< اول تواریخ 5 >

و پسران رؤبين نخست زاده اسرائيل اينانند: (زيرا که او نخست زاده بود و اما به سبب بي عصمت ساختن بستر پدرخويش، حق نخست زادگي او به پسران يوسف بن اسرائيل داده شد. از اين جهت نسب نامه او بر حسب نخست زادگي ثبت نشده بود. ۱ 1
Esiawoe nye Ruben ƒe viŋutsuwo. Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Togbɔ be eyae nye ŋgɔgbevi hã la, eƒo ɖi fofoa ƒe srɔ̃ɖeba eya ta woxɔ ŋgɔgbevinyenye la le esi tsɔ na Israel ƒe vi, Yosef ƒe viŋutsuwo. Esia tae womeŋlɔ eƒe ŋkɔ be eyae nye ŋgɔgbevi le dzidzimegbalẽ la me abe ale si wòle be wòanɔ ene o.
زيرا يهُودا بر برادران خود برتري يافت و پادشاه از او بود؛ اما نخست زادگي از آن يوسف بود). ۲ 2
Togbɔ be Yosef va zu ŋgɔgbevi hã la, Yuda va nye hlɔ̃ sesẽ, xɔŋkɔ aɖe le Israel eye Yuda mee fiavi aɖe do tso.
پس پسران رؤبين نخست زاده اسرائيل: حَنوک و فَلُّو و حَصرون و کَرمي. ۳ 3
Ruben ƒe viwoe nye: Hanok, Palu, Hezron kple Karmi.
و پسران يوئيل: پسرش شَمَعيا و پسرش جوج و پسرش شِمعِي؛ ۴ 4
Yoel ƒe viwoe nye, Semaya, ame si dzi Gog, ame si dzi Simei.
و پسرش ميکا و پسرش رَآيا و پسرش بَعل؛ ۵ 5
Simei ƒe vie nye Mika, ame si dzi Reaia, ame si dzi Baal.
و پسرش بَئيرَه که تِلغَت فِلناسَر پادشاه اَشُّور او را به اسيري بُرد و او رئيس رؤبينيان بود. ۶ 6
Baal ƒe vie nye Beera, ame si nye fiavi tso Ruben ƒe viwo dome. Asiria fia Tilgat Pilneser ɖe aboyoe.
و برادرانش بر حسب قبايل ايشان وقتي که نسب نامه مواليد ايشان ثبت گرديد، مقدم ايشان يعِيئيل بود و زَکريا، ۷ 7
Woƒe ƒometɔwo le woƒe hlɔ̃wo nu abe ale si wode wo dzidzimegbalẽ la me la, le ale: Yeiel, fia la kple Zekaria
و بالع بن عَزاز بن شامع بن يوئيل که در عَرُوعير تانَبُو و بَعل مَعُون ساکن بود، ۸ 8
kple Bela, Azaz ƒe viŋutsu, Sema ƒe viŋutsu kple Yoel ƒe viŋutsu. Wonɔ teƒe si tso Aroer yi Nebo kple Baal Meon.
و به طرف مشرق تا مدخل بيابان از نهر فرات سکنا گرفت، زيرا که مواشي ايشان در زمين جِلعاد زياده شد. ۹ 9
Yoel nye lãnyila; enyi woƒe lãwo le gbegbe la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo heyi ɖe Frat tɔsisi la gbɔ elabena nyi geɖewo nɔ Gileadnyigba dzi.
و در ايام شاؤل ايشان با حاجريان جنگ کردند و آنها به دست ايشان افتادند و در خيمه هاي آنها در تمامي اطراف شرقي جِلعاد ساکن شدند. ۱۰ 10
Le Fia Saul ƒe fiaɖuɣi la, Ruben ƒe viwo ɖu Hagritɔwo dzi eye woge ɖe woƒe agbadɔwo me le Gilead ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi.
و بني جاد در مقابل ايشان در زمين باشان تا سَلخَه ساکن بودند. ۱۱ 11
Gad ƒe dzidzimeviwo nɔ woƒe kasa le anyigba si tso Basan yi keke Saleka:
و مقدّم ايشان يوئيل بود و دومين شافام و يعناي و شافاط در باشان(ساکن بود). ۱۲ 12
Yoel nye wo dometɔ xɔŋkɔtɔ eye Safam, Yanai kple Safat kplɔe ɖo.
و برادران ايشان بر حسب خانه هاي آباي ايشان، ميکائيل و مَشُلام و شَبَع و يوراي و يعکان و زِيع و عابَر که هفت نفر باشند. ۱۳ 13
Woƒe ƒometɔ siwo nye hlɔ̃ adreawo ƒe amegãwo la woe nye, Mikael, Mesulam, Seba, Yorai, Yakan, Zia kple Eber.
اينانند پسران اَبيحايل بن حوري ابن ياروح بن جِلعاد بن ميکائيل بن يشيشاي بن يحدُو ابن بوز. ۱۴ 14
Buz ƒe dzidzimeviwo le woƒe tsitsi nu le ale: Yahdo, Yesisai. Mikael, Gilead, Yarao, Huri kple Abihail.
