye woahe to na amewo la
و جمیع مشایخ آن شهری که نزدیک تر به مقتول است، دستهای خود را بر گوساله‌ای که گردنش در وادی شکسته شده است، بشویند. ۶ 6
nava klɔ asi ɖe nyinɔe la dzi,
و جواب داده، بگویند: «دستهای ما این خون را نریخته، وچشمان ما ندیده است. ۷ 7
eye wòagblɔ be, ‘Menye míaƒe asiwoe kɔ ʋu sia ɖi o, eye míekpɔ hlɔ̃ sia dodo teƒe hã o.
‌ای خداوند قوم خوداسرائیل را که فدیه داده‌ای بیامرز، و مگذار که خون بی‌گناه در میان قوم تو اسرائیل بماند.» پس خون برای ایشان عفو خواهد شد. ۸ 8
O! Yehowa, tsɔ nu vɔ̃ ke wò dukɔ Israel, si wò ŋutɔ nèɖe, eye mègada ame maɖifɔ sia wuwu ɖe dukɔ la dzi o. Tsɔ ame sia ƒe ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ ke mí.’
پس خون بی‌گناه را از میان خود رفع کرده‌ای هنگامی که آنچه در نظر خداوند راست است به عمل آورده‌ای. ۹ 9
Ale nàɖe fɔɖiɖi sia ɖa le mia dome to Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ me.”
چون بیرون روی تا با دشمنان خود جنگ کنی، و یهوه خدایت ایشان را به‌دستت تسلیم نماید و ایشان را اسیر کنی، ۱۰ 10
“Ne èyi aʋa, eye Yehowa, wò Mawu la na nèɖu futɔwo dzi,
و در میان اسیران زن خوب صورتی دیده، عاشق او بشوی وبخواهی او را به زنی خود بگیری، ۱۱ 11
eye ne èkpɔ ɖetugbi dzetugbe aɖe le aʋaléleawo dome la,
پس او را به خانه خود ببر و او سر خود را بتراشد و ناخن خودرا بگیرد. ۱۲ 12
kplɔe yi wò aƒe me. Ele be wòaƒlɔ ta, aɖe fe,
و رخت اسیری خود را بیرون کرده، در خانه تو بماند، و برای پدر و مادر خود یک ماه ماتم گیرد، و بعد از آن به او درآمده، شوهر او بشوو او زن تو خواهد بود. ۱۳ 13
aɖe avɔ si wòta hafi wolée la da ɖi, ata avɔ bubu, eye wòanɔ wò aƒe me, afa fofoa kple dadaa ɣleti ɖeka blibo. Le esia megbe la, àte ŋu aɖee.
و اگر از وی راضی نباشی او را به خواهش دلش رها کن، لیکن او را به نقره هرگز مفروش و به او سختی مکن چونکه اورا ذلیل کرده‌ای. ۱۴ 14
Ke ne èɖee vɔ hafi va kpɔ be meganyo na ye o la, ele be nàna ablɔɖee. Mègadzrae o, eye mègawɔe wò ŋutɔ wò kluvi hã o, elabena ède asi eŋu xoxo.”
و اگر مردی را دو زن باشد یکی محبوبه ویکی مکروهه، و محبوبه و مکروهه هر دو برایش پسران بزایند، و پسر مکروهه نخست زاده باشد، ۱۵ 15
“Ne srɔ̃ eve le ŋutsu aɖe si, ŋutsua lɔ̃ srɔ̃a ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, evɔ nyɔnu eveawo katã dzi vi nɛ, eye Via ŋutsu tsitsitɔ dadae nye srɔ̃a si ŋutsu la melɔ̃ o la,
پس در روزی که اموال خود را به پسران خویش تقسیم نماید، نمی تواند پسر محبوبه را برپسر مکروهه که نخست زاده است، حق نخست زادگی دهد. ۱۶ 16
mele be ŋutsu la nana domenyinu Via ŋutsu ɖevitɔ, ame si dada wòlɔ̃ la wòasɔ gbɔ wu Via ŋutsu tsitsitɔ, ame si dadaa melɔ̃ o la tɔ o.
بلکه حصه‌ای مضاعف ازجمیع اموال خود را به پسر مکروهه داده، او رانخست زاده خویش اقرار نماید، زیرا که او ابتدای قوت اوست و حق نخست زادگی از آن اومی باشد. ۱۷ 17
Ele na ŋutsu la be wòawɔ dukɔa ƒe sea dzi, eye wòatsɔ Via ŋutsu suetɔ ƒe domenyinu ƒe teƒe eve ana Via ŋutsu tsitsitɔ, elabena eyae nye eƒe ŋusẽ ƒe gɔmetoto, eye etɔe nye ŋgɔgbevinyenye ƒe viɖewo katã, togbɔ be eyae nye srɔ̃ si fofoa melɔ̃ o la ƒe ŋutsuvi gbãtɔ hã.”
اگر کسی را پسری سرکش و فتنه انگیزباشد، که سخن پدر و سخن مادر خود را گوش ندهد، و هر‌چند او را تادیب نمایند ایشان رانشنود، ۱۸ 18
“Ne viŋutsu sẽto, dzeaglã aɖe le ŋutsu aɖe si, meɖoa to fofoa kple dadaa o, togbɔ be wohea to nɛ hafi hã la,
پدر و مادرش او را گرفته، نزد مشایخ شهرش به دروازه محله‌اش بیاورند. ۱۹ 19
ekema fofoa kple dadaa nakplɔe ayi dumemetsitsiawo gbɔ,
و به مشایخ شهرش گویند: «این پسر ما سرکش وفتنه انگیز است، سخن ما را نمی شنود و مسرف ومیگسار است.» ۲۰ 20
agblɔ be, ‘Mía viŋutsu sia sẽa to, dzea aglã, eye mewɔa míaƒe gbe dzi o; gawu la, enye ame vlo kple ahanomunɔ.’
پس جمیع اهل شهرش او را به سنگ سنگسار کنند تا بمیرد، پس بدی را از میان خود دور کرده‌ای و تمامی اسرائیل چون بشنوند، خواهند ترسید. ۲۱ 21
Ekema dua me tɔwo aƒu kpee wòaku. Ne miewɔ alea la, miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome, eye Israel ɖekakpuiwo katã ase nya si dzɔ eye vɔvɔ̃ aɖo wo.
و اگر کسی گناهی را که مستلزم موت است، کرده باشد و کشته شود، و او را به دارکشیده باشی، ۲۲ 22
“Ne ame aɖe wɔ nu si dze na ku, eye wode ka ve nɛ la,
بدنش در شب بر دار نماند. او راالبته در همان روز دفن کن، زیرا آنکه بر دارآویخته شود ملعون خدا است تا زمینی را که یهوه، خدایت، تو را به ملکیت می‌دهد، نجس نسازی. ۲۳ 23
mele be eƒe ŋutilã kukua natsi kadeveti la ŋuti ŋu nake o. Ele be woaɖii gbe ma gbe ke, elabena Mawu ƒo fi de ame sia ame si woatsi ɖe ati ŋuti. Mègagblẽ kɔ ɖo na anyigba si Yehowa, wò Mawu la na wò la o.”

< تثنیه 21 >