اَخي ابن عَبديئيل بن جوني رئيس خاندان آباي ايشان. ۱۵ 15
Guni ƒe vi, Abdiel ƒe vi, Ahi nye hlɔ̃ la ƒe kplɔla.
و ايشان در جِلعادِ باشان و قريه هايش و در تمامي نواحي شارون تا حدود آنها ساکن بودند. ۱۶ 16
Hlɔ̃ la nɔ Gilead, Basan kple wo ŋu duwo me kpakple Saron ƒe lãnyiƒe nutowo katã me va se ɖe eƒe mlɔenu.
نسب نامه جميع اينها در ايام يوتام پادشاه يهودا و در ايام يرُبعام پادشاه اسرائيل ثبت گرديد. ۱۷ 17
Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖe dzidzimegbalẽ la me le Yuda fia Yotam kple Israel fia Yeroboam ƒe fiaɖuɣi.
از بني رؤبين و جاديان و نصف سبط مَنَّسي شجاعان و مرداني که سپر شمشير برمي داشتند و تيراندازان و جنگ آزمودگان که به جنگ بيرون مي رفتند، چهل و هزار و هفت صد و شصت نفر بودند. ۱۸ 18
Asrafo akpe blaene-vɔ-ene alafa adre blaade, ame siwo si aʋawɔnuwo nɔ, wohe wo nyuie eye wonye kalẽtɔwo la nɔ Ruben, Gad kple Manase ƒe to la ƒe afã ƒe aʋakɔ me.
و ايشان با حاجريان و يطُور و نافيش و نوداب مقاتله نمودند. ۱۹ 19
Woho aʋa ɖe Hagritɔwo, Yeturitɔwo, Nafisitɔwo kple Nodabitɔwo ŋu.
و بر ايشان نصرت يافتند و حاجريان و جميع رفقاي آنها به دست ايشان تسليم شدند زيرا که در حين جنگ نزد خدا استغاثه نمودند و او ايشان را چونکه بر او توکل نمودند، اجابت فرمود. ۲۰ 20
Wodo gbe ɖa na Mawu, bia eƒe kpekpeɖeŋu eye wòkpe ɖe wo ŋu le woƒe ŋuɖoɖo ɖe eŋu ta. Ale woɖu Hagritɔwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo dzi.
پس از مواشي ايشان، پنجاه هزار شتر و دويست و پنجاه هزار گوسفند و دو هزار الاغ و صد هزار مرد به تاراج بردند. ۲۱ 21
Woƒe afunyinuwo nye kposɔ akpe blaatɔ̃, alẽ akpe alafa eve blaatɔ̃, tedzi akpe eve kple ame akpe alafa ɖeka.
زيرا چونکه جنگ از جانب خدا بود، بسياري مقتول گرديدند. پس ايشان به جاي آنها تا زمان اسيري ساکن شدند. ۲۲ 22
Woƒe futɔ geɖewo ku le aʋa la me elabena Mawu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ale Ruben ƒe dzidzimeviwo nɔ Hagritɔwo ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigba dzi va se ɖe esime woɖe aboyo wo.
و پسران نصف سبط مَنَّسي در آن زمين ساکن شده، از باشان تا بَعل حَرمون و سَنير و جَبَل حَرمون زياد شدند. ۲۳ 23
Manase ƒe to ƒe afã kaka ɖe anyigba si tso Basan yi Baal Hermon, Senir kple Hermon to la ŋu. Woawo hã sɔ gbɔ ŋutɔ.
و اينانند رؤساي خاندان آباي ايشان عافَر و يشعِي و اَليئيل وعَزريئيل و اِرميا و هُودَويا يحدييئل که مردان تنومند شجاع و ناموران و رؤساي خاندان آباي ايشان بودند. ۲۴ 24
Woƒe hlɔ̃wo ƒe fiawoe nye Efer, Isi, Eliel, Azriel, Yeremia, Hodavia kple Yahdiel. Wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ abe aʋawɔla kple kplɔla ene.
اما به خداي پدران خود خيانت ورزيده، در پي خدايان قومهاي آن زمين که خدا آنها را به حضور ايشان هلاک کرده بود، زنا کردند. ۲۵ 25
Ke womesubɔ wo fofowo ƒe Mawu la o, ke boŋ wosubɔ ame siwo Mawu tsrɔ̃ la ƒe legbawo.
پس خداي اسرائيل روح فُول پادشاه اَشُّور و روح تِلغَت فِلناسَر پادشاه اَشُّور را برانگيخت که رؤبينيان و جاديان و نصف سبط مَنَّسي را اسير کرده، ايشان را به حَلَح و خابور و هارا و نهر جوزان تا امروز بُرد. ۲۶ 26
Esia ta Israel ƒe Mawu na Asiria fia Pul (ame si wogayɔna be Fia Tilgat Pilneser Etɔ̃lia la), ho aʋa ɖe wo ŋu eye wòɖe aboyo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe hlɔ̃ afã me tɔwo. Wokplɔ wo yi Hala, Habor, Hara kple Gozan tɔsisi la to, afi si wole va se ɖe egbe.

< اول تواریخ 5 